INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwfq nyati 47
  • Aleke Mawɔ Azu Yehowa Ðasefo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Azu Yehowa Ðasefo?
  • Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke mawɔ anya ne mesu te na nyɔnyrɔxɔxɔ?
  • Ðe wòle be ɖevi siwo dzilawo nye Ðasefowo hã naɖe afɔ siawoa?
  • Akpa si Nyɔnyrɔxɔxɔ Wɔna le Mia Kple Mawu Dome Ƒomedodo Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðoe Be Nàsubɔ Mawu Tegbee
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Dzedze Na Kristotɔwo Ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
ijwfq nyati 47
Yehowa Ðasefo eve le gbe dom na wo nɔewo

Aleke Mawɔ Azu Yehowa Ðasefo?

Yesu ɖɔ afɔ siwo wòle be ame naɖe hafi azu Yehowa Ðasefo la le Mateo 28:19, 20. Mawunyakpukpui sia gblɔ nu si wòle be ame nawɔ hafi anye Kristo ƒe nusrɔ̃la, eye wo dometɔ ɖekae nye ɖaseɖiɖi alo nuƒoƒo tso Yehowa ŋu na amewo.

Afɔɖeɖe 1: Srɔ̃ nu si Biblia fia. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be, miwɔ “nusrɔ̃lawo” eye wògagblɔ hã be “miafia wo.” (Mateo 28:19, 20) Nya si gɔme woɖe be “nusrɔ̃lawo” la fia “ame si srɔ̃a nu.” Nya siwo nèhiã ale be nàkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me la le Biblia me, vevietɔ le Yesu ƒe nufiafiawo me. (2 Timoteo 3:16, 17) Adzɔ dzi na mí be míasrɔ̃ Biblia kpli wò gamaxɔmaxɔe ne nànya nu si Biblia fia.​—Mateo 10:7, 8; 1 Tesalonikatɔwo 2:13.

Afɔɖeɖe 2: Wɔ nu si nèsrɔ̃ la dzi. Yesu gblɔ be ele be ame siwo nye yeƒe nusrɔ̃lawo nawɔ ɖe “nu siwo katã ƒe se [yede]” la dzi. (Mateo 28:20) Esia fia be mele be nàsrɔ̃ nu kple susu be yeanya nu ɖe tame ko o, abia be nàtrɔ wò agbenɔnɔ kple tamebubu kura. (Dɔwɔwɔwo 10:42; Efesotɔwo 4:22-29; Hebritɔwo 10:24, 25) Esia ʋãa ame siwo wɔna ɖe Yesu ƒe sededewo dzi be woawo ŋutɔwo natiae be yewoadze Yesu yome eye yewoatsɔ yewoƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu.​—Mateo 16:24.

Afɔɖeɖe 3: Xɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 28:19) Biblia tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ sɔ kple ameɖiɖi. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 6:2-4.) Enye dzesi be ame si wonyrɔ la ku le eƒe agbenɔnɔ tsãtɔ gome eye wòle agbe yeye gɔme dzem. Ne wonyrɔ wò la, èlɔ̃ ɖe edzi le dutoƒo be yewɔ ɖe afɔɖeɖe eve gbãtɔ siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe la dzi eye nèle biabiam tso Mawu si be wòana dzi dzadzɛ ye.​—Hebritɔwo 9:14; 1 Petro 3:21.

Aleke mawɔ anya ne mesu te na nyɔnyrɔxɔxɔ?

Na hamemetsitsiwo nanya. Woaɖe nu si nyɔnyrɔxɔxɔ lɔ ɖe eme la me na wò. Woakpɔe ɖa hã be èle wɔwɔm ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la dzi eye be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu xoxo hã.​—Dɔwɔwɔwo 20:28; 1 Petro 5:1-3.

Ðe wòle be ɖevi siwo dzilawo nye Ðasefowo hã naɖe afɔ siawoa?

Ɛ̃. Míehea mía viwo le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me” abe ale si Biblia de se ene. (Efesotɔwo 6:4) Gake ne wole tsitsim la, ele be woawo ŋutɔwo natso nya me asrɔ̃ nu si Biblia fia, alɔ̃ ɖe wo dzi ahawɔ wo dzi ko hafi woate ŋu adze na nyɔnyrɔxɔxɔ. (Romatɔwo 12:2) Le wo katã me la, ame sia ame ŋutɔe atso nya me ne asubɔ Mawu loo alo masubɔe o.​— Romatɔwo 14:12; Galatiatɔwo 6:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe