Yesu Ƒe Vava Alo Yesu Ƒe Anyinɔnɔ—Kae?
“Ka enye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu la ƒe dzesi?”—MATEO 24:3, NW.
1. Akpa kae nyabiabiawo wɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me?
ALESI Yesu zã nyabiabiawo aɖaŋutɔe la na eƒe nyaselawo bu tame, eye ena wotsɔ nukpɔsusu bubu kura bu nuwo ŋui. (Marko 12:35-37; Luka 6:9; 9:20; 20:3, 4) Míada akpe be eɖo nyabiabiawo hã ŋu. Eƒe nyaŋuɖoɖowo kɔ nyateƒe siwo anye ne míanya wo alo ase wo gɔme le mɔ bubu aɖeke nu o la me.—Marko 7:17-23; 9:11-13; 10:10-12; 12:18-27.
2. Nyabiabia ka ŋue míele ŋugble de ge le azɔ?
2 Míakpɔ nyabiabia vevitɔ kekeake siwo ŋu Yesu ɖo la dometɔ ɖeka le Mateo 24:3. Esi Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ yina ɖe eƒe nuwuwu la, ɖeko wòna wonya vɔ tetie nye ma be woatsrɔ̃ Yerusalem ƒe gbedoxɔa, si ade dzesi Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu. Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo va egbɔ wo tɔxɛ gblɔ bena: Gblɔe na mi, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò anyinɔnɔ [vava, Eʋegbe Biblia] kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu la ƒe dzesi?”—Mateo 24:3, NW.
3, 4. Vovototo gã kae le alesi Biblia gɔmeɖeɖewo ɖe Mateo 24:3 me nya vevi aɖe gɔmee me?
3 Biblia xlẽla miliɔn geɖe biana be, ‘Nukatae nusrɔ̃lawo bia nya ma, eye aleke wòle be Yesu ƒe ŋuɖoɖoa nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinyee?’ Le Yesu ƒe ŋuɖoɖoa me la, egblɔ be atiwo ƒe aŋgbatoto fia be dzomeŋɔli ‘ɖo vɔ.’ (Mateo 24:32, 33) Eyata sɔlemeha geɖe fiaa nu be Yesu ƒe “vava” ƒe dzesi biam apostoloawo nɔ, dzesi si afia be eƒe tɔtrɔgbɔ la tu aƒe. Woxɔe se be “vava” lae anye ɣeyiɣi si me wòava kplɔ Kristotɔwo ayi dziƒoe eye wòahe xexeame ƒe nuwuwu vɛ. Èsusu be gɔmesese sia sɔa?
4 Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo, si me New World Translation of the Holy Scriptures hã le, zã nya si nye “anyinɔnɔ” ɖe “vava” teƒe. Ðe wòanye be nya si nusrɔ̃lawo bia kple nya si Yesu tsɔ ɖo eŋui la to vovo na nusi wofiana le sɔlemehawo mea? Nya ka tututue wobia? Eye ŋuɖoɖo kae Yesu na?
Nuka Biam Wonɔ?
5, 6. Nukae míate ŋu agblɔ be eyae nɔ apostoloawo ƒe susu me esime wobia nya si le Mateo 24:3?
5 Ne míebu nya si Yesu gblɔ le gbedoxɔa ŋu la ŋuti la, míakpɔ be anye be Yudatɔwo ƒe nuɖoanyiae nɔ susu me na nusrɔ̃lawo esime wobia ‘eƒe anyinɔnɔ [alo, “vava”] kple nuɖoanyiawo [le nyaa nu tẽ la, “azã”] la ƒe nuwuwu ƒe dzesi.’—Tsɔe sɔ kple alesi wozã nya ‘xexeame’ le Korintotɔwo I, 10:11 kple Galatiatɔwo 1:4, le Eʋegbe Biblia me.
6 Yesu ƒe nufiafiawo ŋuti gɔmesese sue aɖe koe nɔ apostoloawo si ɣemaɣi. Do ŋgɔ la, wosusu be “mawufiaɖuƒe la le dodo ge enumake.” (Luka 19:11; Mateo 16:21-23; Marko 10:35-40) Eye le dze si woɖo le Amitoa dzi vɔ megbe gɔ̃ hã, gake do ŋgɔ na gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ si ami na wo la, wobia Yesu be ɖe wògale Fiaɖuƒea ɖo ge anyi na Israel ɣemaɣi hã.—Dɔwɔwɔwo 1:6.
7. Nukatae apostoloawo abia nya Yesu tso ɖoƒe si wòava nɔ le etsɔme ŋu?
7 Gake wonya be egbɔna dzodzo ge, elabena egblɔe na wo eteƒe medidi o be: “Kekeli la aganɔ mia dome ɣeyiɣi vi aɖe ko. Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ.” (Yohanes 12:35; Luka 19:12-27) Eyata anɔ eme godoo be woabia wo ɖokui se be, ‘Ne Yesu le dzodzo ge la, ke aleke míawɔ akpɔ eƒe tɔtrɔgbɔ adze sii?’ Esime wònye Mesia va la, ame akpa gãtɔ melɔ̃ ɖe edzi be eyae wònye o. Eye le ƒe ɖeka kple edzivɔ megbe la, woganɔ nya biam kokoko be ɖe wòle nusiwo wòle be Mesia la nawɔ la wɔ ge hã. (Mateo 11:2, 3) Eyata esɔ be apostoloawo nabia nya tso alesi nuwo anɔ le etsɔme ŋu. Gake míagabia ake be dzesi si afia be ava kpuie ŋu nya biam wonɔ loo alo nu bubuea?
8. Anye gbe kae apostoloawo do kple Yesu?
8 Tsɔe be ènye xevi nɔ dze si woɖo le Amitoa dzi la sem. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 10:20.) Anɔ eme be Hebrigbee nàse Yesu kple eƒe apostoloawo anɔ dodom. (Marko 14:70; Yohanes 5:2; 19:17, 20; Acts 21:40) Gake anɔ eme be wose Helagbe hã.
Nusi Mateo Ŋlɔ—Ðe Helagbe Me
9. Nuka dzie wotu egbegbe Mateo ƒe agbalẽa ƒe gɔmeɖeɖe akpa gãtɔ ɖo?
9 Nuŋlɔɖi siwo li va ɖo ƒe alafa evelia M.Ŋ. me fia be Hebrigbe mee Mateo ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa ɖo gbã. Edze ƒã be eva ŋlɔe ɖe Helagbe me emegbe. Helagbe me asinuŋɔŋlɔ geɖe li va ɖo míaƒe ɣeyiɣia me eye wonye esiwo dzi wokpɔ hafi ɖe eƒe Nyanyuigbalẽa gɔme ɖe egbegbe gbegbɔgblɔwo me. Nukae Mateo ŋlɔ ɖe Helagbe me tso Amitoa dzi dzeɖoɖo ma ŋu? Nukae wòŋlɔ tso “vava” alo “anyinɔnɔ” si ŋu nya nusrɔ̃lawo bia eye Yesu kɔ nu me le la ŋu?
10. (a) Helagbe me nya si fia “va” kae Mateo zã edziedzi wu, eye gɔmesese kawoe le eŋu? (b) Helagbe me nya ka hãe wòanyo be míanya?
10 Le Mateo ƒe ta 23 gbãtɔawo me la, míekpɔ Helagbe me dɔwɔnya aɖe si wolɔ̃a zazã na “va” la wu zi 80, si nye erʹkho·mai. Gɔmesese si nɔa eŋu zi geɖee nye tete ɖe nane ŋu alo nua gogo, abe alesi wòdze le Yohanes 1:47 ene be: “Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Le alesi wozãe nu la, dɔwɔnya erʹkho·mai ate ŋu afia “va,” “yi,” “va ɖo,” “ɖo,” alo “le mɔ dzi gbɔna.” (Mateo 2:8, 11; 8:28; Yohanes 4:25, 27, 45; 20:4, 8; Acts 8:40; 13:51) Gake le Mateo 24:3, 27, 37, 39 la nya bubue Mateo zã, enye ŋkɔnya si megale teƒe bubu aɖeke le Nyanyuigbalẽawo me o: pa·rou·siʹa. Esi wònye Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia ta la, nukatae wòʋã Mateo wòtia Helagbe me nya sia le kpukpui siawo me esime wònɔ eƒe Nyanyuigbalẽa ŋlɔm ɖe Helagbe me? Egɔme ɖe, eye nukatae wòle be míadi be míanya?
11. (a) Gɔmesese kae le pa·rou·siʹa ŋu? (b) Aleke kpɔɖeŋu siwo tso Josephus ƒe nuŋɔŋlɔwo me ɖo kpe pa·rou·siʹa ƒe gɔmesese si le mía si dzii? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
11 Ne míagblɔe tẽ la, pa·rou·siʹa gɔmee nye “anyinɔnɔ.” Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words gblɔ be: “PAROUSIA, . . . [si] gɔmeɖeɖe tẽ [nye], anyinɔnɔ, para, kple, ousia, va li (tso eimi, nɔ anyi, me), fia vava kple anyinɔnɔ si kplɔa vava ma ɖo siaa. Le kpɔɖeŋu me, le lɛta aɖe si nyɔnu aɖe ŋlɔ ɖe aƒlagbalẽ dzi me la, egblɔ alesi eƒe parousia le teƒe aɖe hiãe bene wòakpɔ nya aɖewo siwo ku ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu gbɔ.” Nyagɔmeɖegbalẽ bubuwo ɖe nu me be pa·rou·siʹa fia ‘dziɖula aɖe ƒe vava.’ Eyata menye ɣeyiɣi si me wòva ɖo koe o, ke boŋ anyinɔnɔ si kplɔe ɖo tso vava la megbe heyina. Enyo be míade dzesii be nenemae Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus, amesi kple apostoloawo nɔ agbe le ɣeyiɣi ɖeka me, hã zã pa·rou·siʹa lae.a
12. Aleke Biblia ŋutɔ kpe ɖe mía ŋui be míaka ɖe pa·rou·siʹa ƒe gɔmesese dzi?
12 Gɔmesese si nye “anyinɔnɔ” ƒe kpeɖodzi dze kɔte le blemagbalẽwo me, gake alesi Mawu ƒe Nya la zã pa·rou·siʹa me koŋ ye Kristotɔwo tsɔ ɖe le. Ŋuɖoɖo ma ke ye—anyinɔnɔ. Míakpɔ eƒe kpɔɖeŋuwo le Paulo ƒe lɛtawo me. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ na Filipitɔwo be: “[Miwɔ] mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu.” Egblɔ alesi wòdi be yeanɔ wo gbɔ ale be woakpɔ dzidzɔ ‘to yeƒe anyinɔnɔ [pa·rou·siʹa] kple wo me’ hã. (Filipitɔwo 1:25, 26; 2:12, míawoe te gbe ɖe edzi.) Gɔmeɖeɖe bubuwo xlẽ be “nye anyinɔnɔ kple mi ake” (Weymouth; New International Version); “ne megava li kple mi ake” (Jerusalem Bible; New English Bible); kple “ne megava le mia dome ake.” (Twentieth Century New Testament) Le Korintotɔwo II, 10:10, 11 la, Paulo de vovototo ‘eya ŋutɔ ƒe anyinɔnɔ’ kple eƒe ‘anyimanɔmanɔ’ dome. Le kpɔɖeŋu siawo me la, edze ƒã be menye eƒe wo gbɔ vava alo vava la ƒe gogo ŋu nya gblɔm wònɔ o; ezã pa·rou·siʹa la le wo gbɔ nɔnɔ ƒe gɔmesese nu.b (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 16:17.) Ke nya siwo wogblɔ le Yesu ƒe pa·rou·siʹa ŋu hã ɖe? Eƒe “vava” ŋue wòku ɖoa, alo ɖe wofia anyinɔnɔ aɖe si yi edzi ɣeyiɣi didia?
13, 14. (a) Nukatae míate ŋu agblɔ be pa·rou·siʹa nɔa anyi ɣeyiɣi didime aɖe? (b) Nukae wòle be míagblɔ le Yesu ƒe pa·rou·siʹa la ƒe didime ŋu?
13 Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na le Paulo ƒe ŋkekeawo me di be yewoanya Yesu ƒe pa·rou·siʹa la. Gake Paulo xlɔ̃ nu wo be ‘womegana woate wo ɖa tso woƒe tamesusu me o.’ Gbã la, ele be “sedzimawɔla” la si nye Kristodukɔa ƒe osɔfowo nava. Paulo ŋlɔ be “[sedzimawɔla la ƒe anyinɔnɔ, NW] lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔwo nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã [me].” (Tesalonikatɔwo II, 2:2, 3, 9) Eme kɔ ƒã be “sedzimawɔla” la ƒe pa·rou·siʹa, alo anyinɔnɔ, menye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe vava o; anɔ anyi axɔ ɣeyiɣi didi aɖe, siwo me wòawɔ aʋatsodzesiwo le. Nukatae nusia le vevie?
14 De ŋugble le nusi kpukpui si do ŋgɔ nɛ gblɔ ŋu: “Tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe [anyinɔnɔ, NW] ƒe ɖeɖefia la me.” Abe alesi “sedzimawɔla” la ƒe anyinɔnɔ anɔ anyi axɔ ɣeyiɣi didi aɖe ene la, Yesu ƒe anyinɔnɔ hã anɔ anyi axɔ ɣeyiɣi didime aɖe eye wòava wu enu ɖe ‘tsɔtsrɔ̃vi’ mawɔsedzi ma ƒe tsɔtsrɔ̃ me.—Tesalonikatɔwo II, 2:8.
Nya Siwo Ku Ðe Hebrigbe me Nyaawo Ŋu
15, 16. (a) Nya ka koŋ ye wozã le Mateo ƒe agbalẽa ƒe gɔmeɖeɖe geɖe yi ɖe Hebrigbe me la me? (b) Aleke wozã bohʼ le Ŋɔŋlɔawo mee?
15 Abe alesi míekpɔe ene la, edze ƒã be Hebrigbe mee Mateo ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa ɖo gbã. Eyata Hebrigbe me nya kae wòzã le Mateo 24:3, 27, 37, 39? Mateo ƒe agbalẽa ƒe gɔmeɖeɖe siwo gɔme woɖe yi Hebrigbe si wogblɔna egbea me la zã dɔwɔnya si nye bohʼ ƒe tɔtrɔ aɖe le apostoloawo ƒe nyabiabia kple Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo siaa me. Esia ate ŋu ana míaxlẽe be: “Ka enye wò [bohʼ] kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu la ƒe dzesi?” (NW) kple be “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe [bohʼ].” Nukae bohʼ la fia?
16 Togbɔ be gɔmesese vovovo le Hebrigbe me dɔwɔnya bohʼ si hã la, eƒe gɔmesese vevitɔe nye “va.” Theological Dictionary of the Old Testament gblɔ be: “Bohʼ dze zi gbɔ zi 2,532, eye eyae nye dɔwɔnya si wozã enuenu tsɔ fia nuwo ƒe zɔzɔe wu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me.’ (Mose I, 7:1, 13; Mose II, 12:25; 28:35; Samuel II, 19:30; Fiawo II, 10:21; Psalmo 65:3; Yesaya 1:23; Xezekiel 11:16; Daniel 9:13; Amos 8:11) Ne dɔwɔnya si ŋu gɔmesese vovovo le aleae Yesu kple apostoloawo zã la, anye ne ɖikeke anɔ gɔmesese si nu wozãe ɖo la ŋu. Gake eyae wozãa?
17. (a) Nukatae egbegbe Hebrigbe me Mateo gɔmeɖeɖewo magblɔ nusi tututu Yesu kple apostoloawo gblɔ kokoko o? (b) Teƒe bubu kae míate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le na nya si Yesu kple apostoloawo zã, eye nu bubu ka hã tae teƒe sia le vevie na mí? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
17 Ðo ŋku edzi be gbegɔmeɖeɖewoe egbegbe Hebrigbe me Biblia ƒe gɔmeɖeɖewo nye eye ate ŋu ava eme be womagblɔ nya si tututu Mateo ŋlɔ ɖe Hebrigbe me o. Nyateƒe lae nye be Yesu ate ŋu azã nya aɖe si ƒe gɔmesese to vovo na bohʼ, nya aɖe si ƒe gɔmesese asɔ kple pa·rou·siʹa. Míekpɔ esia le agbalẽ si nye Hebrew Gospel of Matthew si nufialagã George Howard ŋlɔ le ƒe 1995 me la me. Agbalẽa ƒo nu tso ƒe alafa 14 lia me tsitretsiɖeŋunya siwo Yudatɔ atikewɔla Shem-Tob ben Isaac Ibn Shaprut ŋlɔ ɖe Kristotɔnyenye ŋuti la ŋu. Ede Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe nuŋɔŋlɔ si nye Hebrigbe me tɔ agbalẽ ma me. Kpeɖodzi li be Mateo ƒe agbalẽa me nya siawo do xoxo ŋutɔ eye Hebrigbe mee woŋlɔe ɖo gbã, ke menye ɖe woɖe egɔme tso Latin alo Helagbe me le Shem-Tob ƒe ɣeyiɣia me o.c Eyata emenyawo ate ŋu ahe mí ayi nusi wogblɔ le Amitoa dzi la gbɔe wu.
18. Hebrigbe me nya si wòle be míanya kae Shem-Tob zã, eye egɔme ɖe?
18 Shem-Tob ƒe Mateo ƒe agbalẽa mezã dɔwɔnya bohʼ le Mateo 24:3, 27, 39 o. Ezã ŋkɔnya si do ƒome kplii si nye bi·ʼahʹ boŋ. Xezekiel 8:5 koe ŋkɔnya ma dze le le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, afisi eƒe gɔmesese fia “agbo nu” le. Le esi bi·ʼahʹ nafia nuwɔna si nye vava teƒe la, efia afisi xɔ aɖe dze egɔme tsoe boŋ; ne èɖo eƒe agbo alo ʋɔtru nu la, ke ège ɖe aƒea me. Hekpe ɖe eŋu la, mawusubɔsubɔgbalẽ siwo menye Biblia-gbalẽwo o siwo wokpɔ le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo dome zã bi·ʼahʹ zi geɖe tsɔ fia nunɔladɔwo ƒe gɔmedzedzee. (Kpɔ Kronika I, 24:3-19; Luka 1:5, 8, 23.) Eye blema Syriagbe (alo, Aramgbe) me Peshitta si gɔme woɖe yi ɖe Hebrigbe me le ƒe 1986 me hã zã bi·ʼahʹ le Mateo 24:3, 27, 37, 39. Eyata kpeɖodzi li be le blema la, gɔmesese si to vovo vie na dɔwɔnya bohʼ si wozã le Biblia me la nɔ ŋkɔnya bi·ʼahʹ ŋu. Nukatae míetsɔ ɖe le nya sia me?
19. Ne bi·ʼah ye Yesu kple eƒe apostoloawo zã la, ke aleke míaƒo nya tae?
19 Le nya si apostoloawo bia kple le Yesu ƒe ŋuɖoɖoa me la, anye ŋkɔnya bi·ʼahʹ ye wozã. Ne Yesu ƒe vava le etsɔmee nɔ susu me na apostoloawo hã la, ate ŋu adzɔ be Kristo zã bi·ʼahʹ be yeatsɔ agblɔ nya geɖe na wo wu esi wobia. Anye be Yesu nɔ asi fiam eƒe vava be yeadze dɔ yeye aɖe gɔme; esime wòava be yeawɔ ɖoƒe yeye si wotsɔ ye ɖoe la ƒe dɔwo. Esia asɔ ɖe gɔmesese si le pa·rou·siʹa ŋu la nu, si Mateo va zã emegbe. Eme kɔ be bi·ʼahʹ la zazã alea aɖo kpe nusi Yehowa Ðasefowo fia tso gbaɖegbe ke be “dzesi” ƒokpli si Yesu na la fia be eva li la dzi.
Mɔkpɔkpɔ na Eƒe Anyinɔnɔ la ƒe Taƒoƒo
20, 21. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Yesu gblɔ le Noa ƒe ŋkekeawo ŋu me?
20 Ele be nusi míesrɔ̃ le Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋu la nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple mɔkpɔkpɔwo dzi tẽ. Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woanɔ ŋudzɔ. Ena dzesi ale be míate ŋu anya eƒe anyinɔnɔ la, togbɔ be ame akpa gãtɔ matsɔ ɖeke le eme o hã: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe [anyinɔnɔ, NW]. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wokplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe [anyinɔnɔ, NW].”—Mateo 24:37-39.
21 Le Noa ƒe ŋkekeawo me la, ɖeko dzidzime ma me tɔ akpa gãtɔ nɔ woƒe gbesiagbedɔwo dzi. Yesu gblɔe ɖi be nenema ke wòanɔ le ‘Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la.’ Noa ŋɔlimetɔwo asusui be naneke mele dzɔdzɔ ge o. Wò ya ènya be nane dzɔ. Ŋkeke mawo, siwo xɔ ɣeyiɣi aɖe, ƒe nuwuwu va esime “tɔɖɔɖɔ va, eye wokplɔ wo katã yii.” Luka hã ŋlɔ nusia tɔgbe si me Yesu tsɔ “Noa ƒe ŋkekeawo” sɔ kple “Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo” le. Yesu xlɔ̃ nu be: “Nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.”—Luka 17:26-30.
22. Nukatae wòle be Yesu ƒe nyagblɔɖi si le Mateo ta 24 naka mí vevie?
22 Gɔmesese tɔxɛ le esiawo katã ŋu na mí elabena míele ɣeyiɣi si me míele nudzɔdzɔ siwo ƒe nya Yesu gblɔ ɖi la kpɔm me—aʋawɔwɔwo, anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo, dɔtotowo, kple eƒe nusrɔ̃lawo yometiti. (Mateo 24:7-9; Luka 21:10-12) Nusiawo katã yi edzi le dzedzem tso aʋa si trɔ xexeame katã ƒe ŋutinya kura si woyɔ wòsɔ be Xexemeʋa I la dzi ke, evɔa ame akpa gãtɔ bunɛ ŋutinya me nudzɔdzɔ gbɔlowo ko. Gake Kristotɔ vavãtɔwo ya nya gɔmesese si le nudzɔdzɔ vevi siawo ŋu, abe alesi amesiwo le ŋudzɔ nyanɛ be ne gboti dze aŋgbatoto gɔme la, efia be dzomeŋɔli ɖo vɔ ene. Yesu xlɔ̃ nu be: “Nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo.”—Luka 21:31.
23. Amekawoe Yesu ƒe nya siwo le Mateo ta 24 ka vevie, eye nukatae?
23 Yesu gblɔ nya si ŋu wòɖo le Amitoa dzi la ƒe akpa gãtɔ na eyomedzelawo. Woawoe nye amesiwo awɔ agbeɖeɖedɔ si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia le xexeame katã hafi nuwuwua nava. Woawoe akpɔe adze sii ne “aƒedo ƒe ŋunyɔnu [la] . . . anɔ tsitre le kɔkɔeƒe la.” Woawoe awɔ nu wòasɔ ɖe enu ‘asi’ do ŋgɔ na xaxa gã la ƒe gɔmedzedze. Eye woawo koŋ ŋue nya siwo wògagblɔ kpee la aku ɖo be: “Ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.” (Mateo 24:9, 14-22) Gake nuka tututue nya mawo siwo ana woayi ŋugble me la fia, eye nukatae míate ŋu agblɔ be wonye gɔmeɖokpe si ana míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ, kakaɖedzi, kple dzonɔameme nadzi ɖe edzi fifia? Nusi míasrɔ̃ le Mateo 24:22 ŋu ɖe eyome la aɖo wo ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔɖeŋu siwo Josephus yɔ: Le Sinai Toa dzi la, dzikedzo kple dziɖegbewo “ɖee fia be Mawu le afima [pa·rou·siʹa].” Avɔgbadɔ la me ɖeɖefia wɔnuku la “fia Mawu ƒe afima nɔnɔ [pa·rou·siʹa].” Esi Mawu ɖe tasiaɖam siwo ƒo xlã wo fia Elisa ƒe dɔla la, Mawu “ɖe eƒe ŋusẽ kple anyinɔnɔ [pa·rou·siʹa] fia eƒe subɔla la.” Esime Roma-megã Petronius dze agbagba be yeafa dzi na Yudatɔwo la, Josephus gblɔ be ‘Mawu ɖe eƒe anyinɔnɔ [pa·rou·siʹa] fia Petronius’ esi wòna tsi dza. Menye nu ƒe gogo alo ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vava koe Josephus zã pa·rou·siʹa na o. Efia anyinɔnɔ si yi edzi, ne womate ŋu akpɔe o gɔ̃ hã. (Mose II, 20:18-21; 25:22; Mose III, 16:2; Fiawo II, 6:15-17)—Tsɔe sɔ kple Antiquities of the Jews, Agbalẽ 3, ta 5, memamã 2 [80]; ta 8, memamã 5 [202]; Agbalẽ 9, ta 4, memamã 3 [55]; Agbalẽ 18, ta 8, memamã 6 [284].
b E. W. Bullinger tɔ asi edzi le A Critical Lexicon and Concordance to the English and Greek New Testament me be pa·rou·siʹa fia ‘anyinɔnɔ alo vava ava nɔ anyi, va ɖo; vava si me anyitsitsi ɖaa tso esime wova la dzi heyina ƒe gɔmesese dze le.’
c Kpeɖodziawo ƒe ɖee nye be Hebrigbe me nyagbɔgblɔ “Ŋkɔ La,” si woŋlɔ bliboe alo wotso edzi ŋlɔe kpuie dze le eme zi gbɔ zi 19 sɔŋ. Nufialagã Howard ŋlɔ be: “Eɖe dzesi ŋutɔ be woaxlẽ Mawu ƒe Ŋkɔ la le Kristotɔwo ƒe agbalẽ aɖe si me nyawo Yudatɔ tsitretsiɖeŋula yɔ nya tsoe me. Ne Hela alo Latingbe mee woɖe agbalẽa gɔme tsoe la, anye ne adonai [Aƒetɔ] lae woakpɔ le nuŋɔŋlɔa me, menye Mawu ƒe ŋkɔ YHWH si ƒe yɔyɔ wotsri lae o. . . . Míate ŋu aɖe nusita wòtsɔ ŋkɔ si yɔyɔ wotsri la de eme gɔme bubui o. Ðaseɖiɖia fia kɔte be Mateo ƒe agbalẽa si me Mawu ƒe Ŋkɔ la le xoxo ye Shem-Tob xɔ eye egblẽe ɖe eme le esi wòatsɔ eɖokui ade afɔku me be yeaɖee le eme teƒe.” New World Translation of the Holy Scriptures—With References la zã Shem-Tob ƒe Mateo (J2) la wònye kpeɖodzinu si dzi wonɔ te ɖo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ la gɔme ɖe Hela Ŋɔŋlɔawo me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukatae wòle vevie be míakpɔ vovototo si le alesi Biblia vovovowo ɖe Mateo 24:3 me?
◻ Pa·rou·siʹa gɔme ɖe, eye nukatae wòka mí?
◻ Nya siwo ɖi wo nɔewo kae ate ŋu anɔ Mateo 24:3 le Helagbe kple Hebrigbe me?
◻ Nu vevi si ku ɖe ɣeyiɣi ŋu kae wòhiã be míanya le Mateo ta 24 gɔmesese me?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Amitoa dzi, afisi Yerusalem nɔ dzedzem le