Ðo Ŋku Wɔwòla Gã La Dzi!
“Ðo ŋku wɔwòla dzi [fifia] . . . hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava.”—NYAGBLƆLA 12:1.
1. Aleke wòle be sɔhɛ siwo ɖe adzɔgbe na Mawu nadi be yewoazã yewoƒe sɔhɛmenɔɣi kple ŋusẽe?
YEHOWA doa ŋusẽ esubɔlawo be woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. (Yesaya 40:28-31) Ƒe ka kee woxɔ o, edoa ŋusẽ wo. Gake vevietɔ ele be sɔhɛ siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu nadi be yewoazã yewoƒe sɔhɛmenɔɣi kple ŋusẽ le nunya me. Eyata wotsɔa aɖaŋu si “nyagblɔla,” blema Israel Fia Salomo, ɖo la nya vevii. Exlɔ̃ nu be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi [fifia] le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nèle gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo.”—Nyagblɔla 1:1; 12:1.
2. Nukae wòle be Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ƒe viwo nawɔ?
2 Gbã la, Israel ɖekakpui kple ɖetugbiwoe Salomo ƒe nuxlɔ̃ame be woaɖo ŋku Wɔla Gã la dzi yi na. Dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa mee wodzi wo ɖo. Ke Kristotɔ ɖeadzɔgbe siwo li egbea ƒe viwo ya ɖe? Ele kokoko be woawo hã naɖo ŋku wo Wɔla Gã la dzi. Ne woɖo ŋku edzi la, woade bubu eŋu eye aɖe vi na woa ŋutɔwo.—Yesaya 48:17, 18.
Blema Kpɔɖeŋu Nyuiwo
3. Kpɔɖeŋu kawoe Yosef, Samuel, kple Dawid ɖo?
3 Sɔhɛ geɖe siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me nye amesiwo ɖo ŋku wo Wɔla Gã la dzi ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo. Tso Yakob viŋutsu Yosef ƒe ɖevime ke la, eɖo ŋku eƒe Wɔla dzi. Esi Potifar srɔ̃ te Yosef kpɔ be wòanɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ kpli ye la, egbe gbidii hegblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” (Mose I, 39:9) Menye ɖevime koe Lewi-vi Samuel ɖo ŋku eƒe Wɔla dzi le o ke eɖo ŋku edzi le eƒe agbe me katã. (Samuel I, 1:22-28; 2:18; 3:1-5) Sɔhɛ Dawid si tso Betlexem nye amesi ɖo ŋku eƒe Wɔla dzi vavã. Eƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu dze esime wòkpe kple Filistitɔ dzɔtsu Goliat hegblɔ be: “Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nèɖe alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea, eye mawu wò atso ta le nuwò, . . . ne anyigba blibo la nadze sii bena, Mawu aɖe li na Israel; eye ameha blibo sia nadze sii bena, Yehowa metsɔa yi alo akplɔ ɖea ame o; elabena aʋa enye Yehowa tɔ, eye eyae atsɔ mi ade asi na mí.” Eteƒe medidi o Goliat ku, eye Filistitɔwo si.—Samuel I, 17:45-51.
4. (a) Nukawoe ɖee fia be Israel-nyɔnuvi aboyome si nɔ Siria kpakple Fia Yosiya si nye ɖekakpui ɖo ŋku mía Wɔla Gã la dzi? (b) Aleke Yesu si xɔ ƒe 12 ɖee fia be yeɖo ŋku ye Wɔla dzi?
4 Sɔhɛ bubu si hã ɖo ŋku Wɔla Gã la dzie nye Israel-nyɔnuvi aboyome aɖe. Eɖi ɖase nyui aɖe na Siria-ʋafiagã Naeman srɔ̃nyɔnu ale be wòyi Mawu ƒe nyagblɔɖila gbɔ, woda anyidɔ nɛ, eye wòva zu Yehowa subɔla. (Fiawo II, 5:1-19) Fia Yosiya si nye ɖekakpui do Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ dzinɔameƒotɔe. (Fiawo II, 22:1-23:25) Gake amesi ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le ŋkuɖoɖo Wɔla Gã la dzi le eƒe ɖevimee nye Yesu, Nazaretetɔ la. Bu nusi dzɔ esime wòxɔ ƒe 12 ŋu kpɔ. Edzilawo kplɔe yi Yerusalem Ŋutitotoŋkekenyui ɖuƒe. Esi wotrɔ gbɔna la, wokpɔe be Yesu bu; eyata wotrɔ yi edi ge. Woke ɖe eŋu le ŋkeke etɔ̃agbe wònɔ biabia siwo tso Ŋɔŋlɔawo me me dzrom kple nufialawo le gbedoxɔ me. Esi Yesu nɔ nya si dadaa tsɔ dzodzodzoetsitsi biae ŋu ɖom nɛ la, ebia be: “Nuka wɔ miedim ma? Ðe mienya bena, ele nam be, manɔ [Fofonye ƒeme] o mahã?” (Luka 2:49) Viɖe le eme be Yesu naxɔ gbɔgbɔ me nyatakakawo le gbedoxɔa, si nye ‘Fofoa ƒeme.’ Egbea la, Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata mee nye teƒe nyui si woaxɔ mía Wɔla Gã la ŋuti sidzedze vavãtɔ le.
Ðo Ŋku Yehowa Dzi Fifia!
5. Aleke nàgblɔ nya siwo nyagblɔla la gblɔ le Nyagblɔla 12:1 le wò ŋutɔ wò nyagbewo mee?
5 Amesi subɔa Yehowa tso dzi blibo me dina be yeadze Eƒe subɔsubɔdɔ gɔme kaba alesi yeate ŋui eye be yeayi edzi asubɔ Mawu le yeƒe agbemeŋkekewo katã me. Gake mɔkpɔkpɔ kae li na sɔhɛ si nɔ agbe gbɔlo le eƒe sɔhɛmenɔɣi le esi meɖo ŋku Wɔla la dzi o ta? Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔla la wògblɔ be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi [fifia] le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nèle gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo.”—Nyagblɔla 12:1.
6. Kpeɖodzi kae li be ame tsitsi Simeon kple Hana ɖo ŋku wo Wɔla Gã la dzi?
6 ‘Ŋkeke vɔ̃’ siwo vana le ame ƒe tsitsime medzɔa dzi na ame aɖeke o. Gake ame tsitsi siwo ɖoa ŋku Mawu dzi la kpɔa dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, amegã ɖeɖi Simeon xɔ Yesu ɖevi la ɖe eƒe abɔwo dome le gbedoxɔa me hegblɔ dzidzɔtɔe be: “Aƒetɔ, azɔ èdo mɔ wò dɔla le ŋutifafa me le wò nya la nu; elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ, si nèdzra ɖo ɖe dukɔwo katã ƒe ŋku me; kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.” (Luka 2:25-32) Hana si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene hã ɖo ŋku eƒe Wɔla dzi. Enɔa gbedoxɔa me ɣesiaɣi eye enɔ eteƒe esime wotsɔ Yesu vidzĩ la yi afima. “[Eva] tsi tre le gaƒoƒo ma ke dzi, le Aƒetɔ kafum, eye wòƒo nu le eŋuti na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.”—Luka 2:36-38.
7. Aleke nɔnɔmewo le na amesiwo tsi ɖe Mawu subɔsubɔ me?
7 Yehowa ƒe Ðasefo siwo li egbea eye wotsi le Mawu subɔsubɔ me ate ŋu ase veve le gbɔdzɔgbɔdzɔ si tsitsi hena vɛ ta. Gake aleke gbegbe wokpɔa dzidzɔe nye si, eye aleke gbegbe alesi wosubɔna nuteƒewɔwɔtɔe dzea mía ŋue nye si! ‘Dzidzɔ le wo me ɖe Yehowa ŋu,’ elabena wonya be ame aɖeke makpe ŋusẽ si le esi ɖe anyigba sia ŋu dzi o eye be eɖo Yesu Kristo wònye Fia sẽŋu le dziƒo. (Nexemya 8:10) Ɣeyiɣi de azɔ be ɖeviwo kple tsitsiawo siaa nawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi, be: “Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.”—Psalmo 148:12, 13.
8, 9. (a) Amekawoe “ŋkeke vɔ̃wo” menaa dzidzemee o, eye nukatae wòdzɔna nenema? (b) Aleke nàɖe Nyagblɔla 12:2 mee?
8 Dzidzeme aɖeke menɔa ‘ŋkeke vɔ̃’ siwo vana le ame ƒe tsitsime me na amesiwo mebua wo Wɔla Gã la ŋu eye womese eƒe tameɖoɖo kɔkɔeawo gɔme o la o—ɖewohĩ fukpekpe sesẽ wònyena na wo. Gbɔgbɔmenugɔmesese aɖeke mele wo si woatsɔ akpe akɔ kple dodokpɔ siwo me ame tona le eƒe tsitsime kple xaxa siwo dze ŋgɔ ameƒomea tso esime wonya Satana tso dziƒo la o. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Eyatae nyagblɔla la le nu xlɔ̃m mí be míaɖo ŋku mía Wɔla dzi “hafi ne ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye alilikpo nagatrɔ ava le tsidzadza megbe.” (Nyagblɔla 12:2) Nya siawo gɔme ɖe?
9 Salomo tsɔ sɔhɛmenɔɣi sɔ kple dzomeŋɔli le Palestina, esime ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo klẽna nyuie le yame, esime alilikpo medo o. Nusianu dzena nyuie ɣemaɣi. Gake le tsitsime la, ame ƒe ŋkekewo nɔa abe vuvɔŋɔli si me tsi dzana eye vuvɔ wɔna ene, eye fukpekpewo kplɔa wo nɔewo ɖo abe alesi tsi dzana trina ɖe enu ene. (Hiob 14:1) Aleke gbegbe wòawɔ nublanui enye si be woanya nu tso Wɔla la ŋu gake woagbe esubɔsubɔ le agbe ƒe dzomeŋɔli! Le agbe ƒe vuvɔŋɔli si nye tsitsime la, nuwo doa viviti, vevietɔ na amesiwo si Yehowa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ su le woƒe sɔhɛmenɔɣi gake wogbee le esi wonɔ yakanuwo yome ta. Gake ƒe ka kee míexɔ o, mina ‘míadze Yehowa yome bliboe,’ abe alesi nuteƒewɔla Kaleb, amesi nye nyagblɔɖila Mose ƒe zɔhɛ wɔnuteƒea wɔe ene.—Yosua 14:6-9.
Nusiwo Tsitsi Gblẽna le Ame Ŋu
10. Nukae (a) “aƒe ŋu dzɔlawo” (b) “ŋutsu kakowo” tsi tre ɖi na?
10 Emegbe Salomo gayɔ fukpekpe aɖewo siwo vana “esime aƒe ŋu dzɔlawo dzona nyanyanya, eye ŋutsu kakowo xana gobaa, nyɔnu wɔtulawo dzudzɔa dɔwɔwɔ, elabena womegasɔ gbɔ o; esime fesrenukpɔlawo ƒe mo doa viviti.” (Nyagblɔla 12:3) “Aƒe” la tsi tre ɖi na ametia. (Mateo 12:43-45; Korintotɔwo II, 5:1-8) ‘Eŋudzɔlawoe’ nye asi kple abɔ siwo kpɔa ametia ta eye wowɔa nusiwo hiãe la nɛ. Zi geɖe le tsitsime la, gbɔdzɔgbɔdzɔ, lãme ƒe ƒoƒo, kple lãmetutu ɖea fu na wo. ‘Ŋutsu kako’—siwo nye afɔwo—meganyea sɔti sesẽwo o ke boŋ ŋusẽ vɔna le wo ŋu eye woxana, ale be ɖeko wonɔa wo tem le anyigba. Gake ɖe medzɔa dzi na wò ne èkpɔ haxɔsetɔ tsitsiwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me oa?
11. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, amekawoe nye “nyɔnu wɔtulawo” kple “fesrenukpɔlawo”?
11 “Nyɔnu wɔtulawo dzudzɔa dɔwɔwɔ, elabena womegasɔ gbɔ o”—aleke? Anye be aɖuawo gblẽ alo wotu ale be ʋɛ aɖewo koe kpɔtɔ. Nu sesẽwo ɖuɖu va sesẽna alo womete ŋu ɖua wo kura o. “Fesrenukpɔlawo”—siwo nye ŋku kple susuŋutete siwo na míete ŋu kpɔa nu la—kpɔa nu flukpee, ne menye ɖe wotsi keŋkeŋ o.
12. (a) Mɔ ka nue “wodoa ʋɔtru, siwo trɔ ɖe ablɔ me” la le? (b) Nukae nèsusu le Fiaɖuƒegbeƒãɖela tsitsiwo ŋu?
12 Nyagblɔla la yi edzi be: “Eye wodoa ʋɔtru, siwo trɔ ɖe ablɔ me, elabena wɔtutu megale ɖiɖim sesĩe o, eye wofɔna, ne xevi ƒe gbe [te ɖiɖi], eye nyɔnu hadzilawo ƒe gbeme xena.” (Nyagblɔla 12:4) Amesiwo tsi eye womesubɔa Mawu o ƒe nu ƒe ʋɔtru eveawo—siwo nye nuyiwo—megakena kakaka o alo megakena kura be woatsɔ agblɔ nya si le ‘aƒea,’ alo ametia me o. Womegagblɔa nya aɖeke wòɖoa gbɔdomegbenɔnɔ ƒe ‘ablɔwo dzi’ o. Ke Fiaɖuƒegbeƒãɖela tsitsi dovevienuwo ya ɖe? (Hiob 41:6) Ðewohĩ wozɔa blewublewu tsoa aƒeme yia aƒeme eye ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo kpea fu le nuƒoƒo me ya, gake wokafua Yehowa kokoko!—Psalmo 113:1.
13. Aleke nyagblɔla la ɖɔ ame tsitsiwo ƒe kuxi bubuwoe, gake aleke nɔnɔmeawo le le Kristotɔ tsitsiwo gome?
13 Wɔtutu megaɖina sesĩe o le esi aɖu megale nu me wotsɔ ɖua nui o ta. Ne ame tsitsi le aba dzi la, megate ŋu dɔa alɔ̃ yia eme o. Xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ teti hã ɖea fu nɛ. Megate ŋu dzia ha boo o, eye hagbe ɖesiaɖe si wòadzi hã me mekɔna o. “Nyɔnu hadzilawo”—gbeɖiɖi viviwo—“ƒe gbeme xena.” Ame tsitsi megate ŋu sea ha si ame bubuwo ƒona alo dzina la nyuie o. Gake amesiamina tsitsiwo kple woƒe zɔhɛ siwo dometɔ aɖewo hã meganye ɖekakpuiwo alo ɖetugbiwo o la yia edzi kɔa gbe dzi dzia kafukafuhawo na Mawu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Edzɔa dzi na mí ale gbegbe be wole mía xa míekafua Yehowa le hamea me!—Psalmo 149:1.
14. Nukawoe ame tsitsiwo vɔ̃na na?
14 Aleke gbegbe nusi va dzɔna ɖe ame tsitsiwo dzi wɔ nublanui enye si, vevietɔ na wo dometɔ siwo ŋe aɖaba ƒu Wɔla la dzi! Nyagblɔla la gblɔ be: ‘Togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mɔwo dzi; yevuziti ƒoa se, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔdome.’ (Nyagblɔla 12:5) Ne ame tsitsi geɖe le atrakpui kɔkɔ dzi la, wovɔ̃na be yewoadze anyi. Nukpɔkpɔ le yame ʋĩ gɔ̃ hã ate ŋu ana woƒe mo natsyɔ zi. Ne wòhiã be woayi ablɔ siwo dzi amewo sɔ gbɔ ɖo la, ŋɔdzi te ŋu léa wo esi wobuna be nuvevi awɔ yewo alo be fiafitɔwo adze yewo dzi ta.
15. Mɔ ka nue ‘yevuziti ƒoa se’ le, eye aleke ʋetsuvi “tea texlolo”?
15 Amegã ɖeɖi ƒe “yevuziti ƒoa se,” edze ƒã be efia be eƒe ɖa ƒoa wɔ, eye emegbe wòzua ɣie. Ða ɣiawo vɔna abe alesi yevuziti ƒe seƒoƒo ɣiwo duduna ene. Ne ele ‘afɔ tem yina,’ eye ɖewohĩ wòxa ale be mete ŋu gale abɔ nyèm o alo wòɖo asi ali eye eƒe alɔglo xa gobaa la, ʋetsuvi ko wòɖina. Gake ne mía dometɔ aɖe ƒe dzedzeme ɖi esia vie hã la, mina amewo nadze sii be míele Yehowa ƒe ʋetsuviʋakɔ sesẽ si ƒua du la dome!—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 1, 1998, axa 8-13.
16. (a) Nukae atikutsetse si woyɔna be ‘lĩ ƒe gbagbã’ fia? (b) Teƒe kae nye amegbetɔ ƒe “aƒe mavɔ,” eye dzesi kawoe fiana be ku gogo?
16 Nuɖuɖu megadzroa ame tsitsi tututu o, ne nuɖuɖua gavivi abe atikutsetse si woyɔna be lĩ ene gɔ̃ hã. Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si wonyia lĩ wòna nu vivina le nume na ame. Lĩ ƒe ‘gbagbã’ fia be nu megavivina na ame tsitsi o. Nusiawo fiana be ele “eƒe aƒe mavɔ,” si nye yɔdo gogom. Anye eƒe aƒeme tegbee ne wòdo kpo ŋkuɖoɖo eƒe Wɔla la dzi henɔ agbe vlo ale gbegbe be Mawu maɖo ŋku edzi le tsitretsitsia me o. Nusiwo fiana be eƒe ku le gogom dzena le konyifagbe kple ŋeŋe siwo dona tsoa ame tsitsia ƒe nu ƒe ʋɔtru nu la me.
17. Aleke “klosaloka” la tsonae, eye nukae “sikagba” la ate ŋu afia?
17 Woxlɔ̃ nu mí be míaɖo ŋku mía Wɔla dzi “hafi ne klosaloka natso, eye sikagba nagbã, trekpezi nafli le vudo to, eye tsidumɔ̃ nakaka.” (Nyagblɔla 12:6) “Klosaloka” la ate ŋu anye dzimeƒumeka. Ðeko woaku godoo ne ka sia si me lãmenusese tona yia ahɔhɔ̃a gbɔ la tso ale be wɔna aɖeke megale eŋu o. “Sikagba” la ate ŋu afia ahɔhɔ̃a, si le tago si le abe agba ene me, si ŋu wotsi dzimeƒuka la ɖo. Alesi ahɔhɔ̃a le vevie tae woɖɔe be enye sika ɖo, eye ne egbã ko la, ku koe woaku.
18. Nukae nye kpɔɖeŋu “trekpezi si le vudo to” la, eye nukae dzɔna ne wògbã?
18 ‘Trekpezi si le vudo to’ nye dzia, si xɔa ʋu si sina eye wògaɖonɛ ɖa be wòagasi le ametia me. Ne ame ku la, dzi la va zua abe trekpezi gbagbã ene, ezu nu gbagbã le vudoa to elabena magate ŋu axɔ ʋu si le vevie be wòanyi ŋutilã la ahatui ɖo, eye wòanɔ eɖom ɖe ŋutilãa ƒe teƒe vovovoawo o. ‘Tsidumɔ̃ si kaka’ la dzudzɔ totro, ale be ʋu si naa agbe la ƒe sisi nu tsona. Eyata Yehowa ɖe ʋu ƒe sisi fia Salomo xoxoxo hafi ƒe alafa 17 lia me atikewɔla William Harvey va ɖee fia be esina.
19. Aleke nya siwo le Nyagblɔla 12:7 wɔa dɔ le ku mee?
19 Nyagblɔla la gblɔ kpee be: “Hafi ne kewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.” (Nyagblɔla 12:7) Esi ‘tsidumɔ̃a’ kaka ta la, ameti si wowɔ le gɔmedzedzea me tso anyi me la gbugbɔ yia anyi me. (Mose I, 2:7; 3:19) Luʋɔ la kuna elabena gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ, si Mawu na la gbugbɔ yia mía Wɔla la gbɔ hetsia egbɔ.—Xezekiel 18:4, 20; Yakobo 2:26.
Etsɔme Kae Li na Amesiwo Ðoa Ŋku Edzi?
20. Nuka biam Mose nɔ le eƒe gbedodoɖa si woŋlɔ ɖe Psalmo 90:12 ƒe nyawo nu?
20 Salomo ɖe alesi wòle vevie be míaɖo ŋku mía Wɔla Gã la dzi fia nyuie. Ðikeke mele eme o be menye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe agbenɔnɔ si me fukpekpe le alea ko mee amesiwo ɖoa ŋku Yehowa dzi hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu tso dzi blibo me la anɔ ɣesiaɣi o. Woɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, nɔnɔme si nɔ Mose si le woawo hã si, esime wòdo gbe ɖa be: “Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu naɖo mía si!” Mawu ƒe nyagblɔɖila fatu la di vevie be Yehowa nafia ye kple Israel-viwo alesi yewoadze nunya abu akɔnta le ‘yewoƒe agbenɔƒewo’ ŋu bene yewoazã wo le mɔ si dzi Mawu da asi ɖo la nu.—Psalmo 90:10, 12.
21. Ne míaxlẽ míaƒe ŋkekewo wòanye Yehowa ŋutikɔkɔ la, nukae wòle be míawɔ?
21 Ele be Kristotɔ sɔhɛwo koŋ naɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe nyagblɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi aɖo ŋku Wɔla la dzi. Mɔnukpɔkpɔ nyui kawo gbegbee nye si le wo si be woawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu! Gake ƒe ka kee míexɔ o, ne míenya alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewo wòanye Yehowa ŋutikɔkɔ le “nuwuɣi” sia me la, ekema míate ŋu anɔ wo xexlẽ dzi tegbee. (Daniel 12:4; Yohanes 17:3) Gake hafi míate ŋu anɔ wo xlẽm la, ele be míaɖo ŋku mía Wɔla Gã la dzi. Ele be míawɔ dɔ siwo katã Mawu de mía si hã.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukatae woxlɔ̃ nu sɔhɛwo be woaɖo ŋku wo Wɔla dzi?
◻ Amesiwo ɖo ŋku wo Wɔla Gã la dzi ƒe kpɔɖeŋu kawoe le Ŋɔŋlɔawo me?
◻ Nusiwo tsitsi gblẽna le ame ŋu dometɔ kawo ŋue Salomo ƒo nu tsoe?
◻ Etsɔme kae li na amesiwo ɖoa ŋku Yehowa dzi?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Dawid, Israel-nyɔnuvi aboyomea, Hana, kple Simeon ɖo ŋku Yehowa dzi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Yehowa ƒe Ðasefo tsitsiwo tsɔa dzidzɔ wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe na mía Wɔla Gã la