INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mizu Mawu Srɔ̃lawo” Le Ŋusẽ Zazã Me
    Te Ðe Yehowa Ŋu
    • 10. (a) Ŋusẽ kae Mawu tsɔ de dzilawo si? (b) Gɔmesese kae le nya “amehehe” ŋu, eye mɔ ka nue wòle be woanae le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

      10 Mawu na ŋusẽ dzilawo hã ɖe wo viwo dzi. Biblia xlɔ̃ nu be: “Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.” (Efesotɔwo 6:4) Le Biblia me la, “amehehe” ate ŋu afia “amenyinyi, hehenana, nufiafia.” Ehiã be woana hehe ɖeviwo; agbe dzea edzi na wo ne wona mɔfiame nyui siwo me kɔ la wo, eye wona seɖoƒe hã wo. Biblia yɔ hehenana, alo nufiafia, sia wòku ɖe lɔlɔ̃ ŋu. (Lododowo 13:24) Eya ta mele be woazã ‘ameƒoti’ (alo ‘amehehe ƒe ati’) ɖe ame ŋu ŋutasesẽtɔe—le seselelãme alo ŋutilã me—gbeɖe o.a (Lododowo 22:15, etenuŋɔŋlɔ; 29:15) Hehenana si me sẽ alo esi me ŋutasesẽ le, si me lɔlɔ̃ mele o la, nye dzilawo ƒe ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu eye ate ŋu ana ɖevia ƒe dzi nagbã. (Kolosetɔwo 3:21) Gake hehenana si da sɔ si wona le mɔ nyuitɔ nu ana ɖeviawo nakpɔe be yewo dzilawo lɔ̃ yewo eye wotsɔ ɖe le agbe si ƒomevi nɔm yewole la me.

  • “Mizu Mawu Srɔ̃lawo” Le Ŋusẽ Zazã Me
    Te Ðe Yehowa Ŋu
    • a Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Hebrigbe me nya si wozã na ‘ameƒoti’ agate ŋu afia “atikplɔ” alo atizɔti, abe esi alẽkplɔlawo zãna tsɔ fiaa mɔ alẽwoe ene. (Psalmo 23:4) Nenema kee ‘ameƒoti’ si dzilawo kpɔ ŋusẽ azã la fia mɔfiame nana si me lɔlɔ̃ le, ke menye tohehe sesẽ alo esi me ŋutasesẽ le o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe