INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mifa Akɔ na Nye Dukɔ”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • 28, 29. (a) Aleke Yehowa ɖo ŋku edzi na eƒe dukɔ be yeakpe ɖe ame beliwo ŋui? (b) Kpɔɖeŋu kae wozã tsɔ fia alesi Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawoe?

      28 Yehowa yi edzi de dzi ƒo na aboyomenɔla siwo ƒo dzi ɖe le la to Yesaya dzi be: “Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Nu tia kɔ na ɖekakpuiwo, eye ɖeɖi tea wo ŋu, eye ŋutsuwo dzea anyi; ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.”—Yesaya 40:29-31.

      29 Ðewohĩ mɔzɔzɔ sesẽ si wòle be aboyomeawo nava zɔ atrɔ yi wo de lae nɔ susu me na Yehowa esi wònɔ nu ƒom tso alesi wòahiã be woana ŋusẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te ŋu. Yehowa ɖo ŋku edzi na eƒe dukɔa be yelɔ̃a kpekpeɖeŋu nana ame beli siwo dia kpekpeɖeŋu tso ye gbɔ. Nu ate ŋu ati kɔ na amegbetɔ sesẽtɔwo—“ɖekakpuiwo” kple “ŋutsuwo”—le hloloetsotso kple ɖeɖiteameŋu ta. Ke hã Yehowa do ŋugbe be yeana ŋusẽ—ŋusẽ yeye si woatsɔ aƒu du ahazɔ azɔli—amesiwo ɖoa ŋu ɖe ye ŋu. Wozã hɔ̃ si nye xe sẽŋu aɖe si te ŋu saa agba le yame ʋĩ henɔa afima gaƒoƒo geɖe la ƒe dzodzo si dzena abe ɖe mesesẽ kura o ene la tsɔ wɔ alesi Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawoe la ƒe kpɔɖeŋu.e Esi mɔkpɔkpɔ li be Mawu ana kpekpeɖeŋu alea ta la, mele be dzi naɖe le Yudatɔ aboyomenɔlaawo ƒo kura o.

  • “Mifa Akɔ na Nye Dukɔ”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • 30. Aleke Kristotɔ vavã siwo li egbea ate ŋu akpɔ akɔfafa tso Yesaya ta 40 lia ƒe kpukpui mamlɛawo mee?

      30 Akɔfanyawo le Yesaya ta 40 lia ƒe kpukpui mamlɛ siawo me na Kristotɔ vavã siwo le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛwo me. Esi xaxa kple kuxi siwo ɖea dzi le ame ƒo bɔ ta la, edoa ŋusẽ ame be míanya be nɔnɔme sesẽ siwo me míetona kple nu madzɔmadzɔ si wowɔna ɖe mía ŋu mele ɣaɣla ɖe mía Mawu la o. Míate ŋu aka ɖe edzi be nuwo katã Wɔla, Amesi ƒe ‘nunya ŋu goléƒe mele o,’ la aɖɔ nu madzɔmadzɔwo katã ɖo le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi kple le eƒe mɔ nu. (Psalmo 147:5, 6) Hafi ɣemaɣi naɖo la, mele be míado dzi le mía ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Yehowa, amesi ƒe ŋusẽ mevɔna o la ate ŋu ado ŋusẽ esubɔlawo—ado “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go” gɔ̃ hã wo—le dodokpɔɣiwo me.—Korintotɔwo II, 4:7.

  • “Mifa Akɔ na Nye Dukɔ”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • e Ne hɔ̃ le agba sam le yame la, mezãa eƒe ŋusẽ boo o. Ewɔa yaƒoƒo, alo ya xɔdzo si yia dzi la, ŋudɔ aɖaŋutɔe le esia wɔwɔ me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe