INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/1 axa 18
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nunɔlagã Si Bu Fɔ Yesu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Wokplɔ Yesu Yi Ana Gbɔ, Emegbe Wokplɔe Yi Kayafa Gbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Wokplɔe Yi Hana Gbɔe Gakplɔe Va Kayafa Gbɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/1 axa 18

Ènyaa?

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Biblia gblɔ tso apostolo Petro ŋu be edze lãgbalẽŋudɔwɔla aɖe gbɔ hafi wodɔe ɖe Kornelio gbɔ la me?

▪ Wogblɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be Petro nɔ ‘Yopa ŋkeke ʋɛ aɖewo le lãgbalẽŋudɔwɔla aɖe si ŋkɔe nye Simon,’ ame si “ƒe aƒe le ƒua nu” la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 9:43; 10:6) Ɣemaɣi la, Yudatɔwo bua lãgbalẽ ŋu dɔ wɔwɔ be enye dɔ makɔmakɔ si ŋu bubu mele o. Le Talmud, si nye Yudatɔwo ƒe mawusubɔsubɔgbalẽ aɖe me la, wode bubu mĩkɔlawo ŋu wu lãgbalẽŋudɔwɔlawo. Simon ƒe dɔa bia be wòanɔ dɔ wɔm le lã kukuwo ŋu edziedzi, le esia ta tso ŋkeke yi ŋkeke la, eŋu makɔ o le Mose ƒe Sea nu. (3 Mose 5:2; 11:39) Numekugbalẽ vovovowo ɖee fia be Simon anya wɔ atsiaƒutsi ŋu dɔ le eƒe dɔa me, eye anɔ eme be eƒe dɔwɔƒea nɔ dua ƒe gbɔto le “ʋeʋẽ” si dona tso lãgbalẽ ŋu dɔ wɔwɔ me ta.

Ke hã, edze ƒãa be Petro lɔ̃ faa dze Simon gbɔ. Ðewohĩ esia fia be Petro va srɔ̃e be mele be yeanyɔ ŋu ame siwo Yudatɔwo buna be wo ŋu mekɔ o la o, abe ale si ko Yesu hã menyɔ ŋu woe o ene.—Mateo 9:11; Luka 7:36-50.

Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be “wò ŋutɔe gblɔe”?

▪ Esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagã Kayafa bia tso Yesu si be wòaʋu eme le gaglãgbe nenye be eyae nye Kristo, Mawu Vi la hã la, Yesu ɖo eŋu gblɔ bena: “Wò ŋutɔe gblɔe.” (Mateo 26:63, 64) Nya mawo gɔme ɖe?

Menye ɖe Yesu nɔ axa dem na Kayafa ƒe nyabiasea o. Edze ƒãa be nyagbɔgblɔ si nye “wò ŋutɔe gblɔe” la nye Yudatɔwo ƒe adagana nyanyɛ aɖe si fia be nya la nye nyateƒe. Le kpɔɖeŋu me, Yerusalemtɔwo Ƒe Talmud, si nye Yudatɔwo ƒe mawusubɔsubɔgbalẽ si woŋlɔ le ƒe alafa enelia Mía Ŋɔli la, gblɔ be esi wobia Yuda ŋutsu aɖe be ɖe rabi (Yudatɔwo ƒe mawunyafiala) aɖe ku hã la, eɖo eŋu be: “Wòe gblɔe.” Wose eƒe nyaa gɔme be rabi la ku vavã.

Yesu nya be ŋusẽ le nunɔlagã la si be wòabia tso ye si be yeato nyateƒe. Gawu la, ne ɖe Yesu zi kpi la, woasusui be ɖe wòle gbɔgblɔm be menye yee nye Kristo la o. Eya ta Yesu ƒe ŋuɖoɖo si nye: “Wò ŋutɔe gblɔe” la fia be elɔ̃ ɖe edzi be yee nye Kristo la. Le Marko ƒe nuŋlɔɖia nu la, esi Kayafa tɔ gbe Yesu be wòagblɔe ne Eyae nye Mesia la hã la, Yesu ɖo eŋu dzinɔameƒotɔe be: “Nyee.”—Marko 14:62; kpɔ Mateo 26:25 kple Marko 15:2 hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Lãgbalẽŋudɔwɔƒe le Fez, Morocco

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe