-
Taɖodzinu si Le Amehehe Ŋu GɔmeseseGbetakpɔxɔ—2003 | October 1
-
-
Ke hã Biblia ya ƒo nu tso amehehe ŋu le mɔ si to vovo nu. Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Vinye, megagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o.” (Lododowo 3:11) Nya sia mefia amehehe gbadzaa aɖe ko o, ke boŋ efia “Yehowa ƒe amehehe,” si nye amehehe si wotu ɖe Mawu ƒe gɔmeɖose kɔkɔwo dzi. Amehehe sia tɔgbe koe tua ame ɖo le gbɔgbɔ me heɖea vi na ame—henyoa ame ŋu gɔ̃ hã. To vovo na esia la, amehehe si wotu ɖe amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu dzi si tsi tre ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu la doa vlo ame eye wògblẽa nu le ame ŋu zi geɖe. Esia na míenya nusitae nukpɔsusu gbegblẽ le ame geɖe si ku ɖe amehehe ŋu.
Nukatae woxlɔ̃a nu mí be míaxɔ Yehowa ƒe amehehe? Le Ŋɔŋlɔawo me la, woƒo nu tso Mawu ƒe amehehe ŋu be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo. Eyata Salomo yi edzi gblɔ be: “Amesi Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.”—Lododowo 3:12.
Amehehe alo Tohehe—Kae?
Akpa vovovoe le amehehe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ŋu—mɔfiafia, nufiame, hehe, mokaname, ɖɔɖɔɖo, kple tohehe gɔ̃ hã. Ke hã le go siawo dometɔ ɖesiaɖe me la, lɔlɔ̃ mee Yehowa ƒe amehehe tsona, eye eƒe taɖodzinua enye be wòaɖe vi na exɔla. Yehowa ƒe amehehe mɔnu si wotsɔ ɖɔa ame ɖo la menyea esi wòwɔna ɖe tohehe koŋ ta gbeɖe o.
-
-
Taɖodzinu si Le Amehehe Ŋu GɔmeseseGbetakpɔxɔ—2003 | October 1
-
-
Gɔmesese ka nue tohehe siawo nye esiwo ‘wòtsɔ ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me’ le? Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Tesalonikatɔwo me la, ehe susu yi míaƒe ŋkekea dzi tsɔ fia be enye ɣeyiɣi si me Mawu ato Via, Yesu Kristo, dzi abia “hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to . . . nyanyui la o.” Paulo gblɔ kpee be: “Amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ.” (Tesalonikatɔwo II, 1:8, 9) Eme kɔ ƒã be womeɖo tohehe sia be woafia nu alo aɖɔ amesiwo wohe toa na ɖo o. Gake ne Yehowa kpe esubɔlawo be wova xɔ amehehe la, menye tohehe si wonaa ame matrɔdzimewoe wòwɔnɛ o.
Edze ƒã be Biblia meƒoa nu tso Yehowa ŋu be enye amesi hea to koŋ na ame o. Ke boŋ eƒoa nu tsoa eŋu zi geɖe be enye nufiala lɔ̃ame kple hehenala si gbɔa dzi ɖi. (Hiob 36:22; Psalmo 71:17; Yesaya 54:13) Ẽ, lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi kpena ɖe mawumehehe si wotsɔ ɖɔa ame ɖoe ŋu ɣesiaɣi. Ne Kristotɔwo se tameɖoɖo si le amehehe ŋu gɔme la, wote ŋu xɔnɛ alo nanɛ kple dzi nyui wu.
-