INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Tenɔnɔ Kae Anɔ Asiwò Le Ʋɔnudrɔ̃zikpui La Ŋgɔ?
    Gbetakpɔxɔ—1995 | October 15
    • 20, 21. Nya kae Yesu ƒe apostolowo bia si ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu, eye nyabiabia kae wòfɔ ɖe te?

      20 Do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, eƒe apostolowo biae be: “Ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” (Mateo 24:3) Yesu gblɔe ɖi be nu ɖedzesiwo adzɔ le anyigba dzi hafi ‘nuwuwua nava.’ Do ŋgɔ teti na nuwuwu ma la, dukɔwo “[akpɔ] Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.”—Mateo 24:14, 29, 30.

      21 Gake aleke wòanɔ na amesiwo le dukɔ mawo me ne Amegbetɔvi la va le eƒe ŋutikɔkɔe me? Mina míakpɔe ɖa le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me, si dze egɔme kple nya siawo be: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me.”—Mateo 25:31, 32.

      22, 23. Nya kawoe ɖee fia be alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa medze emevava gɔme tso ƒe 1914 me o?

      22 Ðe lododo sia va eme esime Yesu bɔbɔ nɔ anyi le fiaɖuɖuŋusẽ me le ƒe 1914 me, abe alesi míese egɔmee ɣeyiɣi didi aɖe enye sia enea? Mateo 25:34 ƒo nu tso eŋu be ezu Fia, eyata esɔ be míagblɔ be lododoa le eme vam tso esime Yesu zu Fia le ƒe 1914 me ke. Gake ʋɔnu kae wòdrɔ̃ le ema megbe kpuie? Medrɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” o. Ke boŋ etrɔ eƒe susu ɖe amesiwo gblɔ be “Mawu ƒe aƒe me” tɔwoe yewonye la ŋu. (Petro I, 4:17) Yesu si nye Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃la la va lé ŋku ɖe Kristotɔ amesiamina siwo susɔ ɖe anyigba dzi la ŋu be yeadrɔ̃ ʋɔnu wo, si wɔ ɖeka kple Maleaxi 3:1-3. Ɣemaɣie wodrɔ̃ ʋɔnu Kristodukɔa hã, amesi gblɔna alakpatɔe be ‘Mawu ƒe aƒe mee’ yele.c (Nyaɖeɖefia 17:1, 2; 18:4-8) Gake naneke meɖee fia be ɣemaɣi, alo tso ɣemaɣi la, Yesu nɔ anyi be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã me tɔwo abe alẽwo alo gbɔ̃wo ene o.

      23 Ne míedzro dɔ si Yesu wɔ le lododoa me me la, míakpɔe be adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã mlɔeba. Lododoa meɖee fia be ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ayi edzi ƒe geɖe, abe ɖe wodrɔ̃ ʋɔnu amesiwo ku le ƒe geɖe siwo va yi me be wodze na ku mavɔ alo agbe mavɔ ene, o. Edze abe amesiwo ku le nyitsɔ laa ƒewo me ƒe akpa gãtɔ yi ameƒomea ƒe yɔdo me ene. (Nyaɖeɖefia 6:8; 20:13) Gake lododoa fia ɣeyiɣi si Yesu adrɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” me tɔ siwo anɔ agbe ɣemaɣi eye woadze ŋgɔ eƒe afiatsotso.

      24. Ɣekaɣie alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa ava eme?

      24 Le mɔ bubu nu la, lododoa fia asi etsɔme esime Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me. Anɔ anyi adrɔ̃ ʋɔnu amesiwo anɔ agbe ɣemaɣi. Atu eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe amesiwo ƒomevi woɖee fia be yewonye dzi. Ɣemaɣi la, woaɖe “vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome” afia wòadze ƒã. (Maleaxi 3:18) Ɣeyiɣi kpui aɖe koe ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔgblɔ kple emetsonua hehe va wo dzi la ŋutɔ axɔ. Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe si anɔ te ɖe nusi dze le amewo ŋu la dzi.—Kpɔ Korintotɔwo II, 5:10 hã.

      25. Nuka fiam Mateo 25:31 le esi wòƒo nu tso Amegbetɔvi la ŋu be enɔ ŋutikɔkɔezikpui dzi?

      25 Eyata esia fia be etsɔmeɣeyiɣi si me Yesu anɔ anyi adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo eye wòahe emetsonua ava wo dzi la ŋue Fia ŋusẽtɔ sia ƒe ‘anyinɔnɔ ɖe eƒe ŋutikɔkɔezikpui dzi’ hena ʋɔnudɔdrɔ̃, si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 25:31 la, ku ɖo. Ẽ, Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ŋu Mateo 25:31-33, 46 ƒo nu tsoe la sɔ kple esi le Daniel ta 7, afisi Fia, Amegã Ðeɖi si le dzi ɖum, la nɔ anyi be yeawɔ yeƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃dɔ le.

      26. Lododoa ŋuti numeɖeɖe yeye ka ŋue míeke ɖo?

      26 Alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa gɔme sese le mɔ sia nu ɖee fia be ʋɔnudɔdrɔ̃ alẽawo kple gbɔ̃awo le ŋgɔ gbɔna. Ava eme ne “xaxa gã” si woyɔ le Mateo 24:29, 30 la dze egɔme eye Amegbetɔvi la ‘va ɖo eƒe ŋutikɔkɔe me.’ (Tsɔe sɔ kple Marko 13:24-26.) Ɣemaɣi, esime nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa aɖo eƒe nuwuwu la, Yesu aɖi ʋɔnu eye wòadrɔ̃ ʋɔnu amewo ahahe emetsonua ava wo dzi.—Yohanes 5:30; Tesalonikatɔwo II, 1:7-10.

  • Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?
    Gbetakpɔxɔ—1995 | October 15
    • 3. Le Yesu ƒe nuƒoa ƒe gɔmedzedze la, nukae wògblɔ be adzɔ ne xaxa gã la dze egɔme teti?

      3 Yesu gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo ava “enumake” ne xaxa gã la dze egɔme la ɖi, siwo míele mɔ kpɔm na. Egblɔ be ekema “Amegbetɔvi la ƒe dzesi” ado. Esia akpɔ ŋusẽ ɖe “anyigba dzi ƒomeawo katã” siwo “[akpɔ] Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi [wògbɔna] kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe” la dzi vevie. Amegbetɔvi la ‘ƒe dɔlawo’ akpe ɖe eŋu. (Mateo 24:21, 29-31)a Ke alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa ya ɖe? Egbegbe Bibliawo ŋlɔnɛ ɖe ta 25 lia me, gake Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo si gaƒo nu geɖe le eƒe vava le ŋutikɔkɔe me ŋu kple eƒe susu tɔtrɔ ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ “dukɔwo katã” ŋu ƒe akpa aɖee wònye.—Mateo 25:32.

      Amesiwo Woyɔ le Lododoa Me

      4. Aleke woƒo nu tso Yesu ŋui le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa ƒe gɔmedzedze, eye amekawo hãe woyɔ?

      4 Yesu dze eƒe lododoa gɔme be: “Ne Amegbetɔvi la ava.” Anɔ eme be ènya amesi “Amegbetɔvi la” nye. Nyanyuigbalẽŋlɔlawo zã nyagbɔgblɔ ma na Yesu enuenu. Yesu ŋutɔ hã zãe, eye ɖikeke mele eme o be Daniel ƒe ŋutega si me wòkpɔ “nane . . . abe amegbetɔ ene” si va Amegã ɖeɖia gbɔ be yeaxɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu” le lae nɔ eƒe susu me. (Daniel 7:13, 14; Mateo 26:63, 64; Marko 14:61, 62) Togbɔ be Yesue nye ame vevitɔ le lododo sia me hã la, menye eya ɖekae le eme o. Egblɔ le nuƒo sia, si le Mateo 24:30, 31 me do ŋgɔ be ne Amegbetɔvi la ‘va kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe’ la, eƒe dɔlawo awɔ akpa vevi aɖe. Nenema kee alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa hã ɖee fia be mawudɔlawo akpe ɖe Yesu ŋu ne ‘enɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi’ be yeadrɔ̃ ʋɔnu. (Tsɔe sɔ kple Mateo 16:27.) Gake dziƒoe Ʋɔnudrɔ̃la la kple eƒe dɔlawo le, eyata ɖe woƒo nu tso amegbetɔwo ŋu le lododoa mea?

  • Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?
    Gbetakpɔxɔ—1995 | October 15
    • DE DZESI NYA SIWO SƆ KPLE WO NƆEWO

      Mateo 24:29-31 Mateo 25:31-33

      Ne xaxa gã la dze egɔme la, Amegbetɔvi la ava

      Amegbetɔvi la ava ɖo

      Ava le ŋutikɔkɔe geɖe me Ava ɖo le ŋutikɔkɔe

      me eye wòanɔ eƒe

      ŋutikɔkɔezikpui dzi

  • Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?
    Gbetakpɔxɔ—1995 | October 15
    • Anyigba dzi ƒomewo katã akpɔe Woaƒo dukɔ katã nu

      ƒu; woadrɔ̃ ʋɔnu

      gbɔ̃wo mlɔeba (xaxa

      gã la awu nu)

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe