INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 6/1 axa 14-19
  • Sisi Yi Dedienɔƒe Hafi “Xaxa Gã” La Nava

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sisi Yi Dedienɔƒe Hafi “Xaxa Gã” La Nava
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Amesi Le Exlẽm la, Nese Egɔme”
  • Ehiã Kpata be Woasi!
  • Egbegbe “Ŋunyɔnu”
  • Woasi le Nuka Me?
  • Naneke Nagaxe Mɔ na Wò Sisi O!
  • “Amesi Le Exlẽm La, Nese Egɔme”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 6/1 axa 14-19

Sisi Yi Dedienɔƒe Hafi “Xaxa Gã” La Nava

“Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, . . . ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi.”—LUKA 21:20, 21.

1. Nukata wòhiã kpata be amesiwo kpɔtɔ nye xexeame ƒe akpa aɖe la nasi?

EHIà kpata be amesiwo katã nye Satana ƒe xexeame ƒe akpa aɖe la nasi le eme. Ne woaxɔ wo ɖe agbe esime woaɖe fifi nuɖoanyia ɖa le anyigba dzi la, ke ele be woana wòadze ƒã be yewole Yehowa ƒe akpa dzi sesĩe eye yewomenye xexe si me Satana nye dziɖula le la ƒe akpa aɖeke o.—Yakobo 4:4; Yohanes I, 2:17.

2, 3. Biabia siwo ku ɖe Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 24:15-22 ŋu kawo mee míadzro?

2 Le Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi ŋu me la, ete gbe ɖe alesi wòhiã be woasi alea la ƒe vevienyenye dzi. Míedzroa nya si woŋlɔ ɖe Mateo 24:4-14 me edziedzi; gake nya siwo kplɔe ɖo la hã le vevie nenema ke. Míade dzi ƒo na wò be nàʋu wò Biblia fifia eye nàxlẽ kpukpui 15 vaseɖe 22.

3 Nukae nyagblɔɖi ma fia? Nukae nye “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” la le ƒe alafa gbãtɔ me? Nukae eƒe “kɔkɔeƒea” nɔnɔ fia? Nukae nudzɔdzɔ ma fia na mí?

“Amesi Le Exlẽm la, Nese Egɔme”

4. (a) Nukae Daniel 9:27 gblɔ be akplɔe ɖo ne Yudatɔwo gbe Mesia la vɔ megbe? (b) Esime Yesu he susu yi esia dzi la, edze ƒã be nukatae wògblɔ be, “Amesi le exlẽm la, nese egɔme”?

4 De dzesii le Mateo 24:15 be nya si woŋlɔ ɖe Daniel ƒe agbalẽa me dzie Yesu he susu yii. Nyagblɔɖi aɖe le agbalẽ ma ƒe ta 9 lia si gblɔ Mesia ƒe vava kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava Yuda-dukɔa dzi le alesi wogbee ta la ɖi. Kpukpui 27 lia ƒe akpa mamlea gblɔ be: “[Aƒedo ƒe] ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe.” Blema Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo tsɔ Daniel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa ma ku ɖe alesi Antiochus IV do vlo Yehowa ƒe gbedoxɔ le Yerusalem le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me ŋu. Gake Yesu xlɔ̃ nu be: “Amesi le exlẽm la, nese egɔme.” Togbɔ be enye nyateƒe be alesi Antiochus IV do vlo gbedoxɔ la nyɔ ŋu hã la, mezu aƒedo—na Yerusalem, gbedoxɔa, alo Yuda-dukɔa o. Eyata edze ƒã be Yesu nɔ nu xlɔ̃m eƒe nyaselawo be esia meva me le ɣeyiɣi si va yi me o, ke boŋ ava eme le etsɔme.

5. (a) Aleke Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo na míede dzesi ƒe alafa gbãtɔ me “ŋunyɔnu” la? (b) Nukata Cestius Gallus kplɔ Roma-srafowo yi Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. me?

5 Nukae nye “ŋunyɔnu” si ŋu wogblɔ na wo be woalé ŋku ɖo? Enyo be míade dzesii be Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ne miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, . . . [wòle] tsitre le kɔkɔeƒea.” Gake Luka 21:20 ƒe nuŋlɔɖi si sɔ kplii la xlẽ be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ.” (Míawoe te gbe ɖe wo dzi.) Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kpɔ nusi Yesu gblɔ ɖi la. Masɔmasɔ geɖe siwo nɔ Yudatɔwo kple Roma-dziɖuɖumegãwo dome na Yerusalem zu afisi ame geɖe dzea aglã ɖe Roma ŋu le vevie. Nusi do tso emee nye be ʋunyaʋunya dzɔ le Yudea, Samaria, Galilea, Dekapoli, kple Foenike nutowo katã me, kple dzigbe gome yi ɖe Siria, kple anyigbe gome yi ɖe Egipte. Be woana ŋutifafa nanɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa ma vie la, Cestius Gallus wɔ kaba kplɔ asrafowo tso Siria yi Yerusalem si Yudatɔwo yɔna be “du kɔkɔe” la.—Nexemya 11:1; Yesaya 52:1.

6. Aleke wònye nyateƒee be “ŋunyɔnu” aɖe si ate ŋu ahe aƒedo vɛ la va nɔ “tsitre le kɔkɔeƒea”?

6 Enye kɔnu na Roma-srafowo be woatsɔ aflaga siwo wobuna nu kɔkɔe gake Yudatɔwo ya bua wo legbawoe la ɖe asi. Enyo be míade dzesii be legbawo kple trɔ̃subɔsubɔ koŋ ŋue wozãa Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋunyɔnu” le Daniel ƒe agbalẽa me la ɖo.a (Mose V, 29:17) Togbɔ be Yudatɔwo gbe mɔɖeɖe na Roma-srafowo hã la, wote ŋu tsɔ woƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe aflagawo ge ɖe Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. ƒe November me, eye wodze egɔme nɔ gbedoxɔa ƒe gli si le dzigbe gome la te kum. Ðikeke aɖeke menɔ eme o—“ŋunyɔnu” si ate ŋu ana Yerusalem nazu aƒedo keŋkeŋ lae va nɔ “tsitre le kɔkɔeƒea”! Gake aleke ame aɖe awɔ asi?

Ehiã Kpata be Woasi!

7. Nuka Roma-srafowo wɔ le vome?

7 Le vome esi edze abe menye le susu gobii aɖeke tae o ene le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu, esime wòdze abe anɔ bɔbɔe be Roma-srafowo naɖu Yerusalem dzi ene la, wotrɔ dzo. Yudatɔ aglãdzelawo ti Roma-srafo siwo trɔ dzo la yome vaseɖe Antipatre ko si didi abe kilometa 50 ene tso Yerusalem. Emegbe wotrɔ dzo. Esi wova ɖo Yerusalem la, wokpe ta ɖe gbedoxɔ la me be yewoawɔ ɖoɖo ɖe yewoƒe aʋawɔmɔnu ŋu. Woxɔ sɔhɛwo de asrafodɔ me tsɔ dzi woƒe takpɔkpɔ kple asrafowo ƒe xexlẽme ɖe edzii. Ðe Kristotɔwo akpɔ gome le dɔ siawo mea? Ne wogbe wo wɔwɔ hã la, ɖe woaganɔ afɔkuteƒea ne Roma-srafowo nagava tua?

8. Afɔɖeɖe kpata kae Kristotɔwo wɔ le toɖoɖo Yesu ƒe nyagblɔɖinyawo me?

8 Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea katã wɔ ɖe nyagblɔɖi ƒe nuxlɔ̃ame si Yesu Kristo na la dzi hesi le afɔkuteƒea. Ehiã kpata be woasi! Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo towo dzi, eye wo dometɔ aɖewo anya tsi Pella le Perea-nutoa me. Amesiwo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi mewɔ bometsinu gatrɔ yi woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo tsɔ ge o. (Tsɔe sɔ kple Luka 14:33.) Esi wònye nɔnɔme sia mee wonɔ dzodzom le ta la, anya sesẽ na funɔwo kple vidada siwo nɔ no nam ŋutɔ be woazɔ afɔ. Medze Sabat-ŋkeke si ƒe sewo ana womate ŋu asi hafi o la dzi o, eye togbɔ be vuvɔŋɔli gogo hã la, meɖo haɖe o. Amesiwo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be woasi kaba dzi la do le Yerusalem kple Yudea nutowo me dedie. Esia wɔwɔ dzie woƒe agbe nɔ te ɖo.—Tsɔe sɔ kple Yakobo 3:17.

9. Ɣeyiɣi didi kae wòxɔ hafi Roma-srafowo trɔ va, eye nukae do tso eme?

9 Le ƒe si kplɔe ɖo me tututu le ƒe 67 M.Ŋ. me la, Romatɔwo gaho aʋa ɖe Yudatɔwo ŋu. Gbã la, woɖu Galilea dzi. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wotsrɔ̃ Yudea. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-srafowo ɖe to ɖe Yerusalem-dua ŋutɔ. (Luka 19:43) Dɔwuame nu va sẽ wu gbɔgblɔ. Amesiwo woxaxa ɖe dua me la dze wo nɔewo dzi. Wowu amesiame si te kpɔ be yeasi. Nusi teƒe wokpɔ la nye “xaxa gã” abe alesi Yesu gblɔe ene.—Mateo 24:21.

10. Ne míexlẽe hese egɔme la, nuka hã ŋue míalé ŋku ɖo?

10 Ðe ema nye nya si Yesu gblɔ la me vava bliboa? Ao, nu bubuwo agadzɔ. Ne míexlẽ Ŋɔŋlɔawo hese egɔme abe alesi Yesu gblɔ be míawɔ ene la, madzɔ be míagbe dzesidede emevava si le ŋgɔ gbɔna la o. Míabu nusiwo wòfia le mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me hã ŋu vevie.

Egbegbe “Ŋunyɔnu”

11. Teƒe eve bubu kawoe Daniel gaƒo nu tso “ŋunyɔnu” la ŋu le, eye ɣeyiɣi ka ŋue wònɔ nu ƒom tsoe?

11 De dzesii be wogaƒo nu tso “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” ŋuti le Daniel 11:31 kple 12:11 tsɔ kpe ɖe esi míekpɔ le Daniel 9:27 ŋu. Womeƒo nu tso Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu le megbetɔ siawo dometɔ aɖeke me o. Le nyateƒe me la, woƒo nu tso “nuwuɣi” ŋu le kpukpui eve siwo do ŋgɔ teti na nya si wogblɔ le Daniel 12:11 la me. (Daniel 12:9) Míele ɣeyiɣi sia me tso ƒe 1914 me. Eyata ehiã be míanɔ ŋudzɔ ade dzesi míaƒe ɣeyiɣia me “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” la, eye míakpɔ egbɔ be míedo le afɔkuteƒea.

12, 13. Nukata wòsɔ be woagblɔ be Dukɔwo ƒe Nubabla lae nye egbegbe “ŋunyɔnu”?

12 Nukae nye egbegbe “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” la? Ðaseɖiɖi ɖee fia be eyae nye Dukɔwo ƒe Nubabla, si dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 1920 me esi xexeame ɖo eƒe nuwuɣi megbe kpuie. Gake aleke ema ate ŋu anye “aƒedo ƒe ŋunyɔnu”?

13 Ðo ŋku edzi be legbawo kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nuwɔnawo koŋ ŋue wozã Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋunyɔnu” ɖo le Biblia me. Ðe wosubɔ Nubabla la abe legba enea? Ẽ, wosubɔe! Osɔfowo tsɔe ɖo “kɔkɔeƒea,” eye wo yomedzelawo yi edzi tsɔ wo ɖokui nɛ vevie. Amerika Kristo Sɔlemehawo ƒe Aɖaŋuɖoha ɖe gbeƒãe be Nubabla la anye “Mawu ƒe Fiaɖuƒe si va anyigba dzi to dunyahehe me.” Eƒe Aɖaŋudeha si le United States xɔ lɛta gbogbo aɖewo tso subɔsubɔhawo gbɔ si ƒoe ɖe wo nu be woada asi ɖe Dukɔwo ƒe Nubabla ƒe Ðoɖoa dzi. Baptisttɔwo, Protestanttɔwo, kple Presbitɔ siwo nɔ Britania la ƒe sɔlemehawo katã do vivi ɖe eŋu be enye “[ŋutifafa] hehe [va anyigba dzi] ƒe dɔwɔnu ɖeka kolia si woate ŋu akpɔ.”—Kpɔ Nyaɖeɖefia 13:14, 15.

14, 15. Mɔ ka nue Nubabla la kple emegbe Dukɔ Ƒoƒuawo va nɔ “kɔkɔeƒea”?

14 Woɖo Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me, gake dukɔwo yi edzi ʋli be woaɖo woa ŋutɔwo ƒe dziɖuɖu anyi. (Psalmo 2:1-6) Esime wodoe ɖa be woaɖo Dukɔwo ƒe Nubabla la anyi la, dukɔ siwo wɔ aʋa le xexemeʋa gbãtɔ si wowɔ eteƒe medidi o me, kple osɔfo siwo yra woƒe asrafowo ɖee fia xoxo be yewomewɔna ɖe Mawu ƒe se dzi o. Womebu Kristo be Fiae wònye o. Eyata wotsɔ nusi wòle be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nawɔ la de amegbetɔ ƒe habɔbɔ si be wòawɔ; wotsɔ Dukɔwo ƒe Nubabla la ɖo “kɔkɔeƒea,” ɖoƒe si mele be wòanɔ hafi o.

15 Dukɔ Ƒoƒuawo va xɔ ɖe Nubabla la teƒe le October 24, 1945. Emegbe Roma-papawo kafu Dukɔ Ƒoƒuawo be enye “ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ƒe mɔkpɔkpɔ mamletɔ” kple “ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye ƒe aɖaŋudeƒe gãtɔ.” Ẽ, Dukɔwo ƒe Nubabla la kple Dukɔ Ƒoƒuawo si va xɔ ɖe eteƒe la katã va zu legba nyateƒe, si nye “ŋunyɔnu” na Mawu kple eƒe amewo.

Woasi le Nuka Me?

16. Nuka mee wòle be dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo nasi le egbea?

16 Esi dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo ƒe ‘ŋku kli’ esia, esi wokpɔ nusi dukɔwo dome habɔbɔ ma nye kple alesi wotsɔe wɔ legbae dze sii la, ehiã be woasi ayi dedienɔƒe. Woasi tso nuka me? Woasi tso nusi nye egbegbe Yerusalem mawɔnuteƒe si nye Kristodukɔa me, eye woasi tso Babilon Gã, xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe nuɖoanyi la katã me.—Nyaɖeɖefia 18:4.

17, 18. Aƒedo kae egbegbe “ŋunyɔnu” la ahe vɛ?

17 Ðo ŋku edzi hã be le ƒe alafa gbãtɔ me esi Roma-srafowo tsɔ woƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe aflaga la yi ɖe Yudatɔwo ƒe du kɔkɔe la me la, woyi afima be yewoawɔ Yerusalem kple eƒe tadedeagu ƒe nuɖoanyia aƒedoe. Le míaƒe ŋkekea me la, menye du ɖeka ko, alo Kristodukɔa ɖeɖekoe woawɔ aƒedoe o, ke xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe nuɖoanyi bliboa ye.—Nyaɖeɖefia 18:5-8.

18 Wogblɔe ɖi le Nyaɖeɖefia 17:16 be kpɔɖeŋu ƒe lã wɔadã dzĩ aɖe, si edze be eyae nye Dukɔ Ƒoƒuawo la, atrɔ ɖe Babilon Gã si le abe gbolo ene la ŋu ahatsrɔ̃e ɖikaa. Egblɔ eme kɔ nyuie be: “Dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” Nusi esia afia la ŋu bubu dzi ŋɔ ŋutɔ. Ahe alakpasubɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe si le anyigba ƒe akpa sia akpa ava nuwuwui. Le nyateƒe me la, esia afia be xaxa gã la dze egɔme.

19. Amekawoe va zu Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe akpa aɖe tso esime woɖoe anyi, eye nukata esia ɖe dzesi?

19 Enyo be míade dzesii be vevietɔ tso esime Dukɔ Ƒoƒuawo dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 1945 me la, mawudzimaxɔsela siwo tsi tre ɖe mawusubɔsubɔ ŋu va sɔ gbɔ ɖe eme. Le ɣeyiɣi vovovowo me le xexeame katã la, tɔtrɔ gã wɔla siawoe xɔ ŋgɔ le asiɖoɖo mawusubɔsubɔnuwɔnawo dzi vevie alo mɔxexe ɖe wo nu keŋkeŋ me. Gake le ƒe ʋee siwo va yi me la, dziɖuɖuwo ɖe alesi wotsi tre ɖe subɔsubɔhawo ŋu dzi kpɔtɔ le teƒe geɖe. Awɔ na ame aɖewo be afɔku aɖeke magava subɔsubɔhawo dzi o.

20. Ŋkɔ ka tɔgbe ye le xexemesubɔsubɔhawo ŋu?

20 Subɔsubɔha siwo le Babilon Gã la me yi edzi le zi dem xexeame vevie. Woyɔa subɔsubɔha siwo me amesiwo le aʋa wɔm kple ŋɔdzidonamelawo le la ƒe ŋkɔwo tsɔ dea dzesi woe le nyadzɔdzɔwo me. Kpovitɔwo kple asrafo siwo tsia ʋunyaʋunyawɔwɔ nu ge ɖe gbedoxɔwo me va tɔ te ʋunyaʋunyawɔwɔ si ɖo subɔsubɔha siwo lé fu wo nɔewo dome. Subɔsubɔhawo na ga tsɔ do alɔ dziɖuɖu ƒe tɔtrɔ kpatawoe. Mawusubɔsubɔ me fuléle gblẽ agbagba si Dukɔ Ƒoƒuawo dze be woana ƒomedodo like nanɔ gbe vovovo dolawo dome la me. Dukɔ Ƒoƒuawo me habɔbɔwo adi be yewoakpɔe woaɖe mawusubɔsubɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖesiaɖe si doa kplamatse yewo le ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe taɖodzinu si minyãm yewole me la ɖa.

21. (a) Amekae aɖo ɣeyiɣi si me woatsrɔ̃ Babilon Gã la? (b) Nukae wòhiã kpata be míawɔ hafi ɣemaɣi naɖo?

21 Nya la ƒe akpa vevi bubu aɖe hã li si ŋu wòle be míabu. Togbɔ be dzo siwo nye asrafowo le Dukɔ Ƒoƒuawo mee woazã atsrɔ̃ Babilon Gã la hã la, tsɔtsrɔ̃ ma anye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va wo dzi ŋutɔŋutɔ. Ʋɔnudɔdrɔ̃ ma ava le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. (Nyaɖeɖefia 17:17) Nukae wòle be míawɔ hafi ɣeyiɣi ma naɖo? Biblia ɖo eŋu be—“Mido go tso me”—mido go tso Babilon Gã la me.—Nyaɖeɖefia 18:4.

22, 23. Nukae sisi sia bia?

22 Menye ʋuʋu le teƒe aɖe ayi teƒe bubu ye sisi ayi dedienɔƒe sia nye abe alesi Yudatɔ Kristotɔwo wɔ esi wodzo le Yerusalem ene o. Sisi ado go tso Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo mee wònye, ẽ, tso Babilon Gã la ƒe akpa ɖesiaɖe me. Efia be menye alakpasubɔsubɔ ƒe habɔbɔwo me koe woaɖe ame ɖokui le keŋkeŋ o, ke tso woƒe kɔnuwo kple nɔnɔme si woɖena fiana hã me. Enye sisi ayi dedienɔƒe le Yehowa ƒe teokrasihabɔbɔa me.—Efesotɔwo 5:7-11.

23 Esime Yehowa subɔla amesiaminawo kpɔ egbegbe ŋunyɔnu si nye Dukɔwo ƒe Nubabla la zi gbãtɔ le Xexemeʋa I megbe la, nukae Ðasefoawo wɔ? Wodo le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me xoxo. Gake vivivi la, wokpɔe dze sii be yewogalé Kristodukɔa ƒe kɔnu kple nuwɔna aɖewo me ɖe asi kokoko, abe atitsoga la zazã kple Kristmas kple trɔ̃subɔlawo ƒe ŋkekenyui bubuwo ɖuɖu ene. Esi wosrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe nusiawo ŋu la, wotso ɖe eŋu enumake. Wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Yesaya 52:11 la dzi be: “Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!”

24. Amekawo hãe va le sisim, vevietɔ tso ƒe 1935 me?

24 Vevietɔ tso ƒe 1935 me la, ame bubuwo ƒe ameha gã aɖe siwo si agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ su la te afɔɖeɖe ma tɔgbe wɔwɔ. Woawo hã ‘kpɔ ŋunyɔnu si tsi tre ɖe kɔkɔeƒe la,’ eye wose nusi wòfia la gɔme. Esi wotso nya me be yewoasi la, wona woɖe woƒe ŋkɔwo le habɔbɔ siwo nye Babilon Gã la ƒe akpa aɖe la me.—Korintotɔwo II, 6:14-17.

25. Nukae hiã tsɔ kpe ɖe ame ɖokui ɖeɖeɖa tso alakpasubɔsubɔ me keŋkeŋ ŋu?

25 Gake sisi le Babilon Gã la me bia nu geɖe wu dodo le alakpasubɔsubɔhawo me ko. Ebia nu geɖe wu Kristotɔwo ƒe kpekpe ʋee aɖewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me alo gbeƒã ɖeɖe nyanyuia le gbeadzisubɔsubɔdɔa me zi ɖeka alo zi eve le ɣleti ɖeka me. Ame ate ŋu anɔ Babilon Gã la godo le ŋutilã me, gake ɖe wògblẽe ɖi nyateƒea? Ðe wòɖe eɖokui ɖa tso xexe sia si ƒe akpa vevi aɖee Babilon Gã la nye mea? Ðe wògalé nu mawo siwo ɖea Babilon Gã la ƒe nɔnɔme fiana—nɔnɔme siwo doa vlo Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo la me ɖe asi kokokoa? Ðe wòbua gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ kple anukwareɖiɖi le srɔ̃ɖeɖe me nu tsɛea? Ðe wòléa fɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nuwo kple ŋutilãmenuwo didi ŋu wu gbɔgbɔmenuwoa? Mele be wòaɖe mɔ le eɖokui ŋu eƒe agbenɔnɔ naɖi nuɖoanyi sia tɔ o.—Mateo 6:24; Petro I, 4:3, 4.

Naneke Nagaxe Mɔ na Wò Sisi O!

26. Nukae akpe ɖe mía ŋu be manye sisi gɔme ko míadze o ke míawu enu hã dzidzedzetɔe?

26 Ne míesi yina dedienɔƒe la, ehiã be míagana nusiwo míegblẽ ɖe megbe la nadzro mí o. (Luka 9:62) Ele be míana míaƒe susu kple dzi nanɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye dzi vevie. Ðe míeɖoe kplikpaa be míaɖe míaƒe xɔse afia le nusiawo didi gbãgbiagbã me, kple kakaɖedzi be Yehowa ayra nuteƒewɔwɔ sia? (Mateo 6:31-33) Ele be míaƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi naʋã mí be míawɔ nenema esi míele mɔ kpɔm vevie na nu ɖedzesi siwo adzɔ le xexeame.

27. Nukata wòhiã be míabu nya siwo wobia le afisia ŋu vevie?

27 Mawu adze eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a gɔme tso Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ dzi. Woaɖe alakpasubɔsubɔ ƒe fiaɖuƒe ma si ɖi gbolo la ɖa tegbee. Ɣeyiɣi ma gogo ŋutɔ! Tsitrenɔnɔ kae anɔ mía dometɔ ɖesiaɖe si ne ɣeyiɣi vevi ma ɖo? Eye akpa ka dzie míanɔ le xaxa gã la ƒe nuwuwu ne wotsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe akpa mamlea? Ne míeɖe afɔ si hiã fifia la, woka ɖe edzi na mí be míanɔ dedie. Yehowa gblɔ na mí be: “Amesi ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ.” (Lododowo 1:33) Ne míeyi edzi tsɔ dzidzɔ subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la, ekema míadze akafu Yehowa ɖaa tegbee.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ Insight on the Scriptures si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe Babla 1, axa 634-5.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukae nye egbegbe “ŋunyɔnu” la?

◻ Gɔmesese ka nue ‘ŋunyɔnu la tsi tre ɖe kɔkɔeƒea’?

◻ Nukae sisi ayi dedienɔƒe fifia bia?

◻ Nukata afɔɖeɖe sia hiã kpata?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ele be Yesu yomedzelawo nasi kaba be woatsi agbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe