INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða
    Gbetakpɔxɔ—2014 | September 15
    • 10. (a) Mawunyakpukpui kawoe ɖee fia be Yehowa ava ɖe ku ɖa? (b) Nu kae kpukpui mawo ɖe fia mí tso Yehowa kple Via ŋu?

      10 Ɛ̃, Yehowa ate ŋu aɖe Paulo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Biblia gblɔ be: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yes. 25:8) Abe ale si ko vifofo ana gbɔdzɔe via tso nu si na wòle fu kpem si me eye wòatutu eƒe aɖatsiwo ene la, nenema kee wònye dzidzɔ gã na Yehowa be yeava ɖe ku ɖa keŋkeŋ! Yesu le asi kpem ɖe Fofoa ŋu be esia nava eme. Wogblɔ le 1 Korintotɔwo 15:22 be: “Woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.” Paulo ŋutɔ hã ɖo nya si wòbia be “Ame kae aɖem?” la ŋu esi wògblɔ be: “Akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Rom. 7:25) Eme kɔ ƒãa be lɔlɔ̃ si le Yehowa si na ameƒomea nu metsi esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ o. Eye Yesu, si kpe asi ɖe Fofoa ŋu wòwɔ Adam kple Xawa la hã galɔ̃ ameƒomea kokoko. (Lod. 8:30, 31) Gake aleke woawɔ aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ kple ku si me?

  • Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða
    Gbetakpɔxɔ—2014 | September 15
    • 15, 16. (a) Le Biblia ƒe nya nu la, nu kae nye “futɔ mamlɛtɔ”? Ɣekaɣie woava ɖee ɖa? (b) Nu kae 1 Korintotɔwo 15:28 gblɔ be Yesu ava wɔ?

      15 Le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu la, amegbetɔ toɖolawo avo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Paulo ɖe eme be: “Ale si ko amewo katã le kukum le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo la me. Gake ame sia ame le eƒe ɖoɖo nu: Kristoe nye gbãtɔ, emegbe la, ame siwo nye Kristo la tɔ [ame siwo le dzi ɖum kplii] le eƒe anyinɔɣi la. Azɔ, nuwuwua, esime wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, si nye Fofoa, ne eɖe dziɖuɖu katã kple amegãnyenye katã kpakple ŋusẽ ɖa vɔ. Elabena ele be wòaɖu fia va se ɖe esime Mawu natsɔ futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.” (1 Kor. 15:22-26) Woaɖe ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la ɖa mlɔeba. “Nutsyɔnu” sia si tsyɔ ameƒomea dzi la nu ayi tegbee.​—Yes. 25:7, 8.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe