INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Mifia Wo Bena, Woawɔ Nusiwo Katã Meɖo Na Mi La’
    Gbetakpɔxɔ—2004 | July 1
    • ‘Mifia Wo Bena, Woawɔ Nusiwo Katã Meɖo Na Mi La’

      “Miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.”—MATEO 28:19, 20.

      1. Dze kae nusrɔ̃la Filipo ɖo kple Etiopia-ŋutsu aɖe?

      ETIOPIA-ŊUTSUA zɔ mɔ yi ɖe keke Yerusalem ke. Eyi ɖade ta agu na Mawu, Yehowa, si wòlɔ̃ la le afima. Edze ƒã be elɔ̃ Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me hã. Esime wònɔ eƒe tasiaɖam me trɔ yina aƒe la, enɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa ƒe akpa aɖe xlẽm esime Yesu ƒe nusrɔ̃la, Filipo, do goe. Filipo bia Etiopiatɔa be: “Èle nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?” Ŋutsua ɖo eŋu bena: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Filipo yi edzi kpe ɖe Ŋɔŋlɔawo srɔ̃la dovevienu sia ŋu wòva zu Kristo ƒe nusrɔ̃la.—Dɔwɔwɔwo 8:26-39.

      2. (a) Mɔ ka nue susu le Etiopiatɔ la ƒe ŋuɖoɖoa me le? (b) Biabia siwo ku ɖe se si Kristo de be woawɔ nusrɔ̃lawo ŋu kawo mee míadzro?

      2 Etiopiatɔ la ƒe ŋuɖoɖoa ɖedzesi ŋutɔ. Egblɔ be: ‘Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?’ Ẽ, ehiã na mɔfiala, si nye ame aɖe si afia mɔe la. Nya sia ɖeɖe ɖe vevienyenye si le mɔfiame aɖe si Yesu na tẽ le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa dede asi me ŋu fia. Mɔfiame kae? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míayi Yesu ƒe nya siwo le Mateo ta 28 la me dzodzro dzi. Nyati si do ŋgɔ la ɖo biabia siwo nye nukatae? kple afikae? ŋu. Azɔ míadzro biabia eve bubu siwo ku ɖe se si Kristo de be woawɔ nusrɔ̃lawo la ŋu me—woawoe nye nukae? kple ɣekaɣie?

      “Miafia Wo Bena, Woawɔ Nusiwo Katã Meɖo na Mi La”

      3. (a) Aleke ame wɔna va zua Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lae? (b) Nusrɔ̃lawɔwɔ lɔ nuka fiafia wo ɖe eme?

      3 Nukae wòle be míafia amewo ale be woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo? Yesu de se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:19, 20) Eyata ele be míafia nusiwo Kristo ɖo la.a Gake nukae awɔe be amesi wofia Yesu ƒe nuɖoɖowoe la mava zu nusrɔ̃la ko o ke boŋ wòakpɔtɔ anye nusrɔ̃la? Nusiwo awɔe la dometɔ ɖeka dze le alesi Yesu tia nyawo ŋuɖɔɖotɔe me. De dzesii be menye ɖeko wògblɔ be: ‘Mifia wo nusiwo katã meɖo na mi’ ko evɔ o. Ke boŋ egblɔ be: ‘Mifia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.’ (Mateo 19:17) Nukae esia lɔ ɖe eme?

      4. (a) Be woawɔ se dzi gɔme ɖe? (b) Wɔ alesi míefiaa Kristo ƒe sewo dziwɔwɔ amee ƒe kpɔɖeŋu.

      4 Be woawɔ se dzi fia be “ame ƒe nuwɔna nasɔ ɖe” se aɖe nu—be woaɖo toe alo alé eme ɖe asi. Ekema aleke míefiaa ame aɖe be wòawɔ, alo aɖo to, nusiwo Yesu ɖo lae? Bu alesi ʋukukufiala fiaa ʋukusewo dziwɔwɔ eƒe sukuviwoe ŋu kpɔ. Nufiala la afia ʋukuseawo sukuviawo le sukuxɔme. Gake, be wòafia alesi sukuviawo nawɔ ɖe se mawo dzi wo la, ele be woanɔ mɔfiamewo nam sukuviawo esime wole ʋua kum ŋutɔŋutɔ le ʋumɔ dzi hele agbagba dzem be yewoatsɔ nusiwo yewosrɔ̃ la ade dɔwɔna me. Nenema kee ne míesrɔ̃ Biblia kple amewo la, míefiaa Kristo ƒe nuɖoɖoawo wo. Gake, ehiã be míana mɔfiamewo nusrɔ̃viawo esime wole agbagba dzem be woawɔ ɖe Kristo ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me kple le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Yohanes 14:15; Yohanes I, 2:3) Eyata, Kristo ƒe se si wòde be woawɔ nusrɔ̃lawo la dzi wɔwɔ bliboe bia be míanye nufialawo kple mɔfialawo siaa. Le mɔ sia nu la, míesrɔ̃a kpɔɖeŋu siwo Yesu kple Yehowa ŋutɔ ɖo la.—Psalmo 48:15; Nyaɖeɖefia 7:17.

      5. Nukatae ame aɖe si míesrɔ̃a Biblia kplii la ahe ɖe megbe le wɔwɔ ɖe se si Kristo de be woawɔ nusrɔ̃lawo la dzi me?

      5 Nufiafia amewo be woawɔ Yesu ƒe sewo dzi lɔ kpekpe ɖe wo ŋu be woawɔ ɖe nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe sea dzi ɖe eme. Ema wɔwɔ ate ŋu adze nu sesẽe na amesiwo míesrɔ̃a Biblia kpli la dometɔ aɖewo. Ne woɖanye Kristodukɔa me sɔlemeha aɖe me tɔ dovevienuwo tsã hã la, anɔ eme be subɔsubɔhakplɔla siwo fiaa nu wo tsã la mefia wo kpɔ be woayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo o. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo lɔ̃ ɖe edzi be Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo do kpo nu vevie le nufiafia woƒe hametɔwo be woagblɔ nyanyuia me. Esi Biblia ŋuti nunyala John R. W. Stott nɔ nu ƒom tso se si Yesu de be woayi ɖe xexeame aɖakpe ɖe ame ƒomeviwo katã ŋu be woava zu nusrɔ̃lawo ŋu la, egblɔ be: “Kpo si míedo nu le wɔwɔ ɖe nusi sedede sia bia dzi nye afisi Kristotɔ siwo wòle be woagblɔ nyanyuia la gbɔdzɔ le koŋ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me egbea.” Egblɔ kpee be: “Ðeko míeva le adzɔge le míaƒe gbedasia dam ɖo ɖa boŋ. Míeva dzena ɣeaɖewoɣi abe amesiwo nɔa ƒuta doa ɣli ɖona ɖe amesiwo atsiaƒua lé dzo yinae ene. Míedzona dzea eme be mía ɖaɖe wo o. Míele vɔvɔ̃m be míava ƒo tsi.”

      6. (a) Ne míele kpekpem ɖe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe ŋu la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Filipo ƒe kpɔɖeŋuae? (b) Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ɖetsɔleme afia ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe te gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa mee?

      6 Ne amesi míele Biblia srɔ̃m kplii la nye sɔlemeha aɖe, si me tɔwo ‘vɔ̃na be yewoava ƒo tsi’ la, me tɔ tsã la, asesẽ nɛ be wòaɖu vɔvɔ̃ na tsi dzi, le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu, ahawɔ ɖe se si Kristo de be woawɔ nusrɔ̃lawo dzi. Ahiã be míakpe ɖe eŋu. Eyata, ahiã be míagbɔ dzi ɖi nɛ esime míele nufiame kple mɔfiame si ana wòase nuwo gɔme ɖe edzi ahaʋãe be wòatso ɖe dɔ ŋu kpla, abe alesi Filipo ƒe nufiafiawo kɔ nu me na Etiopiatɔa heʋãe be wòaxɔ nyɔnyrɔ ene la, namee. (Yohanes 16:13; Dɔwɔwɔwo 8:35-38) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míaƒe didi be míafia Biblia-nusrɔ̃viwo be woawɔ ɖe nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe sededea dzi ʋãa mí be míanɔ wo ŋu ahana mɔfiame wo ne wodze Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.—Nyagblɔla 4:9, 10; Luka 6:40.

      “Nusiwo Katã Meɖo”

      7. Nufiafia amewo be ‘woawɔ nusiwo katã’ woɖo la lɔ se kawo fiafia wo ɖe eme?

      7 Menye nufiafia nusrɔ̃la yeyewo be woawɔ nusrɔ̃lawo dzaa koe míewɔna o. Yesu gblɔ na mí be míafia amewo be ‘woawɔ nusiwo katã’ yeɖo la. Ema lɔ se gãtɔ eveawo—be woalɔ̃ Mawu eye be woalɔ̃ ame havi—ɖe eme. (Mateo 22:37-39) Aleke woate ŋu afia nusrɔ̃la yeye be wòawɔ ɖe sedede mawo dzii?

      8. Wɔ alesi woate ŋu afia se si wode be woaɖe lɔlɔ̃ afia la nusrɔ̃la yeyewoe ƒe kpɔɖeŋu.

      8 Gabu ʋukukusrɔ̃la la ƒe kpɔɖeŋua ŋu ake. Ne ʋukukufialaa le sukuvia ŋu esime wòle ʋua kum le ʋuwo dome la, menye toɖoɖo eƒe nufialaa ko dzie wòto le nu srɔ̃m o ke boŋ ato ŋkuléle ɖe ʋukula bubuwo hã ŋu dzi. Le kpɔɖeŋu me, nufiala la ahe eƒe susu ɖe ʋukula aɖe si lɔ̃ faa na ʋu bubu aɖe va xɔ ŋgɔ nɛ; alo ʋukula aɖe si lé mɔ̃ na eƒe ʋu ƒe akaɖiwo ameŋububutɔe ale be ʋu siwo gbɔna la kulawo ƒe ŋkume nagatsyɔ o; alo ʋukula aɖe si le kpekpem ɖe ame nyanyɛ aɖe si ƒe ʋu gblẽ ɖe mɔ dzi ŋu la ŋu. Kpɔɖeŋu sia afia nu vevi aɖewo sukuvia siwo wòate ŋu awɔ ne eva le ʋu kum. Nenema kee menye to si nusrɔ̃la yeye si dze agbemɔa zɔzɔ gɔme la aɖo eƒe nufiala dzi koe wòtona srɔ̃a nu o ke boŋ to kpɔɖeŋu nyui siwo woɖona le hamea me la hã me.—Mateo 7:13, 14.

      9. Aleke nusrɔ̃la yeye wɔna nyaa nusi se si wode be míaɖe lɔlɔ̃ afia la nyee?

      9 Le kpɔɖeŋu me, Biblia-nusrɔ̃vi aɖe akpɔ dzilaɖekɛ aɖe si dzea agbagba vevie kplɔa viawo ɖe ŋuti vaa Fiaɖuƒe Akpata me. Ðewohĩ akpɔ nublanuitɔ aɖe si vaa kpekpeawo ɣesiaɣi togbɔ be blanuiléle le fu ɖem nɛ hã, ahade dzesi ame tsitsi aɖe si kɔa ame tsitsi bubuwo ɖe ʋu me yia kpekpeawo dometɔ ɖesiaɖe, alo ƒewuivi aɖe si kpɔa gome le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo me. Biblia-nusrɔ̃via ate ŋu akpɔ hamemegã aɖe si doa vevie ŋgɔxɔxɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me togbɔ be hamea me gbanɔamedzi geɖewo le edzi hã. Ðewohĩ akpɔ Ðasefo aɖe si nye nuwɔametɔ eye wòtsi teƒe ɖeka gake wòdea gbɔgbɔ me dzi ƒo na amesiwo katã yiɖasrã nɛ kpɔ la. Nusrɔ̃vi la akpɔ srɔ̃tɔ aɖe siwo le tɔtrɔ gãwo wɔm le woƒe agbe me ale be woate ŋu akpɔ wo dzila tsitsiwo dzi. To ŋkuléle ɖe Kristotɔ fatu, kpekpeɖeŋunala, siwo dzi woate ŋu aka ɖo ŋu me la, nusrɔ̃la yeye la srɔ̃a nusi wòfia be woawɔ ɖe se si Kristo de be woalɔ̃ Mawu kple ame havi, vevietɔ haxɔsetɔwo, dzi to kpɔɖeŋuwo kpɔkpɔ me. (Lododowo 24:32; Yohanes 13:35; Galatiatɔwo 6:10; Timoteo I, 5:4, 8; Petro I, 5:2, 3) To mɔ sia nu la, Kristo-hamea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu anye nufiala kple mɔfiala—eye ele be wòanyee hã.—Mateo 5:16.

      “Vaseɖe Xexeame ƒe Nuwuwu”

      10. (a) Ɣekaɣie míayi edzi awɔ nusrɔ̃lawo ase ɖo? (b) Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo le dɔdasiwo wɔwɔ me?

      10 Vaseɖe ɣekaɣie wòle be míayi edzi anɔ nusrɔ̃lawo wɔm? Le xexeame ƒe nuwuɣia katã me. (Mateo 28:20) Ðe míate ŋu awɔ Yesu ƒe dɔdasia ƒe akpa sia ade goea? Esi míenye xexeame katã ƒe hame ta la, míeɖoe kplikpaa be míawɔe. Le ƒe siwo va yi me la, míetsɔ míaƒe ɣeyiɣiwo, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo na faa tsɔ di amesiwo ƒe ‘nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 13:48) Egbea, Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo miliɔn etɔ̃ kple edzivɔwo le mama dedie nu ŋkeke ɖesiaɖe le ƒea me ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu le xexeame katã. Míewɔa esia elabena míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ bena: ‘Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.’ (Yohanes 4:34) Esia hã nye míaƒe dzimedidi. (Yohanes 20:21) Menye ɖeko míedi be míadze dɔ si wode mía si la gɔme ko evɔ o; míedi be míawɔe awu enu hã.—Mateo 24:13; Yohanes 17:4.

      11. Nukae dzɔ ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖewo dzi, eye nya kae wòle be míabia mía ɖokui?

      11 Ke hã, etena ɖe mía dzi ŋutɔ be míakpɔ be míaƒe haxɔsetɔ aɖewo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye, wòna, woƒe lãme fa ɖe se si Kristo de be woawɔ nusrɔ̃lawo la ŋu loo alo dzudzɔ edzi wɔwɔ. Ðe mɔ aɖe li si dzi míate ŋu ato akpe ɖe wo ŋu ne woagbugbɔ ade ha kple hamea agadze gomekpɔkpɔ le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me akea? (Romatɔwo 15:1; Hebritɔwo 12:12) Mɔ si nu Yesu kpe ɖe eƒe apostolowo ŋu le esime wogbɔdzɔ vie la ɖe nusi míate ŋu awɔ egbea la fia.

      Tsɔ Ðe Le Eme

      12. (a) Hafi Yesu naku la, nukae eƒe apostolowo wɔ? (b) Aleke Yesu wɔ nui ɖe eƒe apostolowo ŋui togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe dze le wo ŋu hã?

      12 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa nuwuwu le anyigba dzi, esime eƒe kuɣi ɖo la, eƒe apostolowo ‘gblẽe ɖi hesi.’ Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, ‘woka hlẽ eye wo dometɔ ɖesiaɖe yi ye ŋutɔ ƒe aƒeme.’ (Marko 14:50; Yohanes 16:32) Aleke Yesu wɔ nui ɖe eƒe zɔhɛ siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ŋui? Le eƒe tsitretsitsi megbe kpuie la, Yesu gblɔ na eyomedzela aɖewo be: “Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, woayi Galilea, eye afima woakpɔm le.” (Mateo 28:10) Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe dze le apostoloawo ŋu hã la, Yesu gakpɔtɔ yɔ wo be “nɔvinyewo.” (Mateo 12:49) Meɖe asi le woƒe nya me o. To mɔ sia nu la, Yesu ɖe nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke fia, abe alesi Yehowa hã kpɔa nublanui hetsɔna kena ene. (Fiawo II, 13:23) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesue?

      13. Aleke wòle be míabu amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me lae?

      13 Ele be míatsɔ ɖe le amesiwo ƒe lãme fa ɖe subɔsubɔdɔa ŋu loo alo dzudzɔ la me. Míegakpɔtɔ ɖoa ŋku lɔlɔ̃ ƒe dɔ siwo haxɔsetɔwo wɔ va yi—ɖewo hena ƒe geɖe—la dzi. (Hebritɔwo 6:10) Woƒe zɔhɛnyenye tsia mo na mí ŋutɔ. (Luka 15:4-7; Tesalonikatɔwo I, 2:17) Gake aleke míate ŋu atsɔ ɖe le eme na woe?

      14. Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, aleke míate ŋu akpe ɖe amesi gbɔdzɔ la ŋutii?

      14 Yesu gblɔ na eƒe apostolo blanuilélawo be woayi Galilea eye be woakpɔ ye le afima. Esia fia be Yesu kpe wo be woayi kpekpe tɔxɛ aɖe. (Mateo 28:10) Nenema kee egbea hã, míedea dzi ƒo na amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la be woade Kristo-hamea ƒe kpekpewo, eye ɖewohĩ ahiã be míade esia ƒe dzi ƒo na wo wu zi ɖeka ko. Le apostoloawo gome la, amekpekpea ɖe vi, elabena “nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea ɖe to, si Yesu fia wo la dzi.” (Mateo 28:16) Aleke dzi dzɔa míi enye si ne ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo wɔ ɖe míaƒe amekpekpea dzi alea hedze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme!—Luka 15:6.

      15. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua le gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ siwo va míaƒe kpekpeƒe la xɔxɔ mee?

      15 Aleke míawɔ nui ne Kristotɔ aɖe si gbɔdzɔ va Fiaɖuƒe Akpata me? Nukae Yesu wɔ esime wòkpɔ eƒe apostolo, siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ vie la, le afisi yefia wo la? “Yesu te va wo gbɔ, ƒo nu na wo.” (Mateo 28:18) Menɔ wo kpɔm ɖo ɖa o ke boŋ ete ɖe wo ŋu. Kpɔ alesi apostoloawo ƒe dzi adze emee esime Yesu ɖe afɔa gbã la le susu me ɖa! Mina míawo hã míado ŋgɔ awɔ afɔɖeɖea gbã ahatsɔ vividodoɖeameŋu axɔ amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me siwo dze agbagba trɔ gbɔ va Kristo-hamea me la.

      16. (a) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nui ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu me? (b) Aleke míate ŋu aɖe alesi Yesu bu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwoe afia? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

      16 Nukae Yesu gawɔ? Gbã la, ena wonya be: “Wotsɔ ŋusẽ katã . . . nam.” Evelia, ede dɔ asi na wo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” Etɔ̃lia, edo ŋugbe be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã.” Gake ède dzesi nusi Yesu mewɔ oa? Meka mo na nusrɔ̃lawo ɖe woƒe kpododonu kple ɖikeke ta o. (Mateo 28:17) Ðe alesi wòwɔe la ɖe via? Ẽ. Eteƒe medidi o apostoloawo gate “nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia.” (Dɔwɔwɔwo 5:42) Ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua le alesi míabu ahawɔ nui ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu me la, nedzɔ be emetsonu dodzidzɔname siawo tɔgbe nadzɔ le míaƒe hamea me.b—Dɔwɔwɔwo 20:35.

      “Meli Kpli Mi Ŋkekeawo Katã”

      17, 18. Ŋusẽdoamenya kawoe le Yesu ƒe nya siwo nye “meli kpli mi ŋkekeawo katã” me?

      17 Ŋusẽdoamenyawo le Yesu ƒe dɔdasia ƒe nya mamlɛ siwo wògblɔ be ‘meli kpli mi ŋkekeawo katã’ la me na amesiwo katã kua kutri be yewoawɔ ɖe Kristo ƒe sedede be woawɔ nusrɔ̃lawo la dzi. Tsitretsiɖeŋu ka kee futɔwo ahe va míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi kple aleke kee woɖagblẽ mía ŋui o, mele be míaɖi vo kura o. Nukatae? Elabena míaƒe Ŋgɔnɔla, Yesu, amesi si “ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi” le la li kpli mí be yeado alɔ mí!

      18 Ŋugbe si Yesu do be ‘meli kpli mi ŋkekeawo katã’ hã nye akɔfanamenya gã aɖe. Esi míele agbagba dzem be míawɔ ɖe se si Kristo de be míawɔ nusrɔ̃lawo dzi la, menye gbesiagbee dzi anɔ mía dzɔm o ke míalé blanui ɣeaɖewoɣi hã. (Kronika II, 6:29) Mía dometɔ aɖewo fa konyi va yi esime wonɔ ame vevi aɖe ƒe ku fam. (Mose I, 23:2; Yohanes 11:33-36) Ame aɖewo le kame tem kple tsitsi, esime woƒe lãmesẽ kple ŋusẽ dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. (Nyagblɔla 12:1-6) Ame aɖewo hã toa ŋkeke aɖewo si me woléa blanui vevie ŋutɔ la me. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Eye mía dometɔ geɖe dagbana toa gakuxi sesẽwo me. Ke hã, togbɔ be kuxi siawo li hã la, míekpɔa dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa me elabena Yesu li kpli mí ‘ŋkekeawo katã,’ le míaƒe agbemeŋkeke sesẽtɔwo gɔ̃ hã me.—Mateo 11:28-30.

  • ‘Mifia Wo Bena, Woawɔ Nusiwo Katã Meɖo Na Mi La’
    Gbetakpɔxɔ—2004 | July 1
    • a Numekugbalẽ aɖe ɖee fia be Yesu gblɔ be, “mianyrɔ wo . . . miafia wo,” ke menye ‘mianyrɔ wo eye miafia wo’ o. Eyata, se si wode be minyrɔ wo kple mifia wo la ‘menye nuwɔna eve siwo dzi woawɔ ɖo ɖe ɖoɖo sia nu pɛpɛpɛ o.’ Ke boŋ, “nufiafia nye nuwɔna si tsiana ɖe enu, si ƒe akpa aɖe doa ŋgɔ na nyɔnyrɔxɔxɔ . . . eye akpa aɖe kplɔnɛ ɖo.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe