INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/12 axa 12
  • Nu Siwo Wò Ŋku Kpɔna

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Wò Ŋku Kpɔna
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nya Si Nye, “Ŋku Ðe Ŋku Teƒe” Fia?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mègato Ŋku Gã O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Woƒe Ŋkume Kpɔkpɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ðe Wò Ŋku Le Nu Ðeka Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 4/12 axa 12

Nu Siwo Wò Ŋku Kpɔna

● Amegbetɔ ƒe ŋkuwo nye aɖaŋudɔ dzeani aɖe. Menye ɖe wòdze ani ko o, ke ekpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi hã. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ka suesue siwo katã tso ŋutinu vovovowo me yi ɖe míaƒe ahɔhɔ̃a me la ƒe akpa blaene le alafa me ye tso míaƒe ŋkuviwo ɖeɖe to me.”—Visual Impact, Visual Teaching.

Esɔ be Yesu Kristo yɔ ŋku be enye “ameti la ƒe akaɖi.” Eɖe nya sia me yi ŋgɔe esi wògblɔ be: “Ne wò ŋku nɔa nu ɖeka [alo, nu nyuiwo] ŋu la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ; gake ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, wò ameti blibo la katã me ado viviti.” (Mateo 6:22, 23) Yesu ƒe nya siawo le gbe tem ɖe edzi na mí be, nu siwo míaƒe ŋkuwo kpɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu, seselelãme, kple nuwɔna dzi. Tamesusu nyuiwo ana wò agbe nanɔ dzadzɛ; tamesusu vɔ̃wo ana wò agbe navloe.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 5:28, 29 ŋu kpɔ: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. Eya ta ne wò ɖusimeŋku ma le nukikli zum na wò la, hoe [le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu].” Eƒe nya sia gɔme ɖe? Ŋku si menɔa nu ɖeka ŋu o ate ŋu ana dzodzro vɔ̃wo naho ɖe ame me ale gbegbe be, ne mɔnukpɔkpɔ su amea si la, awɔ nu gbegblẽ eye wòagblẽ woa kple Mawu dome ƒomedodo me.—Yakobo 1:14, 15.

Aleke gbegbe wòanyo be woaɖu ame ɖokui dzi, ne esia wɔwɔ asesẽ abe ŋku ŋutɔŋutɔ hoho ɖa ene gɔ̃ hã! Kpɔe ɖa be, ɖe wòanyo be woana agbe mavɔ nato ame ŋu ɖe ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe vivisese ta?

Nu siwo míaƒe ŋkuwo kpɔna ate ŋu aƒã ŋukeklẽ hã ɖe mía me. Eya ta Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Ŋkuwo ƒe nudzodzro . . . metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso. Eye xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.”—1 Yohanes 2:16, 17.

Ðe Biblia tu nu ɖe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nua? Kpao! Ne míeŋe aɖaba ƒu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, míakpɔ dzidzɔ o, ke boŋ ɖe míakpe fu. (Galatiatɔwo 6:7, 8) Ne míeɖo to Mawu ƒe Nya la, eye míewɔ ɖe nunya si dze le eme be míaɖe ŋku ɖa le nu dzodzrowo ŋu dzi la, míakpɔ dzidzɔ. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!” (Luka 11:28) Gawu la, mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee le anyigba la dzi; gake ame siwo ɖea mɔ woƒe ŋkuwo kplɔa wo dea ŋukeklẽ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ me la, dzidzɔkpɔkpɔ kple agbe siaa abɔ wo.—g12-E 02.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe