Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Kristo Va Li!
“MANDELA gbɔna! Mandela gbɔna!” Aleae Soweto si le Dziehe Afrika ƒe ɖeviwo dzi ha gblɔ. Wokpɔ mɔ na asiɖeɖe le Nelson Mandela ŋu le gaxɔ me le February 11, 1990 dzi la vevie be enye tɔtrɔ si ava Dziehe Afrika ƒe gɔmedzedze. Gake ƒe geɖe do ŋgɔ na asiɖeɖe le eŋu la, eƒe vava wɔ dɔ ɖe amewo dzi. Esi wòkpɔtɔ nɔ gaxɔ me la, etsɔ ŋusẽ wɔ “aʋa madzudzɔmadzɔe be yeaɖe vovototodedeameme ƒe dziɖuɖu ɖa.” Abe alesi nyadzɔdzɔgbalẽ si woxlẽna le dukɔwo dome gblɔe ene la, eƒe gaxɔmenɔnɔ ƒe 27 “meɖe eƒe anyinɔnɔ—alo aʋawɔla nyenye dzi kpɔtɔ o.” Asiɖeɖe le eŋu le gaxɔa me la ɖe vovototo si le vava kple anyinɔnɔ dome la fia.
Nenema ke le Yesu Kristo ƒe fianyenye ƒe ŋusẽ xɔxɔ ŋu la, ƒe alafa gbãtɔ me Biblia-ŋlɔlawo de vovototo eƒe vava kple eƒe anyinɔnɔ dome. Kristo Yesu ƒe anyinɔnɔ le fiaŋusẽ me awɔ dɔ ɖe ame dzi eye woakpɔe adze sii ƒe geɖe do ŋgɔ na eƒe ‘vava le dziƒolilikpowo dzi kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.’ (Mateo 24:30) Kristo ƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ (Helagbe, pa·rou·siʹa) ado ŋgɔ na eƒe vava (Helagbe, erʹkho·mai) be wòava drɔ̃ ʋɔnu dzidzime vɔ̃ɖi dzeaglã.
Pa·rou·siʹa—Nukae Wòfia?
Helagbe me nya pa·rou·siʹa gɔmeɖeɖe le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “wòanɔ axadzi” eye “wòzu nya si wozãna le dziɖuɖudɔwɔƒewo na ame ŋkuta aɖe ƒe afi aɖe vava, vevietɔ fiawo kple fiagãwo ƒe nuto aɖe me yiyi.” Theological Dictionary of the New Testament gblɔ be: “[Parousia] fia vevietɔ anyinɔnɔ le ŋusẽ me.” Eye agbalẽ si nye The Parousia gblɔ le Kristo Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋu be: “Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso ‘Anyinɔnɔ zi evelia’ aɖeke ŋu o. Nɔnɔme si me wòava le nye nu tɔxɛ si medzɔ kpɔ o, eye magadzɔ kpɔ o. Anye anyinɔnɔ si to vovo eye wòde ŋgɔ wu eɖokuiɖeɖefia ƒomevi bubuwo katã.”
Esi Nufialagã A. T. Robertson nɔ nu ƒom tso Yesu ƒe nyagblɔɖinya siwo wòtsɔ ɖo nya siwo apostoloawo bia le Amitoa dzi ŋu la ŋuti le agbalẽ si nye Word Pictures in the New Testament me la, eŋlɔ bena Yesu nɔ “gbedoxɔa kple Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si va le dzidzime ma me le ƒe 70 M.Ŋ. me la zãm wònye eya ŋutɔ ƒe vava kple xexeame ƒe nuwuwu . . . alo ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesi hã.” Biabia siawo ɖe, eye aleke Yesu ɖo wo ŋui?
Kristo ƒe Anyinɔnɔ ƒe Dzesi La
Abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 24:3 (New World Translation) me ene la, apostoloawo bia be: “Gblɔe na mí, Ɣekaɣie nusiawo ava, eye nukae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesi?” Le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo me la, egblɔ dzesi si anye eƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ŋuti kpeɖodzi si woakpɔ kple ŋku la na nusrɔ̃laawo. Dzesi bliboa ƒe akpa aɖewoe nye aʋawɔwɔ siwo tɔgbe medzɔ kpɔ o, dɔtoto ƒe takeke, anyigbaʋuʋu siwo agblẽ nu, dɔvɔ̃wo, kple nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi kple vɔvɔ̃. Kristo ƒe anyinɔnɔ anye ɣeyiɣi si me xexeame katã atɔ zi ahatsi dzodzodzoe le. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo kple xexeamedziɖulawo mate ŋu aɖɔ nuɖoanyi si le ʋuʋum keɖekeɖe la ɖo wòadze edzi o.—Mateo 24:7, 12; Luka 21:11.
Esi dunyahenusɔsrɔ̃wo ŋuti nufialagã John Meisel nɔ nu ƒom tso Yesu ƒe nyagblɔɖinyawo ƒe nyateƒenyenye ŋu la, egblɔ be: “Ɣeyiɣi vevi aɖe le enu wum, eye eƒomevi si menya kpɔna dzea sii gobii o vaseɖe fifia axɔ ɖe eteƒe.” Esi Nufialagã Meisel ƒo nu tso Kɔmiunist-dziɖuɖu ƒe mumu, Dziɖuɖu si me nuwo katã nye dziɖuɖua tɔ ƒe kpododonu, kple Dziɖuɖu si naa mɔ wotsaa asi faa ƒe kemalimali ŋu vɔ la, eyi edzi be: “Hadomeŋutinunya mate ŋu akpɔ amegbetɔ ƒe kuxi geɖewo gbɔ o eye ehiã be woato mɔ bubuwo dzi akpɔ wo gbɔ.” Eƒe nya ma gɔme ɖe? “Xexeme si li fifia ƒe gɔmeɖoanyi siwo wotu ɖe amegbetɔ ƒe susu dzi la le mumum eye ehiã be bubu nava xɔ ɖe eteƒe.”
Kristo ƒe Anyinɔnɔ le Ŋusẽ Me
Togbɔ be xexeame si le gbegblẽm ɖe edzi ƒe nɔnɔmewo sesẽ hã la, Yesu ƒe anyinɔnɔ le fiaŋusẽ me dze egɔme ƒe 75 kple edzivɔe nye sia eye wòwɔ dɔ ɖe amewo dzi le mɔ ɖedzesi kple mɔ nyui nu.a Togbɔ be xexemeʋa eve siwo wowɔ la gblẽ nu ŋutɔ hã la, Fia si woɖo zi dzi, si nye Kristo Yesu va ɖo amewo ƒe dukɔ yeye aɖe anyi kple ŋusẽ—amesiwo ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le, siwo “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” Kristo ƒe anyinɔnɔ le ŋusẽ me do xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ aɖe ɖe ŋgɔ si ʋã ame miliɔn geɖe siwo si nɔnɔme nyui le ƒe dzi. Eʋã wo be wova le Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu si me ƒe akpa dzi.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.
Le ɖaseɖiɖi geɖe siwo le dzidzim ɖe edzi gbesiagbe be Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi si akpa geɖe li na le eme vam ta la, edze kɔtee be ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ be míele ɣeyiɣi aɖe ƒe nuwuwu gogom. Fifiae nye ɣeyiɣi si me ‘míaɖo to’ Fia si woɖo zi dzi, si nye Kristo Yesu ‘la nyuie wu.’ (Hebritɔwo 2:1) Exlɔ̃ nu mí be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.”—Luka 21:36.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Yesu Kristo ƒe fiaɖuɖu dze egɔme le ƒe 1914 me. Ne èdi nya sia ŋuti numeɖeɖe si de to wu la, kpɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1982 me ƒe ta 16 vaseɖe 18.