INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 12/15 axa 30
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ Kae Anɔ Asiwò Le Ʋɔnudrɔ̃zikpui La Ŋgɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Kpe Asi Ðe Kristo Nɔviwo Ŋu Nuteƒewɔwɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Dzɔ Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Vevienyenye Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 12/15 axa 30

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ède ŋugble le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa ŋu nyuiea? Ðewohĩ adzɔ dzi na wò be nàɖo ŋku nya siwo gbɔna dzi:

◻ Aleke ame ‘ava Yesu gbɔ’ wòawɔ ɖeka kple eƒe amekpekpe si le Mateo 11:28?

Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, ne wòatsɔ eƒe [fuwɔameti, NW] eye wòadze yonyeme.” (Mateo 16:24) Eyata Yesu gbɔ vava fia be ame nabɔbɔ eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ɖe Mawu kple Kristo ƒe lɔlɔ̃nu te, eye wòaxɔ agbanɔamedzi aɖe atsɔ ɣesiaɣi.—8/15, axa 17.

◻ Nukata ame ‘ʋee aɖewo’ koe kpɔa ‘mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee’ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Mateo 7:13, 14?

Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewoe kplɔa amewo le mɔ xaxɛ la dzi. Eyata amesi di le anukware me be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu koe wòadzɔ dzi na. Togbɔ be adze abe ɖe sewo le ‘mɔ xaxɛa’ dzi fũ ene hã la, enaa ablɔɖe ame le mɔ vevi ɖesiaɖe nu. “Se blibo, si nye ablɔɖese” lae wotsɔ ɖo eƒe liƒowoe. (Yakobo 1:25)—9/1, axa 5.

◻ Aleke woatu gɔmesese ɖoe?

Gɔmesese mesua ame si bɔbɔe alo le eɖokui si o. Gake woate ŋu atu gɔmesese ɖo to dzigbɔɖi, gbedodoɖa, agbagbadzedze vevie, hadede nyui, Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu me.—9/1, axa 21.

◻ Aleke amegbetɔ ƒe ŋuʋaʋã ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame dzii?

Ate ŋu aʋã ame be wòakpɔ eƒe lɔlɔ̃tɔ ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amegbetɔwo ate ŋu aʋã ŋu ɖe Yehowa kple eƒe tadedeagu nu wòasɔ. (Fiawo I, 19:10)—9/15, axa 8, 9.

◻ Nukae nyagbɔgblɔ si le Mose I, 50:23 (NW) si ku ɖe Yosef ƒe tɔgbuiyɔviwo ŋu be: “Wodzi wo ɖe Yosef ƒe ata dzi” la fia?

Esia ate ŋu afia ko be Yosef xɔ ɖeviawo be wonye yeƒe dzidzimeviwo. Ate ŋu afia hã be efe kple ɖeviawo lɔlɔ̃tɔe, hetsɔ wo ɖe eƒe ata ta. Ele be vifofo siwo li egbea hã naɖe lɔlɔ̃ ma tɔgbe afia wo viwo.—9/15, axa 20, 21.

◻ Nukae le vevie ŋutɔ hafi srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ nakpɔ dzidzedze?

Hafi srɔ̃tɔwo nate ŋu akpɔ nu nyui siawo la, ele be woatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi. Le ema wɔwɔ me la, srɔ̃tɔwo dzea agbagba be yewoawɔ ɖeka ahakpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ to Mawu ƒe Nya la me aɖaŋuɖoɖowo tsɔtsɔ wɔ dɔe me. Esia ana woaƒo asa na dzigbagbã siwo katã dona tsoa aɖabaŋeŋe ƒu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi me. (Psalmo 19:8-12)—10/1, axa 11.

◻ Aleke nuwɔwɔ kpata le mawusosroɖa me le vevie egbeae?

Nuwɔwɔ kpata le mawusosroɖa me nye luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Yehowa ƒe akpa vevi aɖe. Ekpɔa ame ta hegblẽa agbagba siwo Abosam dzena be yeana ‘ɖeɖi nate’ Mawu ƒe subɔlawo ‘ŋu ne woana ta le woƒe luʋɔwo me’ la me. (Hebritɔwo 12:3) Ekpɔa wo ta be woagaƒo wo ɖokui ɖe xexeame kple eƒe ŋutilãmenudidi vivivo me o, eye ena woƒe susu nɔa dziƒonuwo ŋu—si nye “agbe vavã la.” (Timoteo I, 6:19)—10/1, axa 28.

◻ Le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me la, ɣekaɣie Yesu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui la dzi eye nukatae? (Mateo 25:31-33)

Lododoa megblɔ be enɔ anyi kple susu be yeazu Fia o. Ke boŋ enɔ anyi hezu Ʋɔnudrɔ̃la. Ʋɔnudɔdrɔ̃ ma menye nusi woatsɔ ƒe geɖe awɔ o. Ðe ema teƒe la, lododoa ɖee fia be Yesu atsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ahahe emetsonua ava wo dzi le etsɔme.—10/15, axa 22, 23.

◻ Nukae nye “dzidzime” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe enuenu?

Yesu zã nyagbɔgblɔ “dzidzime sia” na ameha si nɔ anyi le eŋɔli me kple woƒe “mɔfiala ŋkuagbãtɔwo” siwo ƒo ƒu nye Yuda-dukɔa. (Mateo 11:16; 15:14; 24:34)—11/1, axa 14.

◻ Nukae nyagbɔgblɔ “dzidzime sia” fia le Yesu ƒe nyagblɔɖi si le Mateo 24:34-39 me vava mamletɔ me?

Edze ƒã be amesiwo le anyigba dzi siwo kpɔ Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia gake wometrɔ woƒe nɔnɔmewo o lae Yesu wɔnɛ.—11/1, axa 19, 31.

◻ Aleke sitsoƒeduwo kple wo ŋuti sewo ƒe ɖoɖoa ɖe vi na amewo le blema Israel?

Ena Israel-viwo kpɔe dze sii be mele be woaɖe ŋu ɖi alo woawɔ nu ɖekematsɔlemetɔe le amegbetɔ ƒe agbe ŋu o. Ete gbe ɖe alesi wòhiã be wòaɖe nublanuikpɔkpɔ afia ne esɔ be woawɔ nenema hã dzi. (Yakobo 2:13)—11/15, axa 14.

◻ Nukae nye kpɔɖeŋusitsoƒedu la?

Esiae nye ɖoɖo si Mawu wɔ be yeakpɔ mía ta tso ku me ne míeda le eƒe se si ku ɖe ʋu ƒe nukɔkɔenyenye ŋu dzi. (Mose I, 9:6)—11/15, axa 17.

◻ Aleke Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘ŋusẽ nagaɖo mía ŋu’? (Yesaya 40:31)

Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ dometɔ aɖewo li siwo anɔ kuxi kple dodokpɔ mawo tɔgbe me tom eye ɖewohĩ woase le wo ɖokui me abe alesi míesena le mía ɖokui me ene. (Petro I, 5:9) Nyanya be menye míawo ɖeɖekoe dze ŋgɔ nusi me tom míele o eye be míaƒe seselelãmewo menye nusi mebɔ o la naa kakaɖedzi mí hetua míaƒe xɔse ɖo.—12/1, axa 15, 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe