INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 11
  • 7 Ðe Mawu Asee Ahaɖo Eŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 7 Ðe Mawu Asee Ahaɖo Eŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ðe Mawu Sea Míaƒe Gbedodoɖawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 11

Gbedodoɖa

7 Ðe Mawu Asee Ahaɖo Eŋua?

AME geɖe tsɔa ɖe le nya sia me vevie. Biblia fia nu be Yehowa sea gbe siwo wodona ɖa nɛ egbea la vavã. Ne ase míaƒe gbedodoɖa alo masee o la, atso míawo ŋutɔ gbɔ.

Yesu ɖe ha subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli, siwo nɔa gbe dom ɖa wònye alakpanuwɔna be yewoadze ame dzɔdzɔewo le amewo ŋkume ta ko la. Egblɔ be ame siawo axɔ “woƒe fetu blibo la,” si fia be viɖe si woakpɔ koe nye be, woƒe nu adze amewo ŋu, elabena ema koŋ dim wole; gake Mawu mase woƒe gbedodoɖawo o, evɔ emae hiã wo hafi hã. (Mateo 6:5) Nenema kee egbea la, ame geɖe doa gbe ɖa le ale si woawo ŋutɔwo dii nu, ke menye ale si Mawu di nu o. Esi womewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo me míedzro la dzi o ta la, Mawu mesea woƒe gbedodoɖawo na wo o.

Ke wò ya ɖe? Ðe Mawu ase wò gbedodoɖawo ahaɖo wo ŋua? Esia matso wò ŋutigbalẽ, dukɔ, alo ɖoƒe si le asiwò la gbɔ o. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ðe woate ŋu agblɔ le ŋuwò be èvɔ̃a Mawu hewɔa nu dzɔdzɔea? Hafi woagblɔ le ŋuwò be èvɔ̃a Mawu la, efia be èdea bubu deto eŋu, eye mèdina be yeadze agɔ le edzi o. Hafi woagblɔ le ŋuwò be èwɔa nu dzɔdzɔe la, efia be èdina be yeawɔ nu si Mawu gblɔ be eyae nyo, wu be nàlé wò ŋutɔ wò mɔ atsɔ alo adze hawòviwo yome. Ðe nèdi vevie be Mawu nase wò gbedodoɖawoa? Biblia fia mɔ si dzi nàto be wòava eme na wò nenema.a

Nyateƒee, ame geɖe dina be Mawu nawɔ nukunu atsɔ aɖo yewoƒe gbedodoɖawo ŋu na yewo. Gake le Biblia ŋlɔɣi kura gɔ̃ hã la, ƒãa hafi Mawu wɔa nukunu siawo tɔgbi. Le nukunu siwo woŋlɔ ɖi gome la, ƒe alafa geɖe va yina ɣeaɖewoɣi le nukunu ɖeka megbe hafi wògawɔa bubu. Gawu la, Biblia ɖee fia be esi apostolowo ku vɔ ko la, nukunuwo wɔɣi nu va yi. (1 Korintotɔwo 13:8-10) Gake ɖe esia fia be Mawu megaɖoa gbedodoɖawo ŋu egbea oa? Kura o! Bu gbedodoɖa siwo ŋu wòɖona la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Mawu nana ame dzea nunya. Yehowa gbɔe nunya vavãtɔ tso. Enanae faa; enana ame siwo di be wòafia mɔ yewo, eye yewoawɔ eƒe mɔfiamea dzi la, dzea nunya.—Yakobo 1:5.

Mawu naa gbɔgbɔ kɔkɔe kple eŋu viɖewo katã. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔea nye. Ŋusẽ aɖeke metri akɔ wui o. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le tetekpɔwo me. Ate ŋu ana míaƒe susu nadze akɔ anyi ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Yesu ka ɖe edzi na eyomedzelawo be Mawu naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ame faa.—Luka 11:13.

Mawu nana ame siwo dinɛ vevie la dzea sii. (Dɔwɔwɔwo 17:26, 27) Amewo le nyateƒea dim vevie le xexea me godoo. Wodi be yewoanya ame si Mawu nye—eƒe ŋkɔ, tame si wòɖo ɖe anyigba kple ameƒomea ŋu, kpakple ale si woawɔ ate ɖe eya amea ŋu. (Yakobo 4:8) Yehowa Ðasefowo doa go ame siawo ƒomevi zi geɖe, eye edzɔa dzi na wo be yewoakpe ɖe wo ŋu woakpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me.

Ðewohĩ susu sia tae wò hã nèxɔ magazine sia ɖo. Èdi be yeanya ame si Mawu nyea? Ðewohĩ mɔ sia dzie Mawu di be yeato aɖo wò gbedodoɖawo ŋu na wò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi numekɔkɔ geɖe wu le ale si nàdo gbe ɖa Mawu nasee ŋu la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 17 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe