INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nyagblɔɖigbalẽ
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
    • Blema Babilon va zu “fiaɖuƒewo ƒe nu vevi.” (Yesaya 13:19) Wotsoe ɖe teƒe si de wo dzi le aʋawɔwɔ me ɖe asimɔ si tso Persia Ƒukɔmea va yi Mediterranea Ƒua ta la dzi eye wònye asidu si me anyigbadzisitsala kple ƒudzisitsalawo tsɔa woƒe adzɔnuwo vɛ tso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dukɔwo me.

      Va ɖo ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me la, Babilon-dua zu Babilon Fiaɖuƒea ƒe fiadu si dze abe ɖe womate ŋu aɖu edzi akpɔ gbeɖe o ene. Wotso dua ɖe Frat Tɔsisia ƒe go eveawo dzi, eye tɔsisia me tsiwo zu tɔʋu gã globo aɖe si nye akpoxɔnu na dua, eye woɖe tsimɔ geɖewo hã ɖe eŋu. Gakpe ɖe eŋu la, woɖo gli titri eve ɖe wo nɔewo ŋu ƒo xlã dua eye wotu gbetakpɔxɔ gbogbo aɖewo siwo dzi woanɔ adzɔ eŋu la ɖe eŋu. Eyata mewɔ nuku be dua me tɔwo sena le wo ɖokui me be yewole dedie o.

      Ke hã le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me, hafi Babilon naɖo eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kɔkɔaƒe la, nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi be ‘woatsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe xa akplɔ’ Babilon. (Yesaya 13:19; 14:22, 23) Yesaya ɖɔ alesi tututu Babilon amui hã. Edzidzelawo ana eƒe tɔsisiwo—nusi nye eƒe tsikpoxɔnu la—‘namie’ si ana woate ŋu adze dua dzi bɔbɔe. Yesaya yɔ amesi aho aʋa ɖe wo ŋu ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã—“Kores,” Persia-fiagã, ‘amesi ŋkume ʋɔwo anɔ ʋuʋu ɖi le eye agbowo matsi dodo o.’—Yesaya 44:27–45:2.

  • Nyagblɔɖigbalẽ
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
    • “Womatso Aƒe ɖe Afima Akpɔ O”

      Nukae adzɔ ɖe Babilon dzi le eƒe anyidzedze vɔ megbe? Yesaya gblɔe ɖi be: “Womatso aƒe ɖe afima akpɔ o tegbee, eye wòatsi anyi aƒedoe tso dzidzime yi dzidzime, Arabiatɔwo matu agbadɔ ɖe afima o, eye lãkplɔviwo mana lãwo natsyɔ akɔ ɖe afima o.” (Yesaya 13:20) Awɔ mo yaa ŋutɔ be woagblɔe ɖi be womaganɔ du si wotso ɖe teƒe deamedzi ma me akpɔ gbeɖegbeɖe o. Ðe wòate ŋu anye be esi Yesaya kpɔ Babilon ƒe gbagbã vɔ megbe hafi wòŋlɔ nya siawoa?

      Esi Kores xɔ Babilon vɔ megbe la, amewo ganɔ Babilon ƒe alafa geɖe—togbɔ be dua megakpɔ ŋusẽ abe tsãtɔ ene o hã. Ðo ŋku edzi be Yesaya ƒe agbalẽ bliboa katã nɔ Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsa siwo wogblɔ be ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. mee woŋlɔ wo la me. Le ɣeyiɣi si me wogbugbɔ agbalẽxatsaxatsa ma nɔ ŋɔŋlɔm la, Partiatɔwo nɔ Babilon dzi ɖum. Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yudatɔwo nɔ Babilon, eye Biblia-ŋlɔla Petro de afima. (Petro I, 5:13) Va ɖo ɣemaɣi la, Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsa si me Yesaya ƒe agbalẽa nɔ la nɔ anyi wòde ƒe alafa eve kloe. Eyata va ɖo ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Babilon mezu dudo keŋkeŋ o, gake wowu Yesaya ƒe agbalẽa ŋɔŋlɔ nu vɔ xoxoxo do ŋgɔ na ɣemaɣi.a

      Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, Babilon va zu “anyiglãgo” mlɔeba. (Yeremya 51:37) Hebrigbenyala Jerome (ƒe alafa enelia M.Ŋ.) gblɔ be le ye ŋɔli la, Babilon nye adegbedeƒe si “lã ƒomevi ɖesiaɖe” ɖia tsa le.9 Babilon gakpɔtɔ nye dudo egbegbe.

      Yesaya menɔ agbe kpɔ Babilon ƒe dudozuzu o. Gake du ma si nye du sesẽ kpɔ, si kple Baghdad si le Iraq egbea ƒe anyiehe la dome anye kilometa 80 la le ɖase ɖim numaƒomaƒoe le eƒe nyawo me vava ŋu be: “Womatso aƒe ɖe afima akpɔ o.” Ne wotrɔ asi le Babilon ƒe akpa aɖewo ŋu be wòanye nukpɔkpɔ na modzakatsaɖilawo la, adzro ame geɖe be woayi aɖakpɔe, gake be Babilon ƒe ‘dzidzimeviwo’ naganɔ anyi la, eya nu yi ɖikaa.—Yesaya 13:20; 14:22, 23.

      Nyagblɔɖila Yesaya megblɔ eƒe nyawo ɖi gbadzaa ko be wòate ŋu asɔ ɖe etsɔme nudzɔdzɔ ɖesiaɖe nu o. Menye ŋutinyae wògbugbɔ ŋlɔ hã be wòadze abe nyagblɔɖi ene o. Bu nya sia ŋu kpɔ: Nukatae ameflula aɖe atsɔ eɖokui ade nya me ‘agblɔ’ nusi dzi mekpɔ ŋusẽ aɖeke kura ɖo o ‘ɖi’—be womagatso aƒe ɖe Babilon sesẽ la akpɔ gbeɖe o?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe