INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 12/15 axa 15-20
  • Xɔxɔgbe Lae Nye Esi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔxɔgbe Lae Nye Esi!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Míeƒoa Nya Ðe Amewo Nu”
  • Ðe Kristo ƒe Lɔlɔ̃ Ʋãa Wòa?
  • ‘Midzra Mia Kple Mawu Dome Ðo’
  • “Amenuveɣi” La
  • ‘Mía Ðokui Ðeɖefia be Míenye Mawu Subɔlawo’
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa ƒe Xɔname Ŋu
  • “Fifia Koŋ Ye Nye Amenuveɣi La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Na Wò “Xɔxɔ Ƒe Mɔkpɔkpɔ” La Me Nasẽ ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ðe Gbeƒã Mawu Ƒe Amenuveve Nya Nyuia Veviedodotɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ðeɖekpɔkpɔ Nusi Tututu Wòfia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 12/15 axa 15-20

Xɔxɔgbe Lae Nye Esi!

“Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!”—KORINTOTƆWO II, 6:2.

1. Nukae hiã ne Mawu kple Kristo akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu?

YEHOWA ɖo ŋkeke si dzi wòadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea. (Dɔwɔwɔwo 17:31) Ne anye xɔxɔgbe na mí la, ke ele be eya kple Yesu Kristo, Ʋɔnudrɔ̃la si wòtia, nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. (Yohanes 5:22) Hafi woakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu alea la, ebia be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe Nya nu eye xɔse si aʋã mí be míakpe ɖe amewo ŋu woazu Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo nanɔ mía si.

2. Nukatae ameƒomea ƒe xexeame te ɖe aga tso Mawu gbɔ?

2 Le esi ameƒomea ƒe xexeame nyi nuvɔ̃ ƒe dome ta la, ete ɖe aga tso Mawu gbɔ. (Romatɔwo 5:12; Efesotɔwo 4:17, 18) Eyata negbe ɖeko woadzra Mawu kple amesiwo míeɖea gbeƒã na dome ɖo hafi woaxɔ na wo. Apostolo Paulo na nya sia me kɔ esime wòŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto. Mina míadzro Korintotɔwo II, 5:10–6:10 me ne míakpɔ nusi Paulo gblɔ le avuléle le mía kple Mawu dome kpakple xɔxɔ ŋu.

“Míeƒoa Nya Ðe Amewo Nu”

3. Aleke Paulo ‘yi edzi ƒo nya ɖe amewo nui,’ eye nukatae wòle be míawɔ nusia egbea?

3 Paulo tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ do ƒome kple gbeƒãɖeɖe esi wògblɔ be: “Ele na mí katã bena, míatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyui alo vɔ̃. Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu.” (Korintotɔwo II, 5:10, 11) Apostoloa ‘yi edzi nɔ nya ƒom ɖe amewo nu’ to gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. Ke míawo hã ɖe? Esi xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu le mía ŋgɔ gbɔna ta la, ele be míawɔ míatɔ sinua aƒo nya ɖe amewo nu be woawɔ afɔɖeɖe siwo hiã bene Yesu natso afia nyui na wo eye be Yehowa Mawu, Amesi si me xɔname le nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.

4, 5. (a) Nukata mele be míaƒo adegbe le nusiwo míete ŋu wɔ le Yehowa subɔsubɔ me ta o? (b) Mɔ ka nue Paulo ƒo adegbe ‘le Mawu ta’ le?

4 Gake ne Mawu yra ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi la, mele be míaƒo adegbe o. Le Korinto la, dada ɖo ame aɖewo me alo wonɔ dadam le ame aɖewo ta, eye ewɔe be mamãwo va nɔ hamea me. (Korintotɔwo I, 1:10-13; 3:3, 4) Esi nusia nɔ susu me na Paulo la, eŋlɔ be: “Míegale mía ɖokui kafum na mi o; ke míana asinukpɔkpɔ mi, bena miate ŋu aƒo adegbe le mía ŋuti, bena adegbeƒoƒo nanɔ mia si ɖe amesiwo ƒoa adegbe le ŋku me, eye menye le dzi me o la ŋuti. Elabena ne míaƒe tame da la, eda na Mawu; ne tame nyui li na mí la, mia tɔe.” (Korintotɔwo II, 5:12, 13) Dadalaawo metsɔ ɖeke le hamea ƒe ɖekawɔwɔ kple gbɔgbɔmenyonyo me o. Wodi be yewoada le gotagomenuwo ta le esi teƒe be woakpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu be woana dzi ɖɔʋu nanɔ wo si le Mawu ŋkume. Eyata Paulo ka ŋkume na hamea emegbe be: “Amesi ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le [Yehowa] me!”—Korintotɔwo II, 10:17.

5 Ðe Paulo ŋutɔ hã meƒo adegbe oa? Ame aɖewo asusui nenema le nya siwo wògblɔ le eƒe apostolonyenye ta. Gake ‘Mawu tae’ wòƒo adegbe ɖo. Apostolonyenye ƒe ɖaseɖiɖi siwo le esi ŋutie wòƒo adegbe ɖo, bene Korintotɔwo nagadzo le Yehowa gbɔ o. Paulo wɔ nusia bene yeana woatrɔ ava Mawu gbɔ elabena aʋatso apostolowo nɔ wo kplɔm to mɔ gbegblẽ dzi. (Korintotɔwo II, 11:16-21; 12:11, 12, 19-21; 13:10) Gake menye ɣesiaɣie Paulo nɔ nu wɔm be yeatsɔ ana amewo nanya nusiwo wòte ŋu wɔ o.—Lododowo 21:4.

Ðe Kristo ƒe Lɔlɔ̃ Ʋãa Wòa?

6. Dɔ kae wòle be Kristo ƒe lɔlɔ̃ nawɔ ɖe mía dzii?

6 Esi Paulo nye apostolo vavã ta la, efia nu amewo le Yesu ƒe tafevɔsa ŋuti. Ekpɔ ŋusẽ ɖe Paulo ƒe agbenɔnɔ dzi, elabena eŋlɔ be: “Kristo ƒe lɔlɔ̃ la le mía kplɔm, eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.” (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Lɔlɔ̃ ka gbegbee nye si Yesu ɖe fia be wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta! Ele be nusia nanɔ mía ʋãm le agbe me nyateƒe. Ele be akpedada si anɔ mía me be Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta la naʋã mí be míatsɔ dzonɔameme aɖe gbeƒã xɔxɔ ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ to Via lɔlɔ̃a dzi ŋuti nyanyuia. (Yohanes 3:16; tsɔe sɔ kple Psalmo 96:2.) Ðe “Kristo ƒe lɔlɔ̃” le ʋãwòm be nàwɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dzonɔamemetɔea?—Mateo 28:19, 20.

7. Nyagbɔgblɔ si nye “míenya ame aɖeke le ŋutilã nu o” gɔme ɖe?

7 Esi amesiaminawo nɔa agbe si fia be wodaa akpe ɖe nusi Kristo wɔ na wo ta la, ‘womegale agbe na wo ɖokui o, ke na eya boŋ.’ Paulo gblɔ be: “Eyata tso esia dzi la míenya ame aɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la míegale enyam nenema o.” (Korintotɔwo II, 5:16) Mele be Kristotɔwo nakpɔ amewo le ŋutilã nu, ɖewohĩ anɔ vivi dom ɖe Yudatɔwo ŋu wu Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo loo alo anɔ vivi dom ɖe kesinɔtɔwo ŋu wu kotɔwo o. Amesiaminawo “[menya] ame aɖeke le ŋutilã nu o,” elabena gbɔgbɔmeƒomedodo si le woawo kple haxɔsetɔwo domee le vevie na wo wu. Menye amesiwo kpɔ Yesu esime wònɔ anyigba dzi ɖeɖekoe ‘nya Kristo le ŋutilã nu’ o. Nenye amegbetɔ koe amesiwo kpɔ mɔ na Mesia la bua Kristoe hã la, masɔ be woagabui nenema azɔ o. Etsɔ eƒe ŋutilã na tafee eye wogbɔ agbee wòzu gbɔgbɔ si naa agbe. Amesiwo woafɔ ɖe tsitre woanɔ agbe le dziƒo la aɖe asi le woƒe ŋutilãwo ŋu evɔ womekpɔ Yesu Kristo le ŋutilã nu kpɔ o.—Korintotɔwo I, 15:45, 50; Korintotɔwo II, 5:1-5.

8. Aleke ame ɖekaɖeka aɖewo wɔ va “le Kristo me”?

8 Esi Paulo ganɔ nu ƒom na amesiaminawo la, egblɔ kpee be: “Ne ame aɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!” (Korintotɔwo II, 5:17) Be ‘woanɔ Kristo me’ fia be woanɔ ɖekawɔwɔ me kplii. (Yohanes 17:21) Amea va le ƒomedodo sia me esime Yehowa hee va Via gbɔ eye wòtsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe dzii. Esi amea zu Mawu ƒe vi si wotsɔ gbɔgbɔ dzii ta la, enye “nuwɔwɔ yeye” eye mɔkpɔkpɔ le esi be yeava kpɔ gome kple Kristo le Dziƒofiaɖuƒea me. (Yohanes 3:3-8; 6:44; Galatiatɔwo 4:6, 7) Wona subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Kristotɔ amesiamina siawo.

‘Midzra Mia Kple Mawu Dome Ðo’

9. Nukae Mawu wɔ bene wòanɔ bɔbɔe be woadzra mía kplii dome ɖo?

9 Aleke gbegbe Yehowa ve ‘nuwɔwɔ yeyeawo’ nu enye si! Paulo gblɔ be: “[Nuwo] katã tso Mawu gbɔ, amesi lé avu le mía kple eɖokui dome to Yesu Kristo dzi, eye wòna avuléle ƒe subɔsubɔdɔ mí. Elabena Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o, eye wòtsɔ avulénya la de mía me.” (Korintotɔwo II, 5:18, 19) Ameƒomea te ɖe aga le Mawu gbɔ esime Adam wɔ nuvɔ̃. Gake lɔlɔ̃ ʋã Yehowa be eya ŋutɔ ʋu ɖekawɔwɔ ƒe mɔ ɖi to Yesu ƒe vɔsa dzi.—Romatɔwo 5:6-12.

10. Amekawo sie Yehowa tsɔ avuléle ƒe subɔsubɔdɔa de, eye nuka wɔm wole le dɔ sia wɔwɔ me?

10 Yehowa tsɔ avuléle ƒe subɔsubɔdɔa de amesiaminawo si, eyatae Paulo te ŋu gblɔ be: “Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!” (Korintotɔwo II, 5:20) Le blema ɣeyiɣiwo me la, dzrewɔɣiwo koŋue wodɔa ame dɔdɔwo ɖa be woakpɔe ɖa be woate ŋu aƒo asa na aʋawɔwɔ hã. (Luka 14:31, 32) Esi ameƒomea ƒe xexeame si me tɔwo nye nuvɔ̃mewo te ɖe aga tso Mawu gbɔ ta la, edɔ eƒe ame dɔdɔ siwo wosi ami na la ɖa be woagblɔ ɖoɖo siwo le esi na ɖekawɔwɔ na wo. Esi amesiaminawo nye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe ta la, woɖea kuku be: “Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!” Kukuɖeɖe sia nye nuxɔxlɔ̃ nublanuikpɔkpɔtɔe bene woawɔ ŋutifafa kple Mawu eye woalɔ̃ ɖe xɔxɔ si wòato Kristo dzi ana la dzi.

11. Le tafea dzixɔxɔse ta la, amekawoe va kpɔ tenɔnɔ dzɔdzɔe le Mawu gbɔ mlɔeba?

11 Amegbetɔ siwo katã ɖea tafea dzixɔxɔse fiana la ate ŋu agawɔ ɖeka kple Mawu. (Yohanes 3:36) Paulo gblɔ be: “[Yesu] amesi menya nuvɔ̃ aɖeke o la, [Yehowa wɔe] ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mía teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.” (Korintotɔwo II, 5:21) Yesu si nye ame deblibo lae wotsɔ sa nuvɔ̃ vɔe ɖe Adam ƒe dzidzimevi siwo woɖe tso nuvɔ̃ si ƒe dome wonyi me la ta. Woto Yesu dzi va zu “Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye.” Kristo ƒe hadomenyila 144,000 lae wobu dzɔdzɔenyenye sia na gbã, alo Mawu bu wo ame dzɔdzɔewoe. Le Yesu Kristo, Fofo Mavɔ la ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, woabu dzɔdzɔenyenye na via siwo le anyigba dzi siwo nye amegbetɔ deblibowo. Aɖɔ wo ɖo ale be tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu wo si le blibodede me bene woate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu eye woaxɔ nunana si nye agbe mavɔ.—Yesaya 9:5; Nyaɖeɖefia 14:1; 20:4-6, 11-15.

“Amenuveɣi” La

12. Subɔsubɔdɔ vevi ka wɔm Yehowa ƒe ame dɔdɔwo kple dɔgbedelawo le?

12 Ne woaxɔ na mí la, ke ele be míawɔ nu wòasɔ kple Paulo ƒe nya siawo be: “Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o. Elabena egblɔ bena: ‘Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.’ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!” (Korintotɔwo II, 6:1, 2) Yehowa ƒe ame dɔdɔ siwo wosi ami na kpakple eƒe dɔgbedela, ‘alẽ bubuawo,’ mexɔ wo Fofo si le dziƒo ƒe amenuveve la dzodzro o. (Yohanes 10:16) Wonɔa agbe nyui hewɔa subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe le “amenuveɣi” sia hedina be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu eye wole nyanya nam anyigbadzinɔlawo be “xɔxɔgbe” lae nye esi.

13. Nya vevi kae le Yesaya 49:8, eye aleke wòva eme zi gbãtɔ?

13 Yesaya 49:8 me nyawoe Paulo yɔ, si xlẽ be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Mase wò gbe le amenuveɣi, eye maxɔ na wò le xɔnamegbe, makpɔ tawò, eye matsɔ wò aɖo nubabla na dukɔ la, ne naɖo anyigba la te, eye namã domenyinu, si zu gbegbe la.” Nyagblɔɖi sia va eme zi gbãtɔ esime wona ablɔɖe Israel-viwo tso Babilontɔwo ƒe kluvinyenye me eye emegbe wogatrɔ yi wo denyigba si zu gbegbe la dzi.—Yesaya 49:3, 9.

14. Aleke Yesaya 49:8 va eme le Yesu gomee?

14 Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me vava bubu me la, Yehowa tsɔ eƒe “dɔla” Yesu na wònye “kekeli na dukɔwo hã, ne [wòanye Mawu ƒe] xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.” (Yesaya 49:6, 8; tsɔe sɔ kple Yesaya 42:1-4, 6, 7; Mateo 12:18-21.) Edze ƒã be “amenuveɣi” la ku ɖe Yesu ŋu esime wònɔ anyigba dzi. Edo gbe ɖa, eye Mawu ‘se eƒe gbe.’ Ema va nye “xɔnamegbe” na Yesu elabena ewɔ nuteƒe bliboe ale “[wòzu] agbexɔxɔ mavɔ ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe.”—Hebritɔwo 5:7, 9; Yohanes 12:27, 28.

15. Tso ɣeyiɣi ka ke mee gbɔgbɔ me Israel-viwo le agbagba dzem be yewoaɖee afia be yewodze na Mawu ƒe amenuveve, eye kple taɖodzinu ka?

15 Paulo zã Yesaya 49:8 me nyawo na Kristotɔ amesiaminawo, eye eɖe kuku na wo be ‘woagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro’ to alesi woagbe eƒe amenuveve didi le “amenuveɣi” kple le “xɔxɔgbe” si wòna la o. Paulo gblɔ kpee be: “Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!” (Korintotɔwo II, 6:2) Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, gbɔgbɔ me Israel-viwo dze agbagba be yewoaɖee afia be yewodze be Mawu nave yewo nu ale be “amenuveɣi” la nanye “xɔxɔgbe” na yewo.

‘Mía Ðokui Ðeɖefia be Míenye Mawu Subɔlawo’

16. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Paulo ɖe eɖokui fia le be yenye Mawu subɔla?

16 Ame aɖewo nɔ Korinto hamea me siwo nɔ eɖem fia be womedze be Mawu nave wo nu o. Wogblẽ Paulo ŋu kple susu be yewoaɖe bubu le eƒe apostolonyenye ŋu, togbɔ be medi be “[yeana] nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o” hã. Eɖe eɖokui fia be yenye Mawu subɔla nyateƒe “le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me, le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me.” (Korintotɔwo II, 6:3-5) Emegbe Paulo ɖe eme be ne subɔlawoe amesiwo tsi tre ɖe ye ŋu nye la, ke ‘yee wu’ elabena yenɔ gaxɔ me wu, woƒo ye wu, yeto afɔkuwo me wu, eye hiã ka ye wu.—Korintotɔwo II, 11:23-27.

17. (a) Nɔnɔme kawoe míaɖe afia wòadze be míenye Mawu subɔlawo? (b) Nukawoe nye ‘dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo’?

17 Míawo hã míate ŋu aɖe mía ɖokui afia be míenye Mawu subɔlawo abe Paulo kple eƒe zɔhɛwo ene. Aleke? “Le dzadzɛnyenye me,” alo le nu ɖɔʋu wɔwɔ me, kpakple nuwɔwɔ wòawɔ ɖeka kple Biblia me sidzedze vavãtɔ. Míate ŋu aɖe mía ɖokui afia “le dzigbɔgbɔ blewu me,” agbɔ dzi ɖi ne woda vo le mía ŋu alo ne wodi ge le mía ŋu, kple “le dɔmenyonyo me” ne míewɔ nu tsɔ kpe ɖe amewo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu aɖe mía ɖokui afia be míenye Mawu subɔlawo ne míexɔa eƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia, ne míeɖea “lɔlɔ̃, si me alakpa mele o” fiana, ne míetoa nyateƒe, eye ne míeɖoa ŋu ɖe eŋu be wòado ŋusẽ mí bene míawɔ subɔsubɔdɔa. Enya se be Paulo ɖe eƒe subɔlanyenye fia hã “[to] dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu, siwo le nuɖusi me kple mia me la me.” Le blemaʋawɔwɔwo me la, nuɖusie wotsɔ daa yi eye woléa akpoxɔnu ɖe mia. Le gbɔgbɔmeʋa wɔwɔ kple alakpanufialawo me la, Paulo mezã ŋutilã wɔnuvɔ̃ la ƒe aʋawɔnu—siwo nye ayemenuwɔwɔ, amefuflu, kple amebeble o. (Korintotɔwo II, 6:6, 7; 11:12-14; Lododowo 3:32) Ezã dzɔdzɔenyenye ƒe ‘aʋawɔnuwo,’ alo mɔnuwo, tsɔ do tadedeagu vavãtɔa ɖe ŋgɔ. Nenemae wòle be míawɔ.

18. Ne míenye Mawu subɔlawo la, aleke míawɔ nudzeamee?

18 Ne míenye Mawu subɔlawo la, míawɔ nudzeame abe alesi Paulo kple eƒe hadɔwɔlawo wɔe ene. Míawɔ nu abe Kristotɔwo ene ne wode bubu mía ŋu loo alo wodo vlo mí hã. Nya vɔ̃wo gbɔgblɔ le mía ŋu mana míatɔ te míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa o, eye míazu dadalawo ne wokafu mí hã o. Míato nyateƒe eye ɖewohĩ woadze si mí le mawumedɔwo wɔwɔ ta. Ne futɔwo dze mía dzi eye míeɖo xaxa me kutɔkutɔe la, míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Eye míada akpe ne wohe to na mí.—Korintotɔwo II, 6:8, 9.

19. Aleke wòanya wɔ be ‘woawɔ ame geɖe kesinɔtɔwo’ le gbɔgbɔ me?

19 Esi Paulo nɔ avuléle ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti numedzodzroa nu wum la, egblɔ le eya ŋutɔ kple ehatiwo ŋu be yewole “abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.” (Korintotɔwo II, 6:10) Togbɔ be subɔla mawo tɔ dzɔ be woaxa nu le woƒe fukpekpewo ta hã la, wokpɔa dzidzɔ le ememe. Woda ahe le ŋutilã me, gake ‘wona ame geɖe zu’ kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me. Le nyateƒe me la, “nusianu le wo si” elabena woƒe xɔse na gbɔgbɔmekesinɔnuwo su wo si—mɔkpɔkpɔ gɔ̃ hã le wo si be woava zu Mawu ƒe viwo le dziƒo. Eye Kristotɔ subɔlanyenye na dzidzeme kple dzidzɔ le woƒe agbenɔnɔ me. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Míawo hã míate ŋu ana ‘ame geɖe nazu kesinɔtɔwo’ ne míekpɔa gome le avuléle ƒe subɔsubɔdɔa me fifia—le xɔxɔgbe sia!

Ðo Ŋu Ðe Yehowa ƒe Xɔname Ŋu

20. (a) Nukae nye Paulo ƒe didi vevie, eye nukatae menye fefeɣi o? (b) Nukae de dzesi xɔxɔgbe si me míele fifia?

20 Esime Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽ evelia na Korintotɔwo le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo la, ƒe 15 aɖewo koe susɔ na Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia. Apostoloa di vevie be Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo siaa nato Kristo dzi adzra wo kple Mawu dome ɖo. Ɣeyiɣi ma nye xɔxɔgbe, eye ɣeyiɣi megali woafe kplii o. Míagblɔe be míawo hã míele nuɖoanyiwo ƒe nuwuɣi aɖe si sɔ kplii me tso ƒe 1914 me ke. Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea si le edzi yim le xexeame godoo fifia nye dzesi be ɣeyiɣia nye xɔxɔgbe.

21. (a) Ƒea ƒe mawunyakpukpui kae wotia na ƒe 1999? (b) Nukae wòle be míanɔ wɔwɔm le xɔxɔgbe sia?

21 Ehiã be dukɔwo katã me tɔwo nanya xɔname ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ to Yesu Kristo dzi. Mele be míafe le ɣeyiɣia ŋu o. Paulo ŋlɔ be: “Kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!” Korintotɔwo II, 6:2 me nya siawoe anye ƒe 1999 ƒea ƒe mawunyakpukpui na Yehowa Ðasefowo. Esɔ ale gbegbe, elabena nusi le mía ŋgɔ la dzi ŋɔ wu tsɔtsrɔ̃ si va Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa dzi! Esusɔ vie nuɖoanyi blibo sia natsrɔ̃, eye eka amesiame le anyigba dzi. Fifiae nye nuwɔɣi—menye etsɔ o. Ne míexɔe se be Yehowa si mee xɔname le, ne míelɔ̃e, eye ne míebua agbe mavɔ nu xɔasii la, míaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o. Esi míedi tso dzi me ke be míade bubu Yehowa ŋu ta la, míaɖee afia to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me be míeka ɖe edzi ne míegblɔ be: “Kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukata mía kple Mawu dome dzadzraɖo le vevie nenema gbegbe?

◻ Amekawoe nye ame dɔdɔ kple dɔgbedela siwo le avuléle ƒe subɔsubɔdɔa wɔm?

◻ Aleke míaɖe mía ɖokui afia be míenye Mawu subɔlawo?

◻ Gɔmesese kae le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1999 ƒea ƒe mawunyakpukpui ŋu na wò?

[Nɔnɔmetatawo si le axa 17]

Abe Paulo ene la, ɖe nètsɔ dzonɔameme le gbeƒã ɖem hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woadzra wo kple Mawu dome ɖoa?

United States

France

Cote d’Ivoire

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðe wò hã nèle ameha siwo le woa kple Yehowa Mawu dome dzram ɖo la dome le xɔxɔgbe sia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe