INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 155
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nunana Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nunana Ŋu?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ɣekaɣie ame ƒe nunana dzea Mawu ŋu?
  • Ɣekaɣie ame ƒe nunana medzea Mawu ŋu o?
  • “Ame Si Naa Nu Kple Dzidzɔ Lae Mawu Lɔ̃na”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ðe Nunana Ƒe Gbɔgbɔ Le Mewòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nunana Amewo Nana Wokpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Ame Siwo Nyoa Dɔme La Kpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 155
Ŋutsu aɖe lé nunana si ŋu wofa nu ɖo la ɖe asi.

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nunana Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia de dzi ƒo na mí be míana nu amewo tso dzi me faa, ke hã, míawɔe kple susu nyui. Biblia ɖee fia hã be nunana tso dzi me faa alea ɖea vi na nunalaa kple ame si wona nu lae. (Lododowo 11:25; Luka 6:38) Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

  • Ɣekaɣie ame ƒe nunana dzea Mawu ŋu?

  • Ɣekaɣie ame ƒe nunana medzea Mawu ŋu o?

  • Mawunyakpukpui siwo ku ɖe nunana ŋu

Ɣekaɣie ame ƒe nunana dzea Mawu ŋu?

Ne ame naa nu tso dzi me fãa la, edzea Mawu ŋu. Biblia gblɔ be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Korintotɔwo 9:7.

Nunana tso dzi me nye “subɔsubɔ” si míetsɔna naa Mawu la ƒe akpa aɖe eye esia dzea eŋu. (Yakobo 1:27) Ame si kpena ɖe ame siwo le hiã me ŋu tso dzi mea ƒe nu dzea Mawu ŋu eye ɖeko wòle abe ɖe amea le nu dom na Mawu ene. (Lododowo 19:17) Biblia ɖee fia be Mawu aɖo eteƒe na nunalaa.—Luka 14:12-14.

Ɣekaɣie ame ƒe nunana medzea Mawu ŋu o?

Ne ɖokuitɔdidi tae amea le nu nam ɖo. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo:

  • Ana nu kple susu be yeatsɔ ahe susu ava ye ɖokui dzi.—Mateo 6:2.

  • Ana nu kple susu be woaɖo eteƒe na ye.—Luka 14:12-14.

  • Ana nu le sɔleme kple susu be yeaƒle agbe mavɔ.—Psalmo 49:6, 7.

Ne ame na nu tsɔ kpe asi ɖe nuwɔna siwo Mawu lé fui la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enye nu gbegblẽ be wòana ga ame wòatsɔ ada tsatsa, aƒle atike vɔ̃ɖi azã alo atsɔ amu aha. (1 Korintotɔwo 6:9, 10; 2 Korintotɔwo 7:1) Nenema kee mesɔ be wòana ga ame aɖe si si ŋutete le be wòate ŋu awɔ dɔ gake wògbe dɔwɔwɔ la o.—2 Tesalonikatɔwo 3:10.

Ne ame naa nu ame bubuwo evɔ mekpɔa eya ŋutɔ ƒe ƒome dzi o. Biblia fia nu be ele be ƒome ƒe tawo nakpɔ woƒe ƒomewo ƒe nu hiahiãwo gbɔ. (1 Timoteo 5:8) Masɔ be ƒome ƒe ta nanɔ nu nam ame bubuwo evɔ wòagblẽ eya ŋutɔ ƒe ƒomea ya ɖi woanɔ fu kpem o. Nenema kee Yesu bu fɔ ame siwo gbe be yewomakpɔ yewo dzila tsitsiwo dzi o eye wonɔ gbɔgblɔm be yewotsɔ nu siwo katã le yewo si la “ɖe adzɔgbe na Mawu.”—Marko 7:9-13.

Mawunyakpukpui siwo ku ɖe nunana ŋu

Lododowo 11:25: “Eme anyo na dɔmenyotɔ, eye ame si naa amewo ƒe dzi dzea eme la, woana eya hã ƒe dzi nadze eme.”

Nu si wòfia: Nunana ɖea vi na nunalaa kple ame si wona nuae la siaa.

Lododowo 19:17: “Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa, eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.”

Nu si wòfia: Mawu bunɛ be ame siwo naa nu ame siwo le hiã me la le nu dom na ye, eye wòdo ŋugbe be yeaɖo woƒe dɔmenyoa teƒe na wo.

Mateo 6:2: “Ne èkpɔ nublanui na amewo hena nu wo la, mègana kpẽ naɖi le ŋgɔwò abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna . . . be amewo nakafu yewo la ene o.”

Nu si wòfia: Mele be míana nu amewo atsɔ ahe susu ava mía ɖokui dzi o.

Dɔwɔwɔwo 20:35: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”

Nu si wòfia: Ne míenaa nu tso dzi mea, enana míekpɔa dzidzɔ.

2 Korintotɔwo 9:7: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”

Nu si wòfia: Ne míena nu faa tso dzi me la, edzea Mawu ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe