-
‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’Gbetakpɔxɔ—1994 | February 15
-
-
13. Nukata Kristotɔwo te ŋu ɖo to Yesu ƒe nuxlɔ̃amea be woasi?
13 Gake ne Romatɔwo gbugbɔ dzo le Yerusalem la, nukatae wòhiã be ame aɖe nasi adzo? Yesu ƒe nyawo ɖee fia be nusi dzɔ la ɖo kpe edzi be ‘Yerusalem ƒe aƒedozuɣi tu aƒe.’ (Luka 21:20) Ẽ, azu aƒedo. Egblɔ ‘xaxa aɖe si meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze o, eye megale vava ge o’ la ɖi. Anɔ abe ƒe etɔ̃ kple afã megbe le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-srafo siwo nɔ Aʋafia Tito ƒe kpɔkplɔ te he “xaxa gã” ŋutɔ aɖe va Yerusalem dzii. (Mateo 24:21; Marko 13:19) Gake nukatae Yesu gblɔ be enye xaxa gãtɔ wu ɖesiaɖe si do ŋgɔ alo ado megbe nɛ?
14. Nukata míate ŋu agblɔ be nusi dzɔ le Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me la nye “xaxa gã” si tɔgbe meva kpɔ o eye ɖeke megava o?
14 Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me eye aʋa dziŋɔwo dzɔ le dukɔa me le míaƒe ƒe alafa sia me. Gake nusi dzɔ le ƒe 70 M.Ŋ. me la nye xaxa gã le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Le abe ɣleti atɔ̃ ene ƒe aʋahoho me la, asrafo siwo nɔ Tito ƒe kpɔkplɔ te la ɖu Yudatɔwo dzi. Wowu wo dometɔ siwo ade 1,100,000 eye woɖe aboyo wo dometɔ siwo ade 100,000 kloe. Hekpe ɖe eŋu la, Romatɔwo gbã Yerusalem. Esia ɖo kpe edzi be Yudatɔwo ƒe subɔsubɔnuɖoanyi si wowɔna le gbedoxɔa me si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo tsã la wu enu keŋkeŋ. (Hebritɔwo 1:2) Ẽ, esɔ be woabu ƒe 70 M.Ŋ. me nudzɔdzɔwo be wonye ‘xaxa si tɔgbe meva [du, dukɔ, kple nuɖoanyi ma dzi] kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze o, eye megale vava ge akpɔ o.’—Mateo 24:21.d
-
-
‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’Gbetakpɔxɔ—1994 | February 15
-
-
d Agbalẽŋlɔla Matthew Henry si nye Britaniatɔ la gblɔ be: “Kaldeatɔwo ƒe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ dzi ŋɔ ŋutɔ, gake esia gaƒo eta. Enye Yudatɔ . . . siwo katã le xexeame la tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋɔdzidoname.”
-
-
‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’Gbetakpɔxɔ—1994 | February 15
-
-
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Xaxa si va le ƒe 70 M.Ŋ. me nye gãtɔ kekeake si va Yerusalem kple Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia dzi
-