INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mifa Akɔ na Nye Dukɔ”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • 26, 27. Aleke woƒo nu tso aboyome siwo nɔ Babilon ƒe seselelãme ŋui, eye nukawoe wòle be woanya?

      26 Esi Yehowa nya be ƒe siwo Yudatɔ aboyomeawo atsɔ anɔ aboyo me ana dzi naɖe le wo ƒo ta la, eʋã Yesaya wòŋlɔ kakaɖedzinya siawo ɖi do ŋgɔ be: “Yakob, nukaŋuti nèle nu ƒom, Israel, nèle gbɔgblɔm be: Nye mɔ ɣla ɖe Yehowa, eye nye nya dzɔdzɔe to nye Mawu ŋu yi? Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.”—Yesaya 40:27, 28.d

      27 Yesaya ŋlɔ nya siwo Yehowa gblɔ le aboyome siwo nɔ Babilon si gbɔ didi kilometa alafa geɖe tso wo denyigba gbɔ la ƒe seselelãme ŋu ɖi. Wo dometɔ aɖewo bu be woƒe Mawu la mele woƒe “mɔ”—si nye nɔnɔme sesẽ si me tom wonɔ—la kpɔm alo nyae o. Wosusu be Yehowa metsɔ ɖeke le nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe wo ŋu la me o. Woɖo ŋku nusiwo wòle be woanya tso nusi teƒe woa ŋutɔwo kpɔ loo alo tso nya siwo woŋlɔ ɖi wova se me la dzi na wo. Yehowa ate ŋu aɖe eƒe dukɔ eye elɔ̃ faa be yeaɖe wo hã. Eyae nye Mawu mavɔ kple anyigba bliboa katã Wɔla. Eyata ŋusẽ si wòɖe fia le xexemewɔwɔ me la gale esi, eye Babilon si nye fiaɖuƒe sẽŋu la gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe enu o. Nu metia kɔ na Mawu sia wògblẽa eƒe dukɔ ɖi o. Mele be woakpɔ mɔ be yewoate ŋu ase Yehowa ƒe nuwɔnawo gɔme bliboe o, elabena eƒe nugɔmesese—alo numenyanya ayi to, eƒe gɔmesese, kple tamesusu—kɔ boo wu wo tɔ.

  • “Mifa Akɔ na Nye Dukɔ”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • d Nyagbɔgblɔ “mavɔ” si wozã le Yesaya 40:28 la fia “tegbee,” elabena Yehowa nye “fia mavɔmavɔtɔ.”—Timoteo I, 1:17.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe