-
Gbɔgbɔ Kɔkɔea—Mawu ƒe DɔwɔŋusẽeÐe Wòle Be Nàxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?
-
-
Wogblɔ le Mateo 28:19 me be “le . . . gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.” Gake menye ɣesiaɣie nya “ŋkɔ” fiaa ameŋkɔ le Helagbe me alo le Eʋegbe me o. Ne míegblɔ be “le sea ƒe ŋkɔ me” la, menye ame aɖeke ƒe nya gblɔm míele o. Nusi sea le tsitre ɖi na, esi nye eƒe ŋusẽ ŋu nya gblɔm míele. Robertson ƒe Word Pictures in the New Testament gblɔ be: “Ŋkɔ [onoma] la zazã hena ŋusẽ alo dziɖuŋusẽ nye nusi bɔ le afisia le Septuagint kple Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ ɖe blemagbalẽ dzi me.” Eyata nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ‘ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ me’ la fia sidzedze gbɔgbɔa ƒe ŋusẽ be Mawu gbɔe wòtso eye wòwɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.
-
-
Ke Mawuɖekaetɔ̃ ƒe “Kpeɖodzi Mawunyakpukpuiwo” Ya Ðe?Ðe Wòle Be Nàxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?
-
-
AGBALẼ si nye New Catholic Encyclopedia yɔ mawunyakpukpui mawo tɔgbe etɔ̃ gake elɔ̃ ɖe edzi be: “Womefia Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔea ƒe nufiafia le N[ubabla] X[oxoa] me o. Le N[ubabla] Y[eyea] me la, eƒe ɖaseɖiɖi xoxotɔ kekeake dze le Paulo ƒe lɛtawo me, vevietɔ le Kor II, 13.13 [kpukpui 14 lia le Biblia aɖewo me], kple Kor I, 12.4-6 me. Le Nyanyuieawo me la, Mawuɖekaetɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi dze kɔte le mawutsidenamenya siwo le Mt 28.19 me ko.”
Le kpukpui mawo me la, woɖo “ame” etɔ̃ mawo ɖe ɖoɖo si gbɔna la nu le The New Jerusalem Bible me. Korintotɔwo II, 13:13 (14) ƒo ame etɔ̃awo nu ƒu ale: “Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve, Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe hamenɔnɔ nenɔ anyi kple mi katã.” Korintotɔwo I, 12:4-6 gblɔ be: “Nunana ƒomevi vovovo geɖewo li, gake Gbɔgbɔ ma kee ɣesiaɣi; mɔ vovovo geɖe siwo nu woasubɔ le la li, gake Aƒetɔ ma kee ɣesiaɣi. Dɔwɔwɔ ƒomevi vovovo geɖewo li, gake le amesiame me la, Mawu ma kee le dɔ wɔm le wo katã me.” Eye Mateo 28:19 xlẽ be: “Eyata miheyi ɖawɔ dukɔwo katã nusrɔ̃lawoe; mide mawutsi ta na wo le Fofo la kple Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.”
Ðe kpukpui mawo le gbɔgblɔm be Mawu, Kristo, kple gbɔgbɔ kɔkɔea nye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Mawu eye be wonye nu ma ƒomevi ke, hesɔ le ŋusẽ, kple mavɔmavɔtɔnyenye mea? Ao, womele gbɔgblɔm nenema o, abe alesi ame etɔ̃, abe Mensa, Anani kple Do ene yɔyɔ mefia be wonye ame etɔ̃ le ame ɖeka mee o ene.
McClintok kple Strong ƒe Cyclopedia of Biblical, Theological and Ecclesiastical Literature lɔ̃ ɖe edzi be “ɖeko [nuyɔyɔ sia ƒomevi] ɖo kpe edzi be nu etɔ̃e woyɔ, . . . gake eya ɖeɖe meɖo kpe edzi be nu etɔ̃awo katã le Mawu ƒe nɔnɔme me eye Mawu ƒe bubu ma ke le wo katã ŋu kokoko o.”
Togbɔ be agbalẽ ma de Mawuɖekaetɔ̃ dzi hã la, egblɔ tso Korintotɔwo II, 13:13 (14) ŋu be: “Menye nusi sɔ be míaƒo nya ta be ŋusẽ si sɔ kple wo nɔewo le wo si o, alo be nɔnɔme ma ke le wo si o.” Eye egblɔ tso Mateo 28:18-20 ŋu be: “Ne míetsɔ nusi mawunyakpukpui sia ŋutɔ gblɔ wɔ dɔe la, maɖo kpe nu etɔ̃ siwo woyɔ la ƒe amenyenye alo woƒe tasɔsɔ alo mawunyenye dzi bliboe o.”
-