INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?
    Gbetakpɔxɔ—2013 | March 15
    • 8, 9. Nu kae wòle be Yudatɔ akpa gãtɔ nawɔ na woƒe dzi?

      8 Míate ŋu akpɔ gɔmesese si le “dzi matsomatso” ŋu le nuxlɔ̃ame si Mawu na Yudatɔwo me: “Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, . . . miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku [nagafla] le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta . . . o.” Gake afi kae woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiawo dzɔ tso? Etso woƒe dzi me. (Mixlẽ Marko 7:20-23.) Ɛ̃, Mawu to Yeremiya dzi gblɔ afi si tututu Yudatɔ mawo ƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo dzɔ tso. Wogbe toɖoɖo Yehowa le woƒe dzimesesẽ ta. Esia na woƒe didiwo kple tamesusuwo medze Yehowa ŋu o. (Mixlẽ Yeremiya 5:23, 24; 7:24-26.) Mawu gblɔ na wo be: “Mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe aʋanuyiwo ɖa.”—Yer. 4:4; 18:11, 12.

      9 Eya ta ehiã be woawɔ dɔ na Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yeremiya ƒe ŋkekea me la ƒe kpɔɖeŋudzia—‘woatso aʋa na woƒe dziwo’—abe ale si wo tɔgbuiwo wɔe le Mose ŋɔli ene. (5 Mose 10:16; 30:6) Be ‘woaɖe woƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa’ fia be woaɖe nuwɔna siwo na woƒe dzi me sẽ—woƒe tamesusuwo kple dzimedidi siwo mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o—la ɖa.—Dɔw. 7:51.

  • Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?
    Gbetakpɔxɔ—2013 | March 15
    • 11, 12. (a) Nu ka tae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nadzro eya ŋutɔ ƒe dzi me? (b) Nu kae Mawu mawɔ o?

      11 Yehowa di be mía dometɔ ɖe sia ɖe nanya ye, eye tenɔnɔ nyui nanɔ esi ɖaa le ye ŋkume. Yeremiya gblɔ tso ame dzɔdzɔewo ŋu be: “Wò Yehowa Zebaot, ame si doa ame dzɔdzɔe la kpɔna, eye nèɖea ŋku ɖe ayiku kple dzi la.” (Yer. 20:12) Ne Ŋusẽkatãtɔ la dzroa ame dzɔdzɔe ƒe dzi me kpɔna la, ke ɖe mele be míawo ŋutɔwo hã míadzro mía ɖokuiwo me anukwaretɔe akpɔ oa? (Mixlẽ Psalmo 11:5.) Esia wɔwɔ ate ŋu ana míakpɔ míaƒe nɔnɔme, taɖodzinu, alo didi aɖewo siwo ŋu wòle be míatrɔ asi le. Míate ŋu akpɔ nu siwo nana be míaƒe dzi meʋãa mí be míaɖo to enumake o, siwo le abe ‘dzi ƒe aʋanuyi’ ene, si wòahiã be míaɖe ɖa. Emae nye dɔwɔwɔ na míaƒe kpɔɖeŋudzia. Ne èlɔ̃ ɖe edzi be anyo be nàdzro wò kpɔɖeŋudzia me la, ke nu ka ŋue nàdi be yealé ŋku ɖo? Eye aleke nàwɔ awɔ tɔtrɔ siwo hiã?—Yer. 4:4.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe