INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Amekawoe Atsi Agbe Le Yehowa Ƒe Ŋkekea Dzi?
    Gbetakpɔxɔ—2002 | May 1
    • Amekawoe Atsi Agbe Le Yehowa Ƒe Ŋkekea Dzi?

      “Ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene.”—MALEAXI 3:19.

      1. Aleke Maleaxi ɖɔ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwui?

      MAWU ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Maleaxi wòŋlɔ nu dziŋɔ siwo adzɔ le etsɔ si gbɔna kpuie me la ɖi. Nudzɔdzɔ siawo alɔ amesiame ɖe eme le anyigba dzi. Maleaxi 3:19 gblɔ ɖi be: “Kpɔ ɖa, ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene; dadalawo katã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afiã wo masusɔ ke kple alɔ ɖi na wo o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” Ðe woatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia gbidia? Anye tsɔtsrɔ̃ gbidii ale gbegbe be ɖeko wòanɔ abe ati aɖee woho kple eƒe ke keŋkeŋ ene, ale be magadze ake gbeɖe o.

      2. Aleke Ŋɔŋlɔ aɖewo ɖɔ Yehowa ƒe ŋkekeae?

      2 Ðewohĩ àbia be, ‘ “Ŋkeke” ka ŋu nya gblɔm Maleaxi le ɖi?’ Ŋkeke si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 13:9 la kee, si gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne wòado gbegbe anyigba la, eye wòatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi.” Zefanya 1:15 na numeɖeɖe sia si gblɔ be: “Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbee, aƒedoɖigbe kple nugblẽgbee, blukɔ kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee.”

      ‘Xaxa Gã La’

      3. Ŋkeke kae nye “Yehowa ƒe ŋkeke” la?

      3 Le Maleaxi ƒe nyagblɔɖia ƒe emevava gãtɔ me la, “Yehowa ƒe ŋkeke” la nye ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si me “xaxa gã” anɔ. Yesu gblɔ ɖi be: “Ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.” (Mateo 24:21) Wò ya bu xaxa, si gbegbe va xexeame dzi xoxo, vevietɔ tso ƒe 1914 me ŋu kpɔ. (Mateo 24:7-12) Ame miliɔn 50 kple edzivɔ sɔŋ ye ku le Xexemeʋa II ko me! Gake nusiwo “xaxa gã” la ahe vɛ aƒo kuxi siawo ta sasasã. Xaxa gã ma, si ganye Yehowa ƒe ŋkeke la, awu enu ɖe Harmagedon me, si ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ava nuwuwui.—Timoteo II, 3:1-5, 13; Nyaɖeɖefia 7:14; 16:14, 16.

      4. Ne Yehowa ƒe ŋkekea wu enu la, nukae adzɔ?

      4 Kaka Yehowa ƒe ŋkeke ma nawu enu la, woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea kple edzidelawo gbidii. Alakpasubɔsubɔ ɖesiaɖe anye nu gbãtɔ si woatsrɔ̃. Emegbe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Satana ƒe dunyahehe kple asitsatsa nuɖoanyiwo dzi. (Nyaɖeɖefia 17:12-14; 19:17, 18) Xezekiel gblɔ ɖi be: “Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye woabu woƒe sika ŋunyɔnui; woƒe klosalo kple sika maɖe wo le Yehowa ƒe dzikudogbe o.” (Xezekiel 7:19) Zefanya 1:14 gblɔ le ŋkeke ma ŋu be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.” Le nya si Biblia gblɔ le Yehowa ƒe ŋkekea ŋu ta la, ele be míaɖoe kplikpaa be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu.

  • Amekawoe Atsi Agbe Le Yehowa Ƒe Ŋkekea Dzi?
    Gbetakpɔxɔ—2002 | May 1
    • 9. Aleke Maleaxi ƒe nyagblɔɖia va eme gbãe?

      9 Nya mawo hã va eme le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Yuda-dukɔa me tɔ sue aɖewo subɔ Yehowa eye wova zu Kristotɔ amesiaminawo ƒe “dukɔ” yeyea me tɔwo, siwo dome Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo hã va nɔ. Gake dzɔdzɔme Israel-dukɔa me tɔwo ƒe akpa gãtɔ gbe Yesu. Eyata Yesu gblɔ na Israel-dukɔ ma be: “Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.” (Mateo 23:38; Korintotɔwo I, 16:22) Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, ‘ŋkeke aɖe si le bibim abe kpodzo ene’ va dzɔdzɔme Israel-dukɔa dzi abe alesi Maleaxi 3:19 gblɔe ɖi ene. Wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa, eye woka nya ta be dɔwuame, kplɔlanyenye ƒe ʋiʋli, kpakple Roma-srafowo ƒe amedzidzedze wu ame miliɔn ɖeka kple edzivɔ. Ke hã amesiwo subɔ Yehowa tsi agbe le xaxa ma me.—Marko 13:14-20.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe