INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 2/1 axa 15
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðokuibɔbɔ Ƒe Nufiame Vevi Aɖe
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ðokuibɔbɔ ƒe Nufiame Aɖe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Adzɔ Exexee Naa “Dukɔ Yia Ŋgɔa”?
    Nyɔ!—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 2/1 axa 15

Ènyaa?

Alekee Salomo ƒe gbedoxɔa me gazɔ la ƒe lolome nɔ?

Woƒo nu tso eŋu le 1 Fiawo 7:26 be tsi agbɔsɔsɔ “bat akpe eve anɔ eme,” si nunɔlawo zãna, evɔ le 2 Kronika 4:5 la, wogblɔ be tsi “bat akpe etɔ̃ anɔ eme.” Esia na amewo gblɔ be nugbugbɔgaŋlɔlawo ƒe vodadae vovototo ma nye ge ɖe Kronika ƒe agbalẽa ƒe nuŋlɔɖia me.

Ke hã, New World Translation (Traduction du monde nouveau) Biblia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ɖekawɔwɔ si le mawunyakpukpui eve mawo dome la dze sii. Biblia sia gblɔ le 1 Fiawo 7:26 be: “Bat akpe eve ye nɔa eme.” Gake de dzesii be le 2 Kronika 4:5 la, egblɔ be: “Bat akpe etɔ̃ ye ate ŋu anɔ gazɔ la me.” Eya ta le 2 Kronika 4:5 la, tsi agbɔsɔsɔme si ate ŋu ayɔ gbedoxɔa me gazɔa ŋutie woƒo nu le, gake 1 Fiawo 7:26 ya ƒo nu tso tsi agbɔsɔsɔme si ko wokuna ɖe gazɔa me la ŋu. Esia fia be womekua tsi ɖe eme wòyɔna taŋtaŋ gbeɖe o. Edze abe tsi si ayɔ gazɔa la ƒe memama eve le etɔ̃ me koe nɔa eme ɖaa ene.

Nu ka tae Yesu kple Petro wotsɔ gaku ɖeka pɛ xe gbedoxɔmedzɔ la ɖo?

Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, wobiana tso Yuda ŋutsu ɖe sia ɖe, si xɔ ƒe 20 kple edzivɔ la, si be wòaxe gbedoxɔmedzɔ si nyea draxma eve, alo didraxma ɖeka (si nye gaku si ƒe home sɔ kple draxma eve) ƒe sia ƒe. Ga home sia nyea ŋkeke eve ƒe dɔwɔfetu. Esi nya fɔ ɖe te ku ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu la, Yesu gblɔ na Petro be: “Yi ƒu ta, da ƒu, eye lã gbãtɔ si nàɖe la, lée, eye ne èke eƒe nume la, àkpɔ [stata ɖeka]. Tsɔe yi ɖana wo ɖe mía kpli wò nu.”—Mateo 17:24-27.

Agbalẽnyala geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be stata si woyɔ le afi sia nye gaku si woyɔna be tetradraxma. Gaku sia ƒe homee nye draxma ene, si nye ame eve ƒe gbedoxɔmedzɔ ƒe home. Tetradraxma la bɔ ɣemaɣi, eye wòte ŋu sua amewo si bɔbɔe wu didraxma la. Eya ta Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Ewɔ abe zi geɖe la Yudatɔ eve wɔa ɖeka xea woƒe adzɔ la ene.”—The New Bible Dictionary.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne ame ɖeka aɖe di be yeaxe ye ɖeɖe ko ƒe adzɔ la, exea deme aɖe si woxɔna le gagbagba ta. Deme sia ƒe home ate ŋu ade adzɔ la ƒe alafa memama 8. Gake womexɔa deme sia le ame eve siwo wɔ ɖeka tsɔ stata ɖeka xe woƒe adzɔa ya si o. Eya ta le nu suesuesue siawo gɔ̃ hã me la, Mateo ƒe nuŋlɔɖia wɔ ɖeka kple nuwɔna siwo yia edzi le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Tetradraxma ƒe foto si wokeke ɖe enu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe