Agbenɔnɔ Ðe Kristotɔwo Ƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu Le Ablɔɖe Me
“Afisi Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.”—KORINTOTƆWO II, 3:17, NW.
1. Amekae Yehowa Ðasefowo ɖe adzɔgbe na, eye nukata wowɔa habɔbɔ siwo woɖo le se nu ŋudɔ?
YEHOWA ÐASEFOWO xɔe se be yewoƒe subɔsubɔha la anɔ anyi tegbee. Eyata wokpɔa mɔ be yewoasubɔ Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” ayi ɖe mavɔmavɔ me. (Yohanes 4:23, 24) Esi tiatiawɔblɔɖe le Kristotɔ siawo si ta la, woɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu bliboe eye woɖoe kplikpaa be yewoanɔ agbe ɖe enu. Woɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu be woana yewoate ŋu awɔe nenema. Esi Ðasefoawo tsɔ woƒe dzi blibo le Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dɔwo wɔm le ablɔɖe si tso Mawu gbɔ me la, wodea bubu si dze la akpa si wɔm dziɖuɖu “siwo ŋusẽ li na” le ŋu eye wowɔa se kple ɖoɖowo ŋudɔ nyuie. (Romatɔwo 13:1; Yakobo 1:25) Le kpɔɖeŋu me, Ðasefowo wɔa Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ŋudɔ wònye habɔbɔ si woɖo le se nu—enye geɖe siwo le dukɔ vovovowo me la dometɔ ɖeka—be woate ŋu awɔ woƒe dɔ si nye kpekpeɖeŋu nana wo havi amegbetɔwo, vevietɔ le gbɔgbɔ me gome. Gake Mawue Ðasefowo ɖe adzɔgbe na, menye habɔbɔ si woɖo le se nu aɖekee o, eye woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa anɔ anyi tegbee.
2. Nukata Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa kple eƒe alɔdze siwo woɖo le se nu ŋu vevie?
2 Esi Yehowa Ðasefowo nye subɔla siwo ɖe adzɔgbe na Mawu ta la, wobia tso wo si be woawɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiafiawo dzi be “miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [miana nyɔnyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple [gbɔgbɔ] kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia [nu] wo.” (Mateo 28:19, 20) Dɔ sia ayi edzi vaseɖe nuɖoanyia ƒe nuwuwu, elabena Yesu gblɔ hã be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:3, 14) Ƒe sia ƒe la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽtaƒewo kple eƒe alɔdze siwo woɖo le se nu ɖoa Biblia, agbalẽwo, agbalẽ gbadzawo, kple magazine miliɔn geɖe ɖe Yehowa Ðasefowo be woazã le woƒe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Eyata habɔbɔ siawo siwo woɖo le se nu nye nu xɔasiwo le kpekpeɖeŋu nana Mawu ƒe subɔla ɖeadzɔgbewo be woanɔ agbe ɖe adzɔgbe si woɖe nɛ nu.
3. Gɔmesese ka nue Yehowa Ðasefowo zã nya “Habɔbɔa” le tsã?
3 Ame aɖe agblɔ be alesi Ðasefowo ƒoa nu tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ŋu—alo alesi woyɔnɛ zi geɖe be “Habɔbɔa” ko—la fia be menye habɔbɔ si woɖo le se nu koe wònye na wo o. Ðe womebunɛ be eyae wɔa tadedeagu ŋuti nyametsotso mamlɛtɔ oa? Agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom kɔ nya sia me esi wòɖe eme be: “Esi [Eŋlisigbe me] Gbetakpɔxɔ [June 1, 1938] yɔ ‘Habɔbɔa’ la, menye habɔbɔ si ŋudɔ wowɔna le se nu dzro ko wòwɔnɛ o, ke Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha si le habɔbɔ ma me hezãnɛ lae wòwɔnɛ.a Eyata nyagbɔgblɔ ma tsi tre ɖi na “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. (Mateo 24:45) Zi geɖe la, gɔmesese sia nue Ðasefowo zãa nya “Habɔbɔ” le. Gake womate ŋu ayɔ habɔbɔ si woɖo le se nu la kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ɖe wo nɔewo teƒe o. Wotiaa amesiwo va zua Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe tatɔwo, gake Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ye siaa ami na Yehowa Ðasefo siwo ƒo ƒu nye “dɔla nuteƒewɔla” la.
4. (a) Aleke Ðasefo geɖe ɖea wo ɖokui nu ale be wòagahe masɔmasɔwo vɛ o? (b) Nukata wòle be míada asɔ le nyawo zazã gome?
4 Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoaɖɔ ŋu ɖo le alesi woɖea wo ɖokui nui me ale be wòagahe masɔmasɔwo vɛ o. Le esi teƒe be woagblɔ be, “Habɔbɔa fia nu be” la, Ðasefo geɖe lɔ̃a nyagbɔgblɔ siawo tɔgbe zazã be, “Biblia gblɔ be,” alo “Mekpɔe le Biblia me be” ale kple ale. Wotoa mɔ sia dzi tea gbe ɖe alesi Ðasefo ɖesiaɖe wɔ eƒe nyametsotso le Biblia ƒe nufiafiawo dzixɔxɔse me dzi eye ewɔnɛ be amewo masusui vodadatɔe be mawusubɔsubɔ ƒe kɔmamã ƒe ɖoɖo kpaɖii aɖe ŋue wobla Ðasefowo ɖo o. Le nyateƒe me la, mele be susudodoɖa le alesi woazã nyawoe ŋu nanye nusi ŋu woahe nya le o. Ne èbu eŋu la, nusi nyawo zazã wɔna koe nye be wòaxe mɔ ɖe nugɔmemasemasewo nu. Ehiã be Kristotɔwo nada asɔ. Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘míagawɔ dzre le nyawo ŋu o.’ (Timoteo II, 2:14, 15) Ŋɔŋlɔawo gblɔ gɔmeɖose sia hã be: “Ne mietsɔ aɖe gblɔ nya, si me mekɔ o la, aleke woadze si nusi miegblɔ la?”—Korintotɔwo I, 14:9.
Mawu ƒe Gbɔgbɔ Ðea Sewo Dede Dzi Kpɔtɔna
5. Aleke wòle be míase Korintotɔwo I, 10:23 gɔmee?
5 Apostolo Paulo gblɔ be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o.” Egblɔ kpee be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.” (Korintotɔwo I, 10:23) Edze ƒã be Paulo mele fiafiam be woɖe mɔ be woawɔ nusiwo ŋu Mawu ƒe Nya ƒo nu tsi tre ɖo wòdze ƒã la o. Sedede siwo ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu mesɔ gbɔ kura o ne míetsɔ wo sɔ kple se siwo ade 600 siwo wode na blema Israel. Eyata wogblẽ nya geɖe ɖi be ame natsɔ eƒe dzitsinya awɔ wo ŋudɔe. Amesi ɖe adzɔgbe na Yehowa nɔa ablɔɖe si tsoa Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe mɔfiafia me la me. Esi Kristotɔ tsɔ nyateƒea wɔ etɔe ta la, eɖoa to eƒe dzitsinya si Biblia na hehee eye wòɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe mɔfiafia ŋu. Esia kpena ɖe Kristotɔ ŋu wòdea dzesi nusi “doa ame ɖe ŋgɔgbe” kple nusi ‘anyo na’ eya ŋutɔ kple ame bubuwo. Ekpɔnɛ be nyametsotso siwo yewɔna kpɔa ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le ye kple Mawu, amesi yeɖe adzɔgbe na dome dzi.
6. Aleke míate ŋu aɖee afia le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me be míetsɔ nyateƒea wɔ mía tɔe?
6 Ðasefo ɖenɛ fiana be yewɔ nyateƒea ye tɔe ne eɖoa nya ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Ðewohĩ gbã la, agblɔe abe alesi woŋlɔe ɖe agbalẽ si srɔ̃m wole me ene. Gake eteƒe madidi o awɔ ŋgɔyiyi ale be wòagblɔ Biblia me nufiafiawo le ye ŋutɔ ƒe nyawo me. Etoa esia dzi ɖenɛ fiana be yele yeƒe tamebuŋutete tum ɖo, ke menye be wòagbugbɔ nya si ame bubuwo gblɔ la anɔ gbɔgblɔm o. Eya ŋutɔ ƒe nyawo tsɔtsɔ ƒo nui kple nyateƒenyawo gbɔgblɔ nyuie tso dzime ana dzi nadzɔe eye wòaɖee afia be ekpɔ kakaɖedzi le eya ŋutɔ ƒe susu me.—Nyagblɔla 12:10; tsɔe sɔ kple Romatɔwo 14:5b.
7. Nyametsotso kawoe Yehowa subɔlawo wɔ faa le wo ɖokui si?
7 Lɔlɔ̃ na Mawu kple ame havi ye ʋãa Yehowa Ðasefowo. (Mateo 22:36-40) Enye nyateƒe be lɔlɔ̃ si ɖi Kristo tɔ te wo ƒo ƒu kplikplikpli wonye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ ya. (Kolosetɔwo 3:14; Petro I, 5:9) Gake esi tiatiawɔblɔɖe le wo si ta la, wo dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔ tso nya me be yeaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, yemade akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o, yeatsri ʋu, yeatsri modzakaɖeɖe ƒomevi aɖewo, eye be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Womezi wo dzi be woawɔ nyametsotso siawo o. Wonye agbenɔnɔ ŋuti nyametsotso siwo amesiwo di be yewoazu Ðasefowo tiana faa be yewoawɔ hafi ɖoa Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe gbɔ.
Ðe Wobua Akɔnta na Dziɖuha La?
8. Nyabiabia ka mee wòhiã be míakɔ?
8 Biblia ɖee fia kɔte be womezia Kristotɔ vavãwo dzi be woasubɔ Mawu o. Egblɔ be: “Yehowa, enye Gbɔgbɔ la; ke afisi Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.” (Korintotɔwo II, 3:17, NW) Gake aleke míatsɔ nya sia aku ɖe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” kple eƒe Dziɖuha ƒe nya la ŋui?—Mateo 24:45-47.
9, 10. (a) Aleke tanyenye ƒe gɔmeɖosea wɔa dɔ le Kristo-hamea mee? (b) Nukae tanyenye ƒe gɔmeɖosea ŋudɔwɔwɔ na wòva hiã le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me?
9 Be míaɖo biabia sia ŋu la, ele be Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si ku ɖe tanyenye ŋu la nanɔ susu me na mí. (Korintotɔwo I, 11:3) Wogblɔ le Kristo ŋu le Efesotɔwo 5:21-24 be enye “ta na hame la,” eye eyae hamea ‘bɔbɔa eɖokui’ na. Yehowa Ðasefowo nya be Yesu ƒe gbɔgbɔmenɔviwoe dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la nye. (Hebritɔwo 2:10-13) Woɖo dɔla nuteƒewɔla ƒe ha sia be wòana gbɔgbɔ me “nuɖuɖu” Mawu ƒe amewo “le ɣeyiɣi nyui dzi.” Kristo ɖo dɔla sia “eƒe nuwo katã dzi” le nuwuɣi sia me. Eyata edze be amesiame si gblɔ be Kristotɔe yenye la nade bubu eƒe ɖoƒea ŋu.
10 Taɖodzinu si le tanyenyea ŋue nye be wòana ɖekawɔwɔ nanɔ anyi eye wòakpɔ egbɔ be “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.” (Korintotɔwo I, 14:40) Be woate ŋu awɔ esia le ƒe alafa gbãtɔ me la, wotia Kristotɔ amesiaminawo ƒe xexlẽme aɖe tso dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me be woanɔ ƒuƒoƒo bliboa katã teƒe. Nusiwo va dzɔ emegbe ɖee fia be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la ƒe dzikpɔkpɔdɔ ŋu heyra ɖe edzi. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tsɔ dzidzɔ lɔ̃ ɖe ɖoɖoa dzii. Ẽ, woxɔe nyuie eye wokpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo do tso eme ŋu.—Dɔwɔwɔwo 15:1-32.
11. Aleke wòle be míabu Dziɖuha si li egbea lae?
11 Asixɔxɔ gakpɔtɔ le ɖoɖo sia tɔgbe wɔwɔ ŋu egbea. Fifi laa la, Kristotɔ amesiamina ewoe le Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me, eye wo katã tsɔ ƒe bla nanewo wɔ Kristotɔwo ƒe dɔwoe. Wonaa gbɔgbɔmemɔfiafia Yehowa Ðasefowo, abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la wɔ ene. (Dɔwɔwɔwo 16:4) Abe alesi wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo gome ene la, Ðasefowo kpɔa nɔvi tsitsi siwo le Dziɖuha la me sinu dzidzɔtɔe le tadedeagu ŋuti mɔfiafia kple aɖaŋuɖoɖo si wotu ɖe Biblia dzi xɔxɔ me. Togbɔ be Dziɖuha la me tɔwo nye Yehowa kple Kristo ƒe kluviwo hã la, Biblia gblɔ na mí amesiwo nye woƒe hati Kristotɔwo be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.”—Hebritɔwo 13:17.
12. Amekae wòle be Kristotɔ ɖesiaɖe nabu akɔnta na?
12 Ðe dzikpɔkpɔ ƒe ɖoƒe si le Dziɖuha la si le Ŋɔŋlɔawo nu fia be ele be Yehowa Ðasefo ɖesiaɖe nabu akɔnta le eƒe dɔwɔwɔ ŋu nɛa? Nya siwo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la mefia nenema o: “Nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mí katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. . . . Mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”—Romatɔwo 14:10-12.
13. Nukata Yehowa Ðasefowo bua woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋuti kɔnta?
13 Gake ɖe menye nyateƒe be wokpɔa mɔ be Ðasefo ɖekaɖekawo nabu akɔnta le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu oa? Ẽ, gake woɖe nusita wowɔnɛ me wòkɔ nyuie ɖe Ðasefowo ƒe mɔfiagbalẽ aɖe me be: “Yesu Kristo yomedzela gbãtɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋuti nyatakakawo ŋu. (Mar. 6:30) Esi dɔa nɔ ku tsem la, wobu akɔntawo kpe ɖe amesiwo nɔ gome kpɔm le nyanyuiea ƒe gbeƒãɖeɖe me la ƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖe dzesi la ŋu. . . . (Dɔw. 2:5-11, 41, 47; 6:7; 1:15; 4:4) . . . Aleke wòhede dzi ƒo na dɔwɔla Kristotɔ nuteƒewɔla mawoe nye si be woase nusi wɔm wole la ŋuti nyatakakawo! . . . Nenema kee Yehowa ƒe habɔbɔ si li egbea la dzea agbagba be yeawɔ dɔ si wɔm wole wònye Mateo 24:14 ƒe emevava la ƒe nuŋlɔɖiwo pɛpɛpɛ.”
14, 15. (a) Aleke Korintotɔwo II, 1:24 ku ɖe Dziɖuha la ŋui? (b) Nuka dzie wòle be Kristotɔ ɖesiaɖe nanɔ te ɖo awɔ eƒe nyametsotsowo, wòanye nuka kpɔkpɔ dzesii?
14 Dziɖuha la nye lɔlɔ̃ ƒe mɔnuɖoɖo kple xɔse ƒe kpɔɖeŋu si wòle be míasrɔ̃. (Filipitɔwo 3:17; Hebritɔwo 13:7) Esi wokuna ɖe Kristo ŋu eye wosrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu ta la, woate ŋu agblɔ abe alesi Paulo gblɔ ene be: “Menye bena, míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.” (Korintotɔwo II, 1:24) Dziɖuha la léa ŋku ɖe nɔnɔmewo ŋu hea susu yia vi siwo Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ ɖena dzi, eɖoa aɖaŋu le Biblia ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ŋu, exlɔ̃a nu le afɔku ɣaɣlawo ŋu, eye wònaa dzideƒo si hiã la ‘hadɔwɔlawo.’ Etoa esia dzi wɔa eƒe Kristotɔwo ƒe xɔnuvidɔwo, ekpena ɖe wo ŋu be dzi nanɔ wo dzɔm, eye etua wo ɖo le xɔse me ale be woate ŋu anɔ te sesĩe.—Korintotɔwo I, 4:1, 2; Tito 1:7-9.
15 Ne Ðasefo wɔ nyametsotso hetui ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖo si Dziɖuha la nana dzi la, eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu mee wòtso wɔe elabena eya ŋutɔ ƒe Biblia sɔsrɔ̃ na wòkpɔ kakaɖedzi be eyae nye mɔ nyuitɔ. Mawu ŋutɔ ƒe Nya la kpɔa ŋusẽ ɖe Ðasefo ɖesiaɖe dzi be wòatsɔ Dziɖuha la ƒe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo nyui awɔ dɔe, le esi wòkpɔe dze sii bliboe be nyametsotso siwo yeawɔ akpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ yeƒe ƒomedodo kple Mawu, amesi yeɖe adzɔgbe na la dzi ta.—Tesalonikatɔwo I, 2:13.
Nusrɔ̃viwo Kple Asrafowo
16. Togbɔ be agbenɔnɔ ŋuti nyametsotsowo nye ame ŋutɔ ƒe nya hã la, nukatae woɖea ame aɖewo le hamea me?
16 Gake ne agbenɔnɔ ŋuti nyametsotsowo nye ame ŋutɔ ƒe nya la, nukatae woɖea Yehowa Ðasefo aɖewo le hamea me? Menye ame aɖekee tsona le eɖokui si ɖoa nuvɔ̃ si tɔgbe wɔwɔ ana woaɖe ame le hame o. Ke boŋ Ŋɔŋlɔawo bia be woaɖe afɔ sia ne hamea me tɔ aɖe wɔa nuvɔ̃ gã abe esiwo woŋlɔ ɖe Korintotɔwo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 5 lia me dzimematrɔmatrɔe ko. Eyata togbɔ be woate ŋu aɖe Kristotɔ le hamea me ɖe matrewɔwɔ ta hã la, ne amea gbe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si alẽkplɔla lɔ̃amewo anɛ ko hafi wòdzɔna alea. Menye Yehowa Ðasefowo koe wɔa Kristotɔwo ƒe afɔɖeɖe sia ŋudɔ o. The Encyclopedia of Religion de dzesii be: “Nuto ɖesiaɖe me tɔwo gblɔna be yewokpɔ mɔ akpɔ yewo ɖokui ta tso yewo dometɔ tosẽla siwo ate ŋu agblẽ nu le yewoƒe dedienɔnɔ ŋu si me. Wowɔa gomenɔamesi sia ŋudɔ vevie le mawusubɔsubɔ me le esi woxɔe se be tohehea [kadodo me tsotso] kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe tenɔnɔ le Mawu ŋkume dzi ta.”
17, 18. Aleke míate ŋu awɔ alesi wòsɔe be woaɖe ame le hamea me ƒe kpɔɖeŋu?
17 Yehowa Ðasefowo nye Biblia srɔ̃lawo. (Yosua 1:8; Psalmo 1:2; Dɔwɔwɔwo 17:11) Míate ŋu atsɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si Dziɖuha la wɔna asɔ kple sukunusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si agbalẽsrɔ̃nyawo dzikpɔlawo wɔna. Togbɔ be menye edzikpɔlawo ŋutɔ gbɔe nusi fiam wole tso o hã la, woawoe wɔ ɖoɖo ɖe nusi woafia, nufiamɔnu si woazã, kple mɔfiame siwo hiã ŋu. Ne ame aɖe gbe be yemawɔ nu wòasɔ ɖe sukua ƒe nudidiwo nu o, wòhea kuxiwo vɛ na ehati sukuviwo, alo wòdoa ŋukpe sukua la, woate ŋu anyãe. Gome le sukua ƒe tatɔwo si be woawɔ nu wòaɖe vi na sukuviawo katã.
18 Tsɔ kpe ɖe nusrɔ̃la siwo Yehowa Ðasefowo nye ŋu la, woganye Yesu Kristo ƒe asrafowo hã, amesiwo wofia be “[woaʋli] xɔse ƒe ʋiʋli nyui la.” (Timoteo I, 6:12; Timoteo II, 2:3) Godoo la, agbenɔnɔ si meɖi Kristotɔ asrafo tɔ o si dzi woanɔ ɖaa ate ŋu ana Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu o. Esi tiatiawɔblɔɖe le Kristotɔ asrafoa si ta la, ate ŋu awɔ nyametsotso siwo wòdi, gake ele be wòatsɔ agba si eƒe nyametsotsoa ahe vɛ. Paulo ɖe eme be: “Ame aɖeke menɔa aʋa wɔm tso gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu. Ke ne ame aɖe le kame tem hã la, womaɖɔ dziɖuɖukuku nɛ o, negbe ɖeko wòate kame le se la nu hafi.” (Timoteo II, 2:4, 5) Kristotɔ tsitsiwo, kple Dziɖuha la me tɔwo hã, zɔna ɖe wo Kplɔla Yesu Kristo ƒe mɔfiame dzi bliboe, eye wowɔa nu ɖe “se la nu” ale be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ ƒe teƒeɖoɖo la.—Yohanes 17:3; Nyaɖeɖefia 2:10.
19. Esi míedzro nya siwo ku ɖe Kristotɔ ƒe adzɔgbeɖeɖe ŋu me vɔ la, nuka dzie míate ŋu aka ɖo?
19 Ðe nyateƒenyaawo mena eme kɔ ƒã be Mawu subɔlawoe Yehowa Ðasefowo nye, ke menye amewo ƒe kluviwo oa? Esi Kristotɔ ɖeadzɔgbewo le vivi sem le ablɔɖe si Kristo na wo me la, wonaa Mawu ƒe gbɔgbɔ kple eƒe Nya la fiaa mɔ woƒe agbenɔnɔ esi wo kple wo nɔviwo le subɔsubɔm le ɖekawɔwɔ me le Mawu ƒe hamea me. (Psalmo 133:1) Ele be esiawo ŋuti kpeɖodziwo nana afisi wokpɔa woƒe ŋusẽ tsonɛ me hã nakɔ nyuie. Woate ŋu adzi ha ɖe hakpala la ti be: “Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.”—Psalmo 28:7.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae le ƒe 1993 me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui
◻ Aleke Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa kple eƒe alɔdze siwo woɖo le se nu kpena ɖe Yehowa Ðasefowo ŋui?
◻ Aleke akpa si Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la wɔna ɖea vi na Kristotɔwoe?
◻ Nukata Yehowa ƒe amewo bua woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋuti kɔnta?
◻ Nɔnɔme kawo mee wòasɔ le be woaɖe Kristotɔ ɖeadzɔgbe le hamea me?
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la na nufiafiawo to mɔ ɖeka
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Yehowa Ðasefowo sea vivi le ablɔɖe si Yesu na wo la me le xexeame katã