INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/15 axa 19-22
  • Alesi Nàkpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Nàkpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sidzedze Amesiwo Anye “Alẽwo”
  • Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze
  • Nana be Woayi Edzi Aɖe Ðetsɔleme Afia
  • Lɔlɔ̃ na Yehowa Tutuɖo
  • Na Kpekpeɖeŋu Ŋutɔŋutɔ
  • Do Ŋusẽ Wo be Woado Dzi
  • Nusita Viɖe le Eme be Míado Vevie Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Mina Mí Katã Míakpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ðe Nàte Ŋu Awɔ Amewo Woanye Nusrɔ̃lawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • ‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/15 axa 19-22

Alesi Nàkpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Me

DZIDZƆ gãtɔ siwo ame ate ŋu akpɔ ɖekae nye be wòanye Mawu ƒe hadɔwɔla. Egbea la, dɔ siwo wɔm Mawu le dometɔ ɖekae nye ame dzɔdzɔewo nu ƒoƒo ƒu va Kristo-hamea me kple hehe nana wo be woanɔ agbe abe Kristotɔwo ene fifia kpakple be woatsi agbe ayi xexe yeye aɖe me.—Mixa 4:1-4; Mateo 28:19, 20; Petro II, 3:13.

Enye dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa Ðasefo siwo le Latin Amerika be woakpɔe be ame miliɔn ɖeka va zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo tso ƒe 1980 me. Le anyigba wɔnu sia si dzi ame geɖe dea bubu Biblia ŋu hexɔ edzi se le la, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖewo te ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu be wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Esi nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si ta la, ɖewohĩ woate ŋu agblɔ nya aɖe na mí le dzidzɔ si tsoa nusrɔ̃lawo wɔwɔ me ŋu. Woƒe aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me le afisi nèle.

Sidzedze Amesiwo Anye “Alẽwo”

Esi Yesu dɔ eƒe apostolowo be woava ɖe gbeƒã la, egblɔ be: “Ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie.” (Mateo 10:11) Ne èɖi tsa yi amewo gbɔ la, aleke nàwɔ akpɔ amesiwo ŋu woate ŋu akpe ɖo le gbɔgbɔ me la adze sii? Edward si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ƒe 50 kple edzivɔ la gblɔ be: “Woɖenɛ fiana to woƒe nyabiabia veviwo kple alesi woƒe dzi dzea emee ne wona ŋuɖoɖoa wo tso Ŋɔŋlɔawo mee la me.” Carol gblɔ kpee be: “Ne ame aɖe ɖe eya ŋutɔ ƒe kuxi alo nusi le fu ɖem nɛ gblɔ nam la, efia be ehiã kpekpeɖeŋu vavã. Medzea agbagba be madi nya siwo akpe ɖe eŋu tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me. Ðetsɔtsɔ le eme na wo alea ʋua mɔ ɖi zi geɖe be míedzea Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.” Gake menye ɣesiaɣie wokpɔa anukwaretɔwo dzea sii bɔbɔe o. Luis ka nya ta be: “Ame aɖewo siwo edze abe ɖe wotsɔ ɖe le eme vevie ene la megatsɔa ɖeke le eme kura o, gake amesiwo edze abe ɖe wotsi tre ɖe eŋu gbã ene la trɔ esime wose nya si tututu Biblia gblɔ.” Esi Latin Amerikatɔ geɖe dea bubu Biblia ŋu ta la, egblɔ kpee be, “Mekpɔa amesiwo ŋu woate ŋu akpe ɖo le gbɔgbɔ me la dzea sii ne woxɔ nusi Biblia fia la bɔbɔe ne meɖee fia wo vɔ.” Kpekpe ɖe amesiwo “dze” ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me hea dzidzɔ kple dzidzeme vɛ. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze

Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta zazãe nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpe ɖe amewo ŋu be woase Biblia me nyateƒea gɔme zi geɖe. (Mateo 24:45) Aleke nàte ŋu atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo ƒe asixɔxɔ ŋu? Edward gblɔ be: “Esi nɔnɔme siwo me amewo le, amenyenye kple nukpɔsusu toa vovo ŋutɔ ta la, medzea agbagba be matrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze me.” Màte ŋu azã mɔnu ɖeka ma ke na amesiame o.

Le ame aɖewo gome la, ahiã be woaɖo dze kpli wo tso Ŋɔŋlɔawo me agbalẽ mazãmazãe zi geɖe hafi ahe woƒe susu ayi Biblia-srɔ̃gbalẽwo dzii. Gake srɔ̃tɔ dutanyanyuigblɔla aɖewo ka nya ta be: “Zi geɖe la, míetsɔa nusɔsrɔ̃ ɖoa woƒe ŋku me le yiyi zi gbãtɔ me.” Nenema ke Ðasefo aɖe si kpe ɖe ame 55 ŋu woɖo adzɔgbeɖeɖe gbɔ la gblɔ be: “Mɔ si dzi metona koŋ dzea Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee nye be míegena ɖe agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi me tẽ.” Togbɔ be ame aɖewo melɔ̃na be woasrɔ̃ naneke kpli yewo o hã la, ame bubuwo lɔ̃na faa be yewoasrɔ̃ nusianu si woxɔ se be akpe ɖe yewo ŋu le agbe me. Be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo femaxee nye nya dzeto na amesiawo. Dutanyanyuigblɔla aɖewo ɖea ɖoɖo sia me eye wogblɔna be: “Madi be mafia wò alesi míewɔnɛ. Ne edzɔ dzi na wò la, àte ŋu ayi edzi. Ne medzɔ dzi na wò o la, nàgblɔe.” Ne wogblɔe alea ko la, amewo megavɔ̃na be yewoalɔ̃ ɖe edzi o.

Ðasefo bubu si kpe ɖe ame dahe kple agbalẽmanyala geɖe ŋu la gblɔ be: “Mekpɔe be traktwo ɖea vi ŋutɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze me.” Agbalẽ kae woɖazã o, ɣeyiɣiawo katã ƒe nufialawo dzea agbagba be yewoate gbe ɖe Biblia ŋutɔ dzi. Carola gblɔ be: “Le nusɔsrɔ̃ gbãtɔ me la, mezãa nɔnɔmetatawo ko kple mawunyakpukpui abe atɔ̃ ene, esia wɔnɛ be nya veviawo dzena eye Biblia la medzena abe nusi sesẽ ene o.”

Nana be Woayi Edzi Aɖe Ðetsɔleme Afia

Amewo kpɔa dzidzɔ ne wose le wo ɖokui me be yewole ŋgɔ yim, eyata Jennifer kafui be: “Na nusɔsrɔ̃a navivi. Na nusɔsrɔ̃a nayi ŋgɔ.” Nusɔsrɔ̃a wɔwɔ edziedzi si me womatso hena kwasiɖa geɖe o hã akpe ɖe wo ŋu woasee le wo ɖokui me be yewole ŋgɔ yim. Mɔɖela vevi aɖe si tsi le kɔƒe me ɖe alesi wòle vevie be woana numeɖeɖea nanɔ bɔbɔe eye woate gbe ɖe nya veviawo dzi ale be amesiwo mede suku boo o gɔ̃ hã nate ŋu awɔ ŋgɔyiyi la me. Egblɔ be: “Le míaƒe kɔƒea me la, ele be míawu tsi anyigba ne míeƒã nukuwo vɔ. Ne míekɔ tsia ɖe anyigba fũ akpa la, keawo léna ɖe wo nɔewo ŋu wòva sesẽna ale be nuku siwo le miemiem mete ŋu toa eme o, eye wokuna. Nenema ke ne èkɔ nya vevi geɖe ɖe nusrɔ̃vi yeyewo dzi la, awɔ abe ɖe nua sesẽ akpa ene eye woana ta.” Ele be amesiwo ƒe susu léa nu kaba gɔ̃ hã nadzro nyati ɖeka me le ɣeyiɣi ɖeka me be woate ŋu ayi ŋgɔ le nugɔmesese me. Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be: “Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi; gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.”—Yohanes 16:12.

Mɔ bubu si dzi nàto ana woayi edzi aɖe ɖetsɔleme afiae nye be nàde dzi ƒo na amesiwo nèsrã kpɔ be woayi edzi ade ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu ne yedzo le wo gbɔ. Yolanda kafui be: “Gblẽ nyabiabia aɖe ɖe wo gbɔ. Na dɔdasi aɖe wo be woawɔ le aƒe me, abe Biblia ƒe akpa aɖe xexlẽ ene alo be woaku nu me tso nyati aɖe si ka wo la ŋuti.”

Lɔlɔ̃ na Yehowa Tutuɖo

Wò dzidzɔ agba go ne èkpe ɖe wò nusrɔ̃viwo ŋu wova zu ‘nyadziwɔlawo, eye menye nyaselawo ɖeɖeko o.’ (Yakobo 1:22) Aleke nàte ŋu awɔ emae? Lɔlɔ̃ na Yehowae ʋãa Kristotɔ vavãwo. Pedro, si tso Mexico ɖe eme be: “Amewo mate ŋu alɔ̃ amesi womedze si o, eyata tso nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze ke la, mefiaa Mawu ƒe ŋkɔ wo tso Biblia me, eye media mɔnukpɔkpɔwo be mate gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo dzi.” Ne miele dze ɖom la, àte ŋu atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu ɖe wo me to alesi nèsena le ɖokuiwò me tso eŋu nya gbɔgblɔ me. Elizabeth gblɔ be: “Medzea agbagba be maƒo nu tso Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu ɣesiaɣi. Ne míele nu srɔ̃m eye mekpɔ seƒoƒo dzeani aɖe, xevi dzeani aɖe, alo dadivi si le fefem la, megblɔna ɣesiaɣi be Yehowa ƒe nuwɔwɔe wònye.” Jennifer doe ɖa be: “Ƒo nu tso Mawu ƒe xexeme yeye si ŋugbe wòdo ƒe nuŋutɔŋutɔnyenye ŋu abe alesi nènya be wòle ene. Bia wo nusi woadi be yewoawɔ le xexe yeyea me.”

Ne ame aɖe tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ de ŋugble le nusi srɔ̃m wòle tso Yehowa ŋu ŋuti la, egena ɖe eƒe dzi me eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe edzi. Gake ele be wòaɖo ŋku nu dzi hafi ate ŋu ade ŋugble. Nyati vevi etɔ̃ alo ene me toto le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe megbe akpe ɖe wo ŋu woaɖo ŋku edzi. Biblia-fiala geɖe na ame yeyewo ŋlɔa mawunyakpukpui veviwo kple nya ʋee aɖewo ɖe woƒe Biblia me. Dutanyanyuigblɔla aɖe si tso England ɖe viɖe bubu si le numetoto wɔwɔ me be: “Mebiaa wo alesi nusɔsrɔ̃a ɖe vi na woe. Esia wɔnɛ be wotsɔa ŋudzedzekpɔkpɔ dea ŋugble tso Yehowa ƒe mɔwo kple sewo ŋu.”

Ðasefo nuteƒewɔla aɖe si do le Gilead ƒe klass etɔ̃lia gblɔ be: “Ele be dzo nanɔ mía me. Ele be míaƒe nusrɔ̃viwo nakpɔe adze sii be míexɔ nusi fiam míele la dzi se.” Xɔse si na nèva zu “dɔ ƒe wɔla” kpɔdzidzɔ la ate ŋu age ɖe woawo hã me nenye be èʋu eme.—Yakobo 1:25.

Ðasefo aɖe si kpe ɖe ame geɖe ŋu wova le Yehowa subɔm la gblɔ be: “Mekpɔnɛ be amewo senɛ le wo ɖokui me be yewote ɖe Mawu ŋu kplikplikpli ne mekpe ɖe wo ŋu wokpɔ woƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo dze sii. Megblɔa nye ŋutɔ nye nuteƒekpɔkpɔ na wo, abe esia ene: “Esime mía kple nye zɔhɛ mɔɖela míeɖo afisi wode dɔ yeye asi na mí le la, detsiƒonu sue aɖe, kple margarine bablɛ ɖeka, koe nɔ mía si eye ga aɖeke menɔ mía si o. Míeɖu nusi nɔ mía si le fiẽ me wòvɔ eye míegblɔ be, ‘Azɔ naneke meli míakpɔ aɖu etsɔ o.’ Míetsɔe de gbedodoɖa me, eye míeyi ɖamlɔ anyi. Le ŋufɔke la, Ðasefo aɖe si le nutoa me va ɖe eɖokui fia eye wògblɔ be, ‘Medo gbe ɖa be Yehowa naɖo mɔɖelawo ɖe mí. Fifia mate ŋu azɔ kpli mi ŋkekea ƒe ɣeyiɣi geɖe, gake esi metso kɔƒe kemɛ me ta la, ele be maɖu ŋudɔnu kple mi, eyata melé nuɖuɖu sia si ade na mí katã ɖe asi.’ Enye nyilã gbogbo aɖe kple detsiƒonuwo. Megblɔnɛ na nye nusrɔ̃viwo ɣesiaɣi be Yehowa megblẽa mí ɖi gbeɖe ne míedi eƒe Fiaɖuƒea gbãgbiagbã o.”—Mateo 6:33.

Na Kpekpeɖeŋu Ŋutɔŋutɔ

Amewo wɔwɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe bia nu geɖe wu Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ko. Dutanyanyuigblɔla aɖe si subɔ ƒe geɖe abe dzikpɔla mɔzɔla ene la gblɔ be: “Kpɔ vovo ɖe wo ŋu. Mèganɔ yɔyɔm adzo le wo gbɔ le nusɔsrɔ̃a megbe o. Ne anya wɔ la, nɔ wo gbɔ vie miaɖo dze.” Elizabeth gblɔ be: “Metsɔa ɖe le eme na wo elabena agbe ŋue nya la ku ɖo. Metsia dzi ɖe wo ŋu zi geɖe abe vinyewoe wonye ene.” Ðasefo bubuwo ɖo aɖaŋu siawo be: “Srã wo kpɔ ne wodze dɔ. Ne ète ɖe woƒe aƒe ŋu, le kpɔɖeŋu me ne èle gbeadzi la, wɔ tsaɖiɖi kpuie nàyi wo gbɔ aɖe Ðasefo bubuwo afia wo.” Eva gblɔ be: “Ðo to nyuie nàse nusi me amea to kple nɔnɔme si me wòle la gɔme. Nusiawo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo wɔa nui ɖe nyateƒea ŋu dzi eye ate ŋu axe mɔ na woƒe ŋgɔyiyi. Nye wo xɔlɔ̃, ale be kakaɖedzi nanɔ wo si be woate ŋu agblɔ woƒe kuxiwo na wò.” Carol gblɔ kpee be: “Ðetsɔtsɔ le amea me nyateƒetɔe le vevie le esi tɔtrɔ siwo nyateƒea ahe va eƒe agbenɔnɔ me awɔe be ɣeaɖewoɣi ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nagbe wo ta. Zi geɖe la, anyo ne nusrɔ̃via nya afisi míele eye dzideƒo le esi be wòate ŋu ava mía gbɔ ɣesiaɣi.” Kpe ɖe eŋu wòakpɔ hamea be enye ƒome yeye na ye.—Mateo 10:35; Marko 10:29, 30.

Yolanda gblɔ be: “Nɔ ŋudzɔ nàna kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ wo. Nɔ wo gbɔ le kpekpewo me eye nàkpe ɖe wo ŋu le wo viwo gbɔ kpɔkpɔ me.” Alesi woana hehe wo viwo, woawɔ ŋgɔyiyi le dzadzɛnyenye me, woadzra ɖo aɖo nya ŋu le kpekpewo me, kple alesi woawɔ dɔdasiwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me fiafia ame yeyewo la katã kpe ɖe nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔa ŋu. Nɔvinyɔnu bubu gblɔ kpee be: “Ele vevie be woana hehe nusrɔ̃vi yeyewo hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Ne woŋe aɖaba ƒu hehenana sia dzi la, ame aɖewo anɔ vɔvɔ̃m na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, woabu woƒe dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa subɔsubɔ me, eye womate ŋu ado dzi o.” Eyata na hehe wo nyuie le aƒeme yi aƒeme dɔa, le tɔtrɔyiwo wɔwɔ, kple le Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze me. Wò dzidzɔ agba go ne èkpɔe be wò nusrɔ̃via le ŋgɔ yim to wò kpekpeɖeŋu kple mɔfiame dzi.

Do Ŋusẽ Wo be Woado Dzi

Nusrɔ̃lawo wɔla bibi aɖe xlɔ̃ nu be: “Amewo senɛ le wo ɖokui me be ne nusrɔ̃via nya xɔ nyɔnyrɔ̃ ko la, nusɔsrɔ̃a megahiã o.” Ele be nufiala kple nusrɔ̃via siaa naɖo ŋku edzi be Kristotɔ yeye si xɔ nyɔnyrɔ̃ la mekpɔ ɖo gbɔgbɔ me tsitsi gbɔ keŋkeŋ o. Ele be wòatsi ɖe edzi le xɔse me, le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe se ŋu me, kple le eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa me. Ehiã be woade dzi ƒo nɛ wòawɔ ɖoɖo nyui ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu be wòayi edzi awɔ ŋgɔyiyi.—Timoteo I, 4:15.

Ame yeyea ahiã kpekpeɖeŋu be wòayi ŋgɔ ava zu nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ si wɔa ame. Ahiã mɔfiame le nuwɔwɔ kple nɔviwo ƒe blibomademade me esime wòle tetem ɖe wo ŋu kplikplikpli. (Mateo 18:15-35) Ahiã kpekpeɖeŋu be wòava zu nufiala bibi, be wòate ŋu awɔ numekuku le eɖokui si. Dutanyanyuigblɔla aɖe ka nya ta be: “Nusrɔ̃vi aɖe di be yeabi ɖe edzi wu le nufiafia me, eyata egblɔ nam be, ‘Mele nusɔsrɔ̃ yeye aɖe gɔme dze ge le kwasiɖa si gbɔna me, gake ele be magaɖo ŋku nanewo dzi le ta gbãtɔ siwo mesrɔ̃ me. Meɖe kuku àte ŋu agato ta mawo me kplim ake, ɖekaɖeka, ale be made dzesi mawunyakpukpuiawo kple kpɔɖeŋuawo me ɖeɖe, ne mate ŋu awɔ wo ŋudɔ ne mele nua srɔ̃m kpliia?’ Eva zu nufiala nyui aɖe si ƒe nusrɔ̃vi ene xɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpe ɖeka me.”

Nusita Viɖe le Eme be Míado Vevie Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

Pamela gblɔ be: “Nusrɔ̃lawo wɔwɔ fia be ame geɖe anye Yehowa kafulawo. Anye agbe na amesiwo xɔ nyateƒea. Nyateƒea fiafia ame bubuwo vivia nunye ŋutɔ—edzɔa dzi nam ale gbegbe! Àkpɔe be nusrɔ̃viawo anɔ tsitsim vivivi, woanɔ tɔtrɔ wɔm le woƒe agbe me ahanɔ mɔxenu siwo adze abe ɖe wo dzi manya ɖu o ene la dzi ɖum to Yehowa ƒe gbɔgbɔa dzi. Ame geɖe siwo lɔ̃ Yehowa va zu nye xɔlɔ̃ veviwo.”

Dutanyanyuigblɔla aɖe si tso Germania ka nya ta be: “Ne mede ŋugble tso amesiwo ŋu mekpe ɖo be wova zu nusrɔ̃lawo ŋu la, mekpɔa ame aɖewo siwo me kakaɖedzi aɖeke menɔ kura o la wɔ ŋgɔyiyi geɖe va zu Mawu ƒe subɔlawo eye esia wɔa nuku nam ale gbegbe. Mekpɔa amesiwo ɖu mɔxenu gãwo dzi, eye edze ƒã be Yehowa ƒe kpekpeɖeŋue. Mekpɔa ƒome siwo me mã tsã gake fiafia wogawɔ ɖeka—ɖevi kpɔdzidzɔwo kple dzila ɖɔʋuwo. Mekpɔa amesiwo le vivi sem le agbe si ŋu taɖodzinu le me, hele Yehowa kafum. Esiae nye dzidzɔ si tsoa nusrɔ̃lawo wɔwɔ me.”

Ẽ, be woanye Yehowa Mawu ƒe hadɔwɔla le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me hea dzidzɔ manyagblɔ aɖe vɛ. Dutanyanyuigblɔlawo kple mɔɖelawo ƒe nuteƒekpɔkpɔawo ɖo kpe edzi. Àte ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme ma ke ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoawo dzi eye nèwɔe kple luʋɔ blibo. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, wò dzidzɔ agba go.—Lododowo 10:22; Korintotɔwo I, 15:58.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe