Biblia Ƒe Nukpɔsusu
“Ameƒoti La”—Tsigãdzinu Yea?
“Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.”—Lododowo 22:15.
“Ameƒoƒo ɖesiaɖe gblẽa nu le ame ƒe seselelãme ŋu eye mele be woada asi ɖe edzi o.”—Dzila Siwo ƒe Ŋkɔwo Womeyɔ o.
“AMEƑOTI” si Biblia yɔ la hea nyaʋiʋli vevie vɛ. Gɔmesese le esia ŋu, elabena ƒe sia ƒe la ɖevi akpe geɖe kuna abe nusi dona tsoa alesi wo dzila ƒo woe me tẽ ene. Ðewohĩ esia tae Biblia me ɖegbalẽ aɖe gblɔ be Biblia la ƒe asidada ɖe ameƒoƒo dzi nye “nukpɔsusu si wotrɔ wòsɔ ɖe amewo ƒe dekɔnuwo nu” dzro ko.
Gake menye dekɔnu ƒe nukpɔsusuwoe ʋã ame woŋlɔ Biblia la o—Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã ame woŋlɔe. (Timoteo II, 3:16) Ðe nunya mele eƒe nya siwo wògblɔ le “ameƒoti” ŋu me oa? Ele vevie be míadzro nusi “ameƒoti” fia la me. Le kpɔɖeŋu me: Womate ŋu ase dɔwɔnu aɖe ŋutinu siwo wokaka ɖekaɖekae ƒe dɔwɔna gɔme gobii o. Gake ne wofɔ ŋutinuawo katã kpe koe woate ŋu akpɔ eƒe wɔwɔme bliboa adze sii. Nenema ke “ameƒoti la” nye dɔwɔnua ƒe ŋutinuwo dometɔ ɖeka ko. Be míase “ameƒoti la” gɔme bliboe la, ele be míatsɔe aku ɖe Biblia me gɔmeɖose bubu siwo do ƒome kple tohehe la ŋu.
Nukpɔsusu si Da Sɔ
Ameƒoƒo ko dzie Biblia la da asi ɖoa? De ŋugble le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ŋu:
• “Mègaƒo nya ɖe viwòwo nu be woado dziku o.”
• “Mègaɖɔ viwòwo ɖo wòagbɔ eme akpa o, ne menye nenema o la, àɖe dzi le wo ƒo keŋkeŋ.”
Ame aɖewo agblɔ be, ‘Nunya geɖe le esia me wu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa.’ Gake Bibliae ɖo aɖaŋu sia. Woŋlɔe ɖe Efesotɔwo 6:4 (The New Jerusalem Bible) kple Kolosetɔwo 3:21 (Phillips) me.
Ẽ, nunya le Biblia ƒe nukpɔsusu ŋu. Elɔ̃ ɖe edzi be menye ameƒoƒoe nye nufiamɔnu si wɔa dɔ nyuie wu ɣesiaɣi o. Lododowo 8:33 gblɔ be ‘ɖo to amehehe’ ke menye be ‘Woase le ame ɖokui me be wohe to na ye’ o. Eye Lododowo 17:10 ɖee fia be “nyaheɖeameŋu dea tame na nugɔmeselawo wu naƒo bometsilawo zi alafa ɖeka.” Hekpe ɖe eŋu la, Mose V, 11:19 kafu amehehe si woatsɔ axe mɔe na ame eye woawɔ ɣeyiɣi siwo womele mɔ kpɔm na o ŋudɔ atsɔ aƒã agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ɖe ame ƒe viwo me. Eyata alesi Biblia la bua tohehee la da sɔ.
Ke “Ati la” Ya Ðe?
Ke hã la Biblia la ƒo nu tso “ati” si woatsɔ aƒo amee ŋu. (Lododowo 13:24; 22:15; 23:13, 14; 29:15) Aleke woase esia gɔmee?
Woɖe nya si nye “ati” la gɔme tso Hebrigbe me nya sheʹvet me. Le Hebritɔwo gome la, sheʹvet gɔmee nye ati alo atikplɔ, abe esi alẽkplɔla zãna ene. Le gɔmesese sia nu la, ŋusẽti la fia mɔfiafia si me lɔlɔ̃ le, ke menye ŋutasesẽ si me adã le o.—Psalmo 23:4.
Wozãa sheʹvet le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Biblia me tsɔna fiaa ŋusẽ. (Samuel II, 7:14; Yesaya 14:5) Ne wozã “ati la” na dzilawo ƒe ŋusẽ la, menye ameƒoƒo ɖeɖekoe wòfia o. Elɔ amehehe ƒomevi ɖesiaɖe, esi manye ameƒoƒo ɣesiaɣi o la ɖe eme. Eye ne wozã ameƒoƒo la, zi geɖe la le esi mɔnu bubu siwo wozã la medze edzi o tae. Lododowo 22:15 gblɔ be bometsitsi “bla” (“da seke,” NJB; “xɔ aƒe” The New English Bible) ɖe amesi ƒom wole ƒe dzi ŋu. Menye ɖevi ƒe ɖekematsɔleme dzro koe wòlɔ ɖe eme o.
Aleke Wòle Be Woahe To na Amee?
Wozãa lɔlɔ̃ kple dɔmefafa enuenu kpena ɖe amehehe ŋu le Biblia la me, ke womezãa dziku kple ŋutasesẽ kpena ɖe eŋu o. Ele be aɖaŋuɖola si bi la nanye “amesi nyoa dɔme na amewo katã, . . . amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia ɖe mawunya ŋu.”—Timoteo II, 2:24, 25.
Eyata tohehe menye mɔ si dzi dzila ato aɖe eƒe dziku ado goe o. Ke boŋ enye nufiamɔnu. Le esia ta la, ele be wòafia nu ɖevi si da vo la. Ne wotsɔ dziku he to na amee la, nu gbegblẽ boŋ ye wòfiana. Efaa dzila ƒe dziku nu, ke menye na ɖevia ya o.
Hekpe ɖe eŋu la, seɖoƒewo le amehehe nyui ŋu. Yehowa gblɔ na eƒe dukɔ le Yeremya 46:28 be: “Mahe to na wò ɖe ɖoɖo [si dze] la nu.” Esia hiã vevie be woaɖo ŋku edzi ne wole ame ƒom. Nu tsɔtsɔ aƒo ɖevi alo aʋuʋui ate ŋu agblẽ nu le eƒe ahɔhɔ̃ ŋu alo woawui.a Dɔ si wodi be tameɖoɖo si le tohehe ŋu nawɔ —esi nye be woaɖɔ ame ɖo ahafia nu ame—ŋu gbɔgbɔ ate ŋu atrɔ azu ŋutasesẽ le ɖevi ŋu.b
Biblia la Medea Ŋutasesẽ ƒe Dzi Ƒo O
Hafi Yehowa nahe to na eƒe dukɔ la, egblɔ be: “Mègavɔ̃ o; elabena meli kpli wò.” (Yeremya 46:28) Mele be tohehe nana ɖevia nase le eɖokui me be wometsɔ ɖeke le ye me o. Ke boŋ ele be ɖevia nase le eɖokui me be ye dzila la ‘li kpli ye’ abe dzideƒoname si me lɔlɔ̃ kple kpekpeɖeŋu le ene. Ne ehiã be woahe to na ɖevi la, ele be wòase nusitae la gɔme. Lododowo 29:15 gblɔ be: “Ati kple mokaname dzea nunya ame.”
Enye nu wɔnublanui be egbea la ame geɖe zãa “ati” si nye dzilawo ƒe ŋusẽ la ɖe mɔ gbegblẽ nu. Gake womate ŋu akpɔ vodada le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo da sɔ la ŋu o. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 32:5.) Ne míede ŋugble le nusi “ati la” lɔ ɖe eme ŋu la, míakpɔ be nue wòfiaa ɖeviwo, ke mesẽa ŋuta le wo ŋu o. Abe alesi wòle le nu bubuwo gomee ene la, Biblia la “nyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.”—Timoteo II, 3:16.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Agbalẽ si nye Outgrowing the Pain: A Book for and About Adults Abused as Children xlɔ̃ nu be: “Ameƒoƒo ate ŋu ava zu ŋutasesẽ le ɖevi ŋu ne wowɔe le mɔ si gbɔ eme nu, eye wozã ŋusẽ geɖe si de abi ame ŋu. Nuwo tsɔtsɔ aƒo ame, ameƒoƒo kple kɔ, ɖevi suewo ƒoƒo, kple teƒe siwo nu dzena bɔbɔe (mo, ta, dɔme, dzime, vidzinuwo) ƒoƒo ate ŋu adzi nusi ava zu ɖeviƒoƒo ɖe edzi eye wòazu ŋutasesẽ le ɖevi ŋu.”
b Agbalẽ si nye Father Power si Ðk. Henry Biller kple Dennis Meredith woŋlɔ la de dzesii be: “Ðeko wòhiã be tufafa nadze le ameƒoƒo me be wòawɔ dɔ nyui. Ne etso ame aɖe si ɖevia nya eye wònye amesi wònya be elɔ̃ ye gbɔ la, dɔ si wòawɔ ɖe edzi la asu be wòana ɖevia nabu tame le nusi wòwɔ la ŋuti.”
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]
The Bettmann Archive