TA 19
Ðe Wònyo Be Woada Kɔa?
ÈDZE si ŋutsuvi alo nyɔnuvi aɖewo siwo dina be yewoawɔ akpasesẽnua?— Edzɔa dzi na wò be nànɔ wo domea? Alo ɖe nàdi be yeanɔ amesi lɔ̃a ame eye wòdina be yeanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me gbɔa?— Nufiala Gã la gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye ŋutifafamewo, elabena woawoe woayɔ be “Mawu ƒe viwo.”’—Mateo 5:9.
Gake ɣeaɖewoɣi amewo wɔa nusiwo doa dziku na mí. Ðe esia mele eme oa?— Eyata ate ŋu awɔ na mí be míawɔ wɔɖenui. Gbeɖeka Yesu ƒe nusrɔ̃lawo see le wo ɖokui me nenema esime woa kple Yesu wonɔ mɔ zɔm yina ɖe Yerusalem. Na magblɔ nusi dzɔ la na wò.
Esi wonɔ mɔa dzi yina va ɖo teƒe aɖe la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ʋɛ aɖewo be woayi ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖe si nɔ ŋgɔ me eye woava di teƒe si woatsi adɔ. Gake afima tɔwo medi be woava tsi yewo gbɔ o, esi woawo siwo nye Samariatɔwo ƒe subɔsubɔ to vovo na wo tɔ ta. Eye womelɔ̃a amesiwo tso eme va yina be woaɖasubɔ le Yerusalem ƒe nya o.
Nukae Yakobo kple Yohanes di be yewoawɔ atsɔ aɖo eteƒe na Samariatɔwo?
Ne wò ŋue wowɔ nu ɖo nenema ɖe, anye ne nukae nàwɔ? Ðe wòado dziku na wòa? Ðe nàdi be yeawɔ nane atsɔ aɖo eteƒe na woa?— Esiae nusrɔ̃la Yakobo kple Yohanes di be yewoawɔ. Wogblɔ na Yesu be: “Èlɔ̃ bena, míana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo mahã?” Mewɔ nuku o be Yesu tsɔ ŋkɔ na wo be Dziɖegbeviwo! Gake Yesu gblɔ na wo be menyo be woawɔ nu ɖe amewo ŋu nenema o.—Luka 9:51-56; Marko 3:17.
Nyateƒee wònye be amewo awɔ ŋutasẽnuwo ɖe mía ŋu ɣeaɖewoɣi. Ðevi aɖewo madi be míanɔ yewo dome afe o. Woate ŋu agblɔ gɔ̃ hã be: “Te ɖa le afisia, míele diwòm le mía dome o.” Ne wowɔ nu ɖe mía ŋu alea la, ɖe mave mí oa? Ate ŋu awɔ na mí be míawɔ nane atsɔ aɖo eteƒe na wo. Gake ɖe wòle be míawɔ nu nenema?—
Nukata màtsɔ wò Biblia míakpɔ nya aɖe ɖa o? Na míaʋu Lododowo ta 24, kpukpui 29. Afima xlẽ be: “Mègagblɔ be: ‘Alesi wòwɔm la, nenema mawɔe, eye maɖo eteƒe na ame le eƒe nuwɔwɔ nu’ o!”
Aleke nèse nya mawo gɔmee?— Ele gbɔgblɔm be mele be míadi be míawɔ wɔɖenui o. Mele be míawɔ vɔ̃ ɖe ame ŋu le esi eya hã wɔe ɖe mía ŋu ta o. Gake ne ame aɖe di ge le ŋuwò ɖe? Ðewohĩ anɔ dzuŋkɔwo yɔm na wò be yeatsɔ ado dziku na wò. Anɔ kowòm eye wòagblɔ be èle vɔvɔ̃m na ye. Tsɔe be egblɔ be vɔvɔ̃nɔtɔe nènye. Nukae nàwɔ? Ðe wòle be nàwɔ dzre kplii alo ada kɔ kpliia?—
Na míagakpɔ nusi Biblia gblɔ la ɖa. Ʋu Mateo ta 5, kpukpui 39. Yesu gblɔ le afima be: “Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekemɛ hã nɛ.” Èsusu be Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Ðe wòfia be ne ame aɖe tu kɔ wò tome la, nàtrɔ akpa evelia hã ne wòagatui akea?—
Ao, menye esia fiam Yesu le kura o. Be woaƒo tome na ame to vovo na woatu kɔ ame. Ede sɔsɔ ge kple alesi woatutu ame alo be woatu asi alo abɔ ame. Ame aɖe ate ŋu aƒo tome na mí be yeatsɔ ado dzre na mí. Edi be míado dziku. Ne míedo dziku eye míawo hã míetu asii la, nukae adzɔ?— Ðewohĩ atrɔ azu kɔ míada.
Gake Yesu medi be ye yomedzelawo nada kɔ o. Eyata egblɔ be ne ame aɖe ƒo tome na mí la, mele be míawo hã míaƒo tome nɛ o. Mele be míado dziku ada kɔ kplii o. Ne míewɔ ema la, ke afia be ɖeko míaƒe nɔnɔme sɔ kple amesi di ge le mía ŋu la tɔ.
Ne masɔmasɔ aɖe le mo dom ɖa la, nukae nèsusu be enye nu nyuitɔ si nàwɔ?— Eyae nye be nàdzo le afima. Amea ate ŋu agatutu wò alo atu asi wò eye wòagawɔe ake. Gake anɔ eme be afima koe wòase ɖo. Ne èdzo le egbɔ mède nu eme nɛ o la, mefia be esi mèsesẽ o tae o. Ke boŋ efia be nèsesẽ le nu nyui wɔwɔ me.
Nukae wòle be míawɔ ne ame aɖe di be yeado dzre na mí?
Gake tsɔe be mia kplii miewɔ avu eye nèƒoe ɖe? Nukae ate ŋu adzɔ ɖe esia yome?— Amesi nèƒo ate ŋu ayi aɖayɔ exɔlɔ̃ aɖewo akpe ɖe eɖokui ŋu atrɔ agbɔ. Woate ŋu atsɔ ati gã aɖe alo atsɔ hɛ awɔ nuvevi wòe. Eyata fifia èkpɔ nusita Yesu medi be míada kɔ oa?—
Nukae wòle be míawɔ ne míekpɔ ame bubuwo wole kɔ dam? Ðe wòle be míade wo dometɔ aɖe dzia?— Biblia gblɔ nu nyuitɔ na mí. Ʋu Lododowo ta 26, kpukpui 17. Egblɔ be: ‘Amesi dzre metsɔ egbɔ nya o, hafi wòku dzi nɛ la, elé to na avu, si tso me yina.’
Aleke mía ɖokui tsɔtsɔ de ame bubuwo ƒe dzre me le abe toléle na avu ene? Woate ŋu awɔ nuvevi wò, eyata mègatsɔ ɖokuiwò va de eme o!
Nukae adzɔ ne èlé to na avu? Ave avua, eye wòadi be yeaɖu wò, alo? Zi alesi avua anɔ ʋiʋlim be yeado le asiwò la, zi nenemae wòahiã be nàlé eƒe to sesĩe, eye zi nenemae avua anɔ adã wɔmee ɖe edzi. Ne èva ɖe asi le eŋu mlɔeba la, ate ŋu aɖu wò vevie. Gake ɖe nàte ŋu atsi tre ɖi alé eƒe to ɖe asi tegbeea?—
Emae nye afɔku si me míage ɖo ne míetsɔ mía ɖokui va de ame bubuwo ƒe dzre me. Anɔ eme be míenya amesi di gea o alo nusita wole kɔa dam ɖo o. Ate ŋu anye be wole ame ɖeka ƒom, gake ɖewohĩ ame kemɛa ƒe nanee wòfi. Ne míeva kpe ɖe eŋu la, ke míele kpekpem ɖe fiafitɔ ŋu. Ema manye nu nyui o ɖe, alo?
Eyata nukae wòle be nàwɔ ne èkpɔ wole kɔ dam?— Ne suku ye wole kɔa dam le la, ke àte ŋu aƒu du ava gblɔe na nufiala. Ne menye suku ye o la, ke àte ŋu ayɔ papa alo dada alo ayɔ polis. Ẽ, ne ame bubuwo di be yewoada kɔ gɔ̃ hã la, ele be míawo ya míanye ŋutifafamewo.
Nukae wòle be nàwɔ ne èkpɔ amewo wole kɔ dam?
Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo wɔa nusianu si woate ŋui be woaƒo asa na kɔdada. Le mɔ sia nu la, míeɖenɛ fiana be míesesẽ le nu nyui wɔwɔ me. Biblia gblɔ be ele na Yesu ƒe nusrɔ̃la be ‘wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi fa tu na amesiame.’—Timoteo II, 2:24.
Azɔ na míagakpɔ nuxlɔ̃ame nyui bubu siwo akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na kɔdada ɖa: Romatɔwo 12:17-21 kple Petro I, 3:10, 11.