Lɔlɔ̃ si Nu Sẽ Wu Vidada Tɔ
VIDADAWO le woƒe vidzĩwo gblẽm ɖe tomemɔ ketekedzeƒewo, dugbadza nugodoƒewo, alo ɖe mɔ gãwo dzi. Ɣeaɖewoɣi la, gbeɖuɖɔlɔlawo fɔ vidzĩ siwo fa avi di wo dadawo ʋuu nu ti kɔ na wo le gbelɔgagowo kura gɔ̃ hã me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo gblɔ be: “Ðeviwo tsɔtsɔ ƒu gbe ɖe lɔrimɔwo dzi ƒe nya va le dzidzim ɖe edzi.” Ele eme be nyametsotso ma si vidada matsimatsi wɔ ava te ɖe edzi emegbe ya. Gake togbɔ be via ate ŋu aku gɔ̃ hã la, eɖe afɔ ma.
Àbia ɖokuiwò be, ‘Aleke wòava vidada ƒe susu me be yeaɖe asi le ye vi ŋu ɖe afi aɖe si matsɔ ɖeke le nusi ava dzɔ ɖe edzi me kura o?’ Biblia zã nɔnɔme wɔnublanui ma abe kpɔɖeŋu ene tsɔ ɖe mía Wɔla ƒe ɖetsɔtsɔ le eƒe amewo me vevie si to vovo sã na ema la fia: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!”—Yesaya 49:15.
Vavãe, lɔlɔ̃ deto le Mawu me na mí, eye etsɔ ɖe le míaƒe nuhiahiãwo me vevie wu amegbetɔ vidada ɖesiaɖe. Sɔhɛ alo ame tsitsie nènye o, kuxi ka ke nèdze ŋgɔe o, mètsi akogo o. Wɔwòla di be yeakpe ɖe ŋuwò eye etsɔ ɖe le wò nyonyo me. Abe alesi hakpala la gblɔe ene la, ‘ne fofonye kple danye wogblẽm ɖi hã la, Yehowa axɔm.’—Psalmo 27:10.
Wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo be woatsɔ ana amewo nadze si “Mawu vavã ɖeka la,” Yehowa, kple Via Yesu Kristo le xexeame godoo, esi ate ŋu ana amesiwo ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe exɔxɔ ŋu la nakpɔ agbe mavɔ.—Yohanes 17:3.