INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 3/15 axa 10-15
  • Kpɔ Wò Nufiafia Dzi Nyuie Ɣesiaɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Wò Nufiafia Dzi Nyuie Ɣesiaɣi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hamea me Nufialawo
  • Wokpɔ Kakaɖedzi Hafi Xɔ Se
  • Wò Nufiafia Dzi Kpɔkpɔ Nyuie
  • Mawu ƒe Nya la Srɔ̃lawo
  • Lɔlɔ̃ na Amesiwo Nèfiaa Nui Kple Bubudede Wo Ŋu
  • Tsotso Ðe Woƒe Hiahiãwo Ŋu
  • Dzo Nenɔ Mewò!
  • Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • ‘Xɔ Ðokuiwò Kple Amesiwo Ðoa To Wò Ðe Agbe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Srɔ̃ Yesu—To Nufiafia Lɔlɔ̃tɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ale Si Míakpe Ðe Amewo Ŋu Be Woawɔ Ðe Kristo Ƒe Sededea Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 3/15 axa 10-15

Kpɔ Wò Nufiafia Dzi Nyuie Ɣesiaɣi

“Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.”—TIMOTEO I, 4:16.

1, 2. Nukata nufiala dovevienuwo hiã kpata egbea?

“MIHEYI ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la [dzi].” (Mateo 28:19, 20) Le se sia si Yesu Kristo de ta la, ele be Kristotɔwo katã nadze agbagba azu nufialawo. Nufiala dovevienuwo hiã be woakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woadze si Mawu hafi wòatsi megbe akpa. (Yohanes 17:3; Romatɔwo 13:11) Apostolo Paulo de dzi ƒo be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o.” Esia bia be woafia nu le hamea me kple le egodo siaa. Le nyateƒe me la, gbeƒãɖeɖedɔa ŋutɔ wɔwɔ menye be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedasia dzro ko o. Nufiafia nyui hiã hafi ɖetsɔlemetɔwo azu nusrɔ̃lawo.

2 Míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ me.’ (Timoteo II, 3:1) Wotsɔ xexemenunyafiafiawo kple alakpanufiafiawo flu amewoe. Ame geɖe ƒe “nyasã do viviti” eye “woƒe dzitsinya ku atri.” (Efesotɔwo 4:18, 19) Nu te ɖe wo dometɔ aɖewo dzi vevie. Ẽ, amewo “[ka] hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Ke hã ne míezã nufiafiaɖaŋu la, míate ŋu akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã.

Hamea me Nufialawo

3. (a) Nuka hã wɔwɔe se si Yesu de be woafia nu bia? (b) Amekawo koŋ dzie agba le be woafia nu le hamea me?

3 To aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa dzi la, wole nu fiam ame miliɔn geɖe ɖekaɖeka. Gake ne ame yeyewo xɔ nyɔnyrɔ vɔ la, ehiã be woagayi edzi akpe ɖe wo ŋu bene ‘woali ke ahakpɔ gɔmeɖoanyi sesẽ.’ (Efesotɔwo 3:18) Ne míewɔ ɖe Yesu ƒe sedede si le Mateo 28:19, 20 dzi ale be míekplɔ ame yeyewo va Yehowa ƒe habɔbɔa mee la, woafia nu wo le hamea ŋutɔ hã me wòaɖe vi na wo. Efesotɔwo 4:11-13 gblɔ be, woɖo ŋutsuwo be ‘woawɔ kplɔlawo kple nufialawo ƒe dɔwo, bene woadzra ame kɔkɔewo ɖo hena subɔsubɔdɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu.’ Ɣeaɖewoɣi la, woƒe nufiafiaɖaŋu bia be ‘woaka mo, agbe nya, ahaxlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi katã me.’ (Timoteo II, 4:2) Nufialawo ƒe dɔ nɔ vevie ale gbegbe be esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Korintotɔwo la, eyɔ nufialawo ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo yome tututu.—Korintotɔwo I, 12:28.

4. Aleke nufiafia ƒe ŋutete akpe ɖe mía ŋu be míawɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si woŋlɔ ɖe Hebritɔwo 10:24, 25 dzii?

4 Nyateƒee, menye Kristotɔwo katãe nye hamemegãwo, alo dzikpɔlawo o. Ke hã wode dzi ƒo na wo katã be woado ŋusẽ wo nɔewo ɖe “lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ” ŋu. (Hebritɔwo 10:24, 25) Nusia wɔwɔ le kpekpewo me bia nyaŋuɖoɖo siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie hegblɔ tso dzime eye wòate ŋu atu ame bubuwo ɖo ahade dzi ƒo na wo. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela kpɔnuteƒewo hã ate ŋu ‘ado ŋusẽ amewo ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ’ ŋu ne wogblɔ nusi wonya kpakple woƒe nuteƒekpɔkpɔ na ame yeyewo esime wole dɔ wɔm kpli wo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Le ɣeyiɣi mawo me kple ne meganye gbeadzie wole o hã la, woate ŋu afia nu nyuiwo. Le kpɔɖeŋu me, wode dzi ƒo na nyɔnu tsitsiwo be “woanye nu nyui fialawo.”—Tito 2:3.

Wokpɔ Kakaɖedzi Hafi Xɔ Se

5, 6. (a) Aleke Kristotɔnyenye vavãtɔ to vovo na alakpasubɔsubɔe? (b) Aleke hamemegãwo kpena ɖe ame yeyewo ŋu be woawɔ nyametsotso nyuiwoe?

5 Eyata Kristotɔnyenye vavãtɔ to vovo sãa na alakpasubɔsubɔha siwo dometɔ geɖe dina be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe hameviwo ƒe tamebubu dzi. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, subɔsubɔhakplɔlawo dze agbagba be yewoatsɔ amegbetɔ ƒe kɔnyinyi sesẽ aɖewo aɖu amewo ƒe agbenɔnɔ dzii le nusianu kloe me. (Luka 11:46) Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo hã wɔa nu nenema enuenu.

6 Gake mawusubɔsubɔ vavãtɔ ya nye “subɔsubɔ kɔkɔe” si me míezãa míaƒe “tamebubu ƒe ŋutete” le. (Romatɔwo 12:1, NW) Yehowa subɔlawo ‘kpɔa kakaɖedzi na nuwo hafi xɔna sena.’ (Timoteo II, 3:14) Ðewohĩ ahiã ɣeaɖewoɣi be amesiwo le ŋgɔ xɔm nana mɔfiame ahawɔ ɖoɖo aɖewo bene nuwo natsɔ afɔ le hamea me bɔbɔe. Gake le esi teƒe be hamemegãwo nadi be yewoawɔ nyametsotso na hati Kristotɔwo la, wofiaa nu wo be ‘woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14) Mɔ si koŋ dzi hamemegãwo tona wɔa nusiae nye be woatsɔ “xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui” anyi hameae.—Timoteo I, 4:6.

Wò Nufiafia Dzi Kpɔkpɔ Nyuie

7, 8. (a) Aleke amesiwo si ŋutete mele boo o te ŋu le nu fiamee? (b) Nukae ɖee fia be ame ŋutɔ ƒe agbagbadzedze hiã hafi woazu nufiala nyui?

7 Gake mina míatrɔ ɖe nufiafiadɔ si wode asi na mí katã ŋu. Ðe aɖaŋu, sukudede, alo ŋutete tɔxɛ aɖewo hiã hafi woate ŋu akpɔ gome le dɔa sia wɔwɔ mea? Mehiã kokoko o. Ame tsɛ siwo si ŋutete boo aɖeke mele o ye le xexeame godoo ƒe nufiafiadɔ sia ƒe akpa gãtɔ wɔm. (Korintotɔwo I, 1:26-29) Paulo ɖe nu me be: “Kesinɔnu sia [subɔsubɔdɔa] le mía si le anyigoewo [ŋutilã madeblibowo] me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.” (Korintotɔwo II, 4:7) Dzidzedze gã si Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa kpɔ le xexeame godoo nye kpeɖodzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔae na!

8 Ke hã ehiã be ame ŋutɔ nadagba vevie hafi azu “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.” (Timoteo II, 2:15) Paulo de dzi ƒo na Timoteo be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.” (Timoteo I, 4:16) Eɖanye le hamea me loo alo egodo o, aleke koŋ woakpɔ nufiafia dzi nyuie? Ðe nusia wɔwɔ bia be woabi le ŋutete alo nufiafiaɖaŋu aɖewo mea?

9. Nukae le vevie wu dzɔdzɔmeŋutetewo?

9 Yesu ɖee fia le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be nufiafiamɔnu tɔxɛwo le ye si nyateƒe. Esi wòƒo nu vɔ la, ‘amehaawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta.’ (Mateo 7:28) Ele eme baa be mía dometɔ aɖeke mate ŋu afia nu nyuie wòade Yesu tɔ nu o ya. Gake mehiã be míanye nuƒola siwo ƒe nu me bi hafi anye nufiala nyuiwo o. Elabena Hiob 12:7 gblɔ be “lãwo” kple “dziƒoxewo” gɔ̃ hã ate ŋu afia nu numaƒomaƒoe! Le dzɔdzɔme ŋutete alo aɖaŋu siwo anɔ mía si dome la, nusi le vevie wue nye ‘amesiwo ƒomeviwo’ míenye—si nye nɔnɔme siwo le mía si kple gbɔgbɔmenuwɔna siwo míetu ɖo be nusrɔ̃viwo nate ŋu asrɔ̃.—Petro II, 3:11; Luka 6:40.

Mawu ƒe Nya la Srɔ̃lawo

10. Kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo le Mawu ƒe Nya la srɔ̃la nyenye gome?

10 Ele be Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea fiala bibi nanye Mawu ƒe Nya srɔ̃la. (Romatɔwo 2:21) Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe le esia gome. Esi Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔ wɔm la, ehe susu yi nyawo dzi alo gblɔ nya siwo sɔ kple esiwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽwo ƒe afã kloe me.a Alesi wònya Mawu ƒe Nya la dze esime wòxɔ ƒe 12, esime wokpɔe “le anyinɔƒe le nufialawo dome, [wònɔ] to ɖom wo, eye [wònɔ] nya biam wo.” (Luka 2:46) Esime Yesu tsi la, elɔ̃a ƒuƒoƒea yiyi, afisi woxlẽa Mawu ƒe Nya la le.—Luka 4:16.

11. Nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyui kawoe wòle be nufiala natu ɖo?

11 Ðe nènye Mawu ƒe Nya la xlẽla veviedonula? Eme dzodzro dzi koe nàto hafi “[ase] Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.” (Lododowo 2:4, 5) Eyata tu nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyui ɖo. Dze agbagba nàxlẽ Mawu ƒe Nya la ƒe akpa aɖe gbesiagbe. (Psalmo 1:2) Na wòazu numãme na wò be ne Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe va ɖo ko la, nàxlẽe. Lé to ɖe nya ŋu nyuie le hamea ƒe kpekpewo me. Srɔ̃ numekuku nyui wɔwɔ. Ne èsrɔ̃ ‘nuwo me dzodzro tsitotsito’ la, màva nɔ ami ɖem ɖe nya akpa ahanɔ nya tovowo gblɔm ne èle nu fiam o.—Luka 1:3.

Lɔlɔ̃ na Amesiwo Nèfiaa Nui Kple Bubudede Wo Ŋu

12. Nɔnɔme kae nɔ Yesu si ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu?

12 Nu vevi bubue nye nɔnɔme nyui si anɔ asiwò ɖe amesiwo nèfiaa nui ŋu. Amesiwo ɖo to Yesu ƒe nu nyɔ ŋu na Farisitɔwo. Wogblɔ be: “Ameha sia, si mele se la me nyam o la, [nye fiƒodemewo].” (Yohanes 7:49) Gake lɔlɔ̃ kple bubu deto nɔ Yesu me na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ be: “Nyemagayɔ mi be dɔlawo o; elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.” (Yohanes 15:15) Esia fia alesi wòle be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nawɔ woƒe nufiafiadɔae.

13. Aleke Paulo se le eɖokui me ɖe amesiwo wòfia nui ŋu?

13 Le kpɔɖeŋu me, Paulo mena xɔlɔ̃mawɔmawɔ ƒe nɔnɔme nɔ wo kple eƒe nusrɔ̃viwo dome wòwɔ abe ame kple eƒe dɔwɔviwo ene o. Egblɔ na Korintotɔwo be: “Ne nufiala akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena mezu mia fofo to nyanyui la me le Kristo Yesu me.” (Korintotɔwo I, 4:15, NW) Ɣeaɖewoɣi Paulo faa avi gɔ̃ hã ne ele nu xlɔ̃m amesiwo wòfia nui! (Dɔwɔwɔwo 20:31) Egbɔ dzi ɖi na wo henyo dɔme na wo etɔxɛe. Eyatae wògblɔ na Tesalonikatɔwo be: “Míefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene.”—Tesalonikatɔwo I, 2:7.

14. Nukatae ɖetsɔtsɔ le míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋutɔ me le vevie nenema gbegbe? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Ðe nèsrɔ̃a Yesu kple Pauloa? Lɔlɔ̃ vavãtɔ na míaƒe nusrɔ̃viwo sɔ gbɔ kura ate ŋu axɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutete siwo mele mía si o teƒe. Ðe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kpɔnɛ be míetsɔ ɖe le yewo me vavãa? Ðe míedia ɣeyiɣi be míanya wo nyuiea? Esime wònɔ sesẽm na nyɔnu Kristotɔ aɖe be wòakpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me la, ebiae dɔmenyotɔe be: “Ðe nane te ɖe dziwòa?” Nyɔnua gblɔ eƒe dzimenyawo katã, ale be egblɔ nya gbogbo aɖewo siwo nye agba nɛ siwo na wòtsi dzimaɖi. Dzeɖoɖo ma si me lɔlɔ̃ nɔ la na tɔtrɔ ɖedzesi geɖe va na nyɔnua. Le nɔnɔme siawo tɔgbe me la, nukpɔsusu siwo nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi kple nya siwo faa akɔ hedea dzi ƒo na ame la sɔ. (Romatɔwo 15:4) Gake nuxlɔ̃amenya aɖee nye si: Biblia-nusrɔ̃vi ate ŋu anɔ ŋgɔyiyi wɔm kabakaba gake ɖewohĩ nɔnɔme aɖewo siwo medze Kristotɔ o aganɔ eŋu kokoko wòahiã be wòaɖu wo dzi. Eyata masɔ be míanɔ ha dem kple amea kplikplikpli akpa o. Ele be míawɔ nu wòase afisi wòle be Kristotɔ nawɔ nu ase ɖo.—Korintotɔwo I, 15:33.

15. Aleke míade bubu míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋui?

15 Bubudede míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu bia hã be míagadze agbagba be míaɖo alesi woanɔ agbee na wo o. (Tesalonikatɔwo I, 4:11) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be míele nu srɔ̃m kple nyɔnu aɖe si wo kple ŋutsu woli evɔ womeɖe wo nɔewo o. Ðewohĩ wodzi viwo. Esi Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ su nyɔnua si azɔ ta la, edi be yeawɔ nu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu. (Hebritɔwo 13:4) Ðe wòle be wòaɖe ŋutsua loo alo wòadzo le egbɔa? Ðewohĩ míesusui vevie be ado kplamatsɛ na eƒe ŋgɔyiyi le etsɔme ne eɖe ŋutsu si metsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me boo alo be metsɔ ɖeke le eme kura o. Evɔ ɖewohĩ míegale vɔvɔ̃m ɖe ɖeviawo ƒe nyonyo nu ale be míesusu be anyo wu be wòaɖe ŋutsua. Aleke kee nyaa le o, anye bubumademade nusrɔ̃via ŋu kple emalɔ̃malɔ̃ be míava nɔ gaglãsu dom ɖe eƒe agbenɔnɔ me anɔ mía ŋutɔwo ƒe susu ɖom nɛ le nya siawo me. Evɔ nusianu si ado tso nyametsotsoa me la, eyae anɔ te ɖe enu. Eyata ɖe manyo wu be míana hehe nusrɔ̃via bene wòazã eya ŋutɔ ƒe ‘sidzedze ŋutetewo’ atso nya me na eɖokui le nusi wòle be wòawɔ ŋu oa?—Hebritɔwo 5:14.

16. Aleke hamemegãwo alɔ̃ Mawu ƒe alẽha la ahade bubu eŋui?

16 Ele na vevietɔ hamemegãwo be woawɔ nu kple alẽha la le lɔlɔ̃ kple bubudede ame ŋu me. Esi Paulo ŋlɔ agbalẽ na Filemon la, egblɔ be: “Wònye dzideƒo geɖe le asinye le Kristo me be, made se na wò le nusi dze la ŋuti hafi, gake le lɔlɔ̃ ta la mele nu xlɔ̃m wò boŋ.” (Filemon 8, 9) Nya ɖefuname aɖewo ate ŋu adzɔ le hamea me ɣeaɖewoɣi. Ðewohĩ ahiã be woatɔ afɔ to gɔ̃ hã. Paulo de dzi ƒo na Tito be ‘wòaka mo na vodalawo vevie, bene woƒe lãme nasẽ le xɔse me.’ (Tito 1:13) Ne ele alea gɔ̃ hã la, ele be hamemegãwo nakpɔ nyuie be woagada gbe ɖe hamea gbɔ o. Paulo ŋlɔ be: “Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiaa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me.”—Timoteo II, 2:24; Psalmo 141:3.

17. Vodada kae Mose wɔ, eye nukae hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme?

17 Ele be dzikpɔlawo naɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be “Mawu ƒe alẽha” yewole nu wɔm kplii. (Petro I, 5:2) Togbɔ be Mose nye ame fafa hã la, eŋlɔ nya sia be ɣeyiɣi kpui aɖe. Israel-viwo “[do] dziku na eƒe gbɔgbɔ, eye nya ge le enu.” (Psalmo 106:33) Eve Mawu vevie be Mose wɔ nu ɖe Eƒe alẽha ŋu alea, togbɔ be menye ɖe wo tɔ dzɔ hafi o hã. (Mose IV, 20:2-12) Ne nɔnɔme sia tɔgbe dze ŋgɔ hamemegãwo egbea la, ele be woadze agbagba afia nu ana hehe le nugɔmesesename kple dɔmenyonyo me. Mía nɔviwo trɔna ɖe nu ŋu nyuie wu ne wowɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe kple abe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu ke menye abe amesiwo ŋu naneke maganya wɔ le la ene o. Ele be nukpɔsusu nyui si nɔ Paulo si nanɔ hamemegãwo si esime wògblɔ be: “Míeɖo dzi ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miewɔa nusi míede se na mi la, eye miegale ewɔ ge hã.”—Tesalonikatɔwo II, 3:4.

Tsotso Ðe Woƒe Hiahiãwo Ŋu

18, 19. (a) Aleke wòle be míawɔ nu ɖe Biblia-nusrɔ̃vi siwo si ŋutete boo mele o ƒe nuhiahiãwo ŋui? (b) Kpekpeɖeŋu kae míate ŋu ana nusrɔ̃vi siwo nya tɔxɛ aɖewo ɖea fu na?

18 Nufiala nyui alɔ̃ atrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃viwo ƒe ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 16:12.) Le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le talentowo ŋu me la, aƒeatɔ na mɔnukpɔkpɔwo “amesiame le eƒe ŋutete nu.” (Mateo 25:15) Míate ŋu awɔ nu le mɔ sia nu ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔm. Zi geɖe la, míedina be míawu Biblia-srɔ̃gbalẽ nu le ɣeyiɣi kpui si sɔ me. Gake ele be míanyae be menye amesiamee nya nuxexlẽ nyuie alo te ŋu sea nya yeyewo gɔme kaba o. Eyata ehiã nugɔmesese be míanya ɣeyiɣi si wòle be míatso le nya ɖeka dzi ayi bubu dzi le nusɔsrɔ̃a me ne esɔsrɔ̃ kabakaba le sesẽm na amesiwo xɔ nyaa. Nusi le vevie wu nusɔsrɔ̃ nu wuwu le ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe mee nye be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nusi srɔ̃m wòle gɔme.—Mateo 13:51.

19 Nenema ke nyaa le le Biblia-nusrɔ̃vi siwo nya tɔxɛ aɖewo abe Mawuɖekaetɔ̃ alo subɔsubɔŋkekenyuiwo ene ɖea fu na la gome. Togbɔ be zi geɖe mehiã be woatsɔ numekuku deto siwo nɔ te ɖe Biblia dzi ade míaƒe nusɔsrɔ̃wo me o hã la, míate ŋu adee wo me ɣeaɖewoɣi ne edze ƒã be woaɖe vi. Ele be míada nyawo akpɔ nyuie bene míagahe nusrɔ̃via ƒe ŋgɔyiyi ɖe megbe madzemadzee o.

Dzo Nenɔ Mewò!

20. Dzonɔameme kple kakaɖedzi ɖeɖefia le nufiafia me ƒe kpɔɖeŋu kae Paulo ɖo?

20 Paulo gblɔ be: “Mixɔ dzo le gbɔgbɔ me.” (Romatɔwo 12:11) Ẽ, eɖanye Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm míele alo hamea ƒe kpekpe aɖe mee míele gome kpɔm le o, ele be míatsɔ dzo ɖe eŋu awɔe kple dzidzɔ. Paulo gblɔ na Tesalonikatɔwo be: “Míaƒe nyanyui la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã.” (Tesalonikatɔwo I, 1:5) Eyata “menye Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖeko” Paulo kple eƒe zɔhɛwo ‘tsɔ na wo o, ke wotsɔ woa ŋutɔwo ƒe agbe hã na wo.’—Tesalonikatɔwo I, 2:8.

21. Aleke míayi edzi atsɔ dzo ɖe míaƒe nufiafiadɔwo ŋui?

21 Dzo aɖo mía me vavã ne kakaɖedzi sẽŋu le mía si be ele be míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo nase nya si le mía si. Migana míabu nufiafiadɔ aɖeke be enye gbesiagbedɔ tiame aɖe ko o. Agbalẽfiala Ezra kpɔ eƒe nufiafia dzi nyuie le go sia me vavã. “[Etsɔ] eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia [nu] le Israel.” (Ezra 7:10) Ele be míawo hã míawɔe nenema adzra ɖo nyuie ade ŋugble le nyatia ƒe vevienyenye ŋu. Mina míado gbe ɖa abia Yehowa be wòana xɔse kple kakaɖedzi nayɔ mí fũ. (Luka 17:5) Míaƒe dzonɔameme ate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woatu lɔlɔ̃ vavãtɔ ɖo na nyateƒea. Gake míaƒe nufiafia dzi kpɔkpɔ nyuie ate ŋu abia hã be míazã nufiafiaɖaŋu tɔxɛ aɖewo. Míaƒe nyati si kplɔe ɖo adzro wo dometɔ aɖewo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2 lia, axa 1071, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

Èɖo Ŋku Wo Dzi?

◻ Nukata Kristotɔ nufiala bibiwo hiã egbea?

◻ Nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyui kawoe míate ŋu atu ɖo?

◻ Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míalɔ̃ amesiwo míefiaa nui ahade bubu wo ŋu?

◻ Aleke míate ŋu awɔ nu ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe nuhiahiãwo ŋui?

◻ Nukata dzonɔameme kple kakaɖedzi hiã nenema gbegbe le nufiafia amewo me?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nufiala nyuiwo ŋutɔwo hã nye Mawu ƒe Nya srɔ̃lawo

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Tsɔ ɖe le Biblia-nusrɔ̃viawo ŋutɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe