INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 1 axa 8-9
  • Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii . . . o.”—Mateo 6:7.
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ðe Viɖe aɖe Le Gbedodoɖa Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 1 axa 8-9

Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?

Mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, dina vevie be yease gbe siwo míedona ɖa na ye tso dzi me. Gake nanewo li siwo wɔwɔ ate ŋu ana be maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu o. Nu kawoe, eye nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele gbe dom ɖa? Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esi.

Sɔlemeha aɖe me tɔwo le gbedodoɖa xlẽm tso gbedodoɖagbalẽ me.

“Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii . . . o.”—Mateo 6:7.

Yehowa medi be míalé gbedodoɖawo ɖe susu me agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm alo axlẽ wo tso gbedodoɖagbalẽ aɖe me o. Ke boŋ, edi be míaƒo nu na ye tso dzi me. Kpɔ ale si nàse le ɖokuiwò me ne xɔ̃wò aɖe gblɔa nya ɖeka tɔgbiwo na wò gbe sia gbe ɖa. Xɔlɔ̃ nyuiwo kɔa dzi me ɖoa dze faa. Ne míeƒoa nu na mía Fofo si le dziƒo tso dzi me faa la, ke míele eɖem fiae be míenye exɔlɔ̃wo.

Ŋutsu aɖe le lototikiti ƒlɔm eye wòwu mo dzi.

“Ne miebia la, miexɔnɛ o, elabena susu vɔ̃e mietsɔ le ebiam”—Yakobo 4:3.

Ne míebia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nane si medi be míawɔ o, alo be wòana nane si medi be wòanɔ mía si o mí la, míenya be maɖo to mí o. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe daa tsatsa eye wòdo gbe ɖa be Mawu nana aklama naɖi na ye ne yeaɖu ga gbogbo aɖea, ɖe Yehowa aɖo gbedodoɖa ma ŋua? Exlɔ̃ nu mí eme kɔ nyuie be míaganye ŋuklẽlawo o, eye míagaxɔ nu siwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o dzi ase o, abe aklama ene. (Yesaya 65:11; Luka 12:15) Míakpɔ mɔ gbeɖe be Yehowa naɖo gbedodoɖa mawo tɔgbi ŋu o! Be Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ele be míakpɔ egbɔ be nu siwo míebianɛ la wɔ ɖeka kple nya siwo wògblɔ na mí le Biblia me.

Nunɔla aɖe le gbe dom ɖa ɖe asrafo aɖewo ta.

“Ame si doa toku se la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.”—Lododowo 28:9.

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, Mawu meɖo ame siwo mewɔ ɖe eƒe se dzɔdzɔeawo dzi o la ƒe gbedodoɖawo ŋu o. (Yesaya 1:15, 16) Mawu metrɔ o. (Malaki 3:6) Ne míedi be Mwu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ke ele be míadze agbagba awɔ ɖe eƒe sewo dzi. Ke ne míewɔ nu gbegblẽ aɖewo va yi ya ɖe? Ðe ema fia be Yehowa mase míaƒe gbedodoɖawo gbeɖe oa? Mefia nenema kura o! Esi Mawu lɔ̃ mí ta la, atsɔe ake mí faa ne míetrɔ dzi me eye míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míawɔ nu si adze eŋu.—Dɔwɔwɔwo 3:19.

“Ame sia ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye wònyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

Nyɔnu aɖe le Biblia xlẽm.

Menye nu si ana míaɖe dzi ɖi ne nu te ɖe mía dzi alo míetsi dzimaɖi koe gbedodoɖa nye o. Subɔsubɔwɔnae gbedodoɖa nye, eye míetoa edzi ɖenɛ fiaa Mawu be míexɔ edzi se. Yesu ƒe nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be ne mímele ‘ebiam le xɔse me o la, ke ‘mígasusui kura be míaxɔ nane tso Yehowa gbɔ o.’ (Yakobo 1:6, 7) Be míaxɔ Mawu dzi se geɖe wu la, ele be míadze agbagba adi ɣeyiɣi asrɔ̃ Biblia be míava nya Mawu nyuie. Ne míewɔe alea la, akpe ɖe mía ŋu míava nya eƒe lɔlɔ̃nu eye míado gbe ɖa nɛ kple kakaɖedzi be aɖo to mí.

MÈGANA TA O!

Togbɔ be Mawu meɖoa gbedodoɖawo katã ŋu o hã la, esea gbe siwo ame miliɔn geɖe dona ɖa nɛ tso dzi me la eye wòɖoa wo ŋu. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nu siwo wòle be nàwɔ be wò gbedodoɖawo nadze Mawu ŋu. Wodzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe