Aleke Wòle Be Míado Gbe Ða na Mawui?
ESIME nusrɔ̃la aɖe bia Yesu be wòafia nu ye le gbedodoɖa ŋu la, Yesu megbe efiafia o. Luka 11:2-4 gblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na míaƒe abolo, si asu mía nu egbe la mí. Eye tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si! Eye mègakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o.” Woyɔa esia zi geɖe be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa. Nufiame geɖe le eme.
Gbã la, nya gbãtɔ fia amesi wòle be míaƒe gbedodoɖawo nayi na—na mía Fofo. De dzesii be Yesu meɖe mɔ le go aɖeke me kura be woado gbe ɖa na ame bubu, nɔnɔmewɔwɔ, “ame kɔkɔe” aɖe alo na ye ŋutɔ gɔ̃ hã o. Ne èbu eŋu kpɔ la, Mawu gblɔ be: “Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.” (Yesaya 42:8) Eyata míaƒe dziƒo Fofo la mesea gbe siwo wodona ɖa na nane alo ame aɖe tsɔ wu eya ŋutɔ la o, metsɔ le eme alesi gbegbe tadeagula la kɔ dzimee o. Yehowa Mawu koe woyɔ le Biblia me be enye ‘Gbedodoɖasela.’—Psalmo 65:3.
Ame aɖewo agblɔ be “ame kɔkɔewo” nye domenɔlawo le Mawu gbɔ. Gake Yesu ŋutɔ fia be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. Eye nusi ke miabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me.” (Yohanes 14: 6, 13) Eyata Yesu meɖe mɔ be amesiwo woyɔna be ame kɔkɔewo dometɔ aɖeke nanye domenɔla o. Galé ŋku ɖe nya si apostolo Paulo gblɔ le Kristo ŋu la ŋu kpɔ: “Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xɔ mí ɖe akɔ hã.” ‘Ele agbe ɖaa, bena yeaxɔ wo ɖe akɔ.’—Romatɔwo 8:34; Hebritɔwo 7:25.
Ŋkɔ si Ŋuti Wòle Be Woakɔ
Nya siwo gakplɔe ɖo le Yesu ƒe gbedodoɖa la mee nye: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” Aleke míakɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti, si nye be míawɔe kɔkɔe, alo aɖee ɖe vovo etɔxɛe, nenye be míenyae hezãnɛ o? Woyɔ Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ Yehowa nɛ wu zi gbɔ zi 6,000 le “Nubabla Xoxoa” me.
Katoliko Douay Version gblɔ le Mose II, 6:3 ƒe etenuŋɔŋlɔ me be: “Egbegbe nuŋlɔla aɖewo kpa ŋkɔ Yehowa . . ., elabena [Mawu ƒe] ŋkɔ la yɔyɔ vavãtɔ si le Hebri-nuŋɔŋlɔa me la bu fifia le eŋudɔ mawɔmawɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye sia ta.” Eyata Katolikotɔwo ƒe New Jerusalem Bible zãa ŋkɔ Yahweh. Togbɔ be agbalẽnyala aɖewo da asi ɖe eyɔyɔ nenema dzi hã la, “Yehowa” nye eyɔyɔ le Eʋegbe me si dzi woda asi ɖo ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Alesi gbegbɔgblɔ bubuwo yɔa Mawu ƒe ŋkɔ la le vovovo. Nu vevitɔe nye be míazã ŋkɔa ale be míakɔ eŋuti. Ðe miaƒe sɔlemeha la fia wò be nàzã ŋkɔ Yehowa le gbedodoɖa mea?
Nusiwo Sɔ Míado Gbe Ða Abia
Emegbe Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava!” Mateo ƒe Nyanyuia gblɔ nya siawo kpee be: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si le Yesu Kristo si me. (Yesaya 5, 6) Biblia ƒe nyagblɔɖi fia be aɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa kpuie eye wòana ɣeyiɣi si ŋutifafa axɔ anyigba katã dzi la nava. (Psalmo 72:1-7; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Eyata nyateƒe Kristotɔwo biaa Fiaɖuƒea ƒe vava le woƒe gbedodoɖa me edziedzi. Ðe miaƒe sɔlemeha la fia ema wɔwɔ wòa?
Enyo be míade dzesii be Yesu ɖee fia be míate ŋu agblɔ mía ŋutɔwo ƒe nya siwo ɖea fu na mí hã le míaƒe gbedodoɖawo me. Egblɔ be: “Na míaƒe abolo, si asu mía nu egbe la mí. Eye tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si! Eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.” (Luka 11:3, 4) Yesu ƒe nyawo fia be míate ŋu adi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le gbesiagbenyawo me, be míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu le nusianu si ate ɖe mía dzi alo aɖe fu na míaƒe susu ta. Kukuɖeɖe na Mawu alea akpe ɖe mía ŋu be míanya alesi wòhiã be míakpɔ esinui. To esia dzi la, míeva kpɔa akpa si wòwɔna le míaƒe agbe me la dzea sii wu. Nenema ke wòɖea vii ne míedoa gbe ɖa gbesiagbe be Mawu natsɔ míaƒe vodadawo ake mí. Esia na míeva kpɔa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzea sii nyuie wu—eye míegbɔa dzi ɖi na amewo wu ne wodze agɔ. Alesi Yesu de dzi ƒo be míado gbe ɖa be woaɖe mí tso tetekpɔ me la hã sɔ, vevietɔ esi xexeame ƒe agbenyuinɔnɔ le to yim. Be míawɔ nu wòasɔ ɖe gbedodoɖa ma nu la, míanɔ ŋudzɔ ale be míaƒo asa na nyadzɔdzɔ kple nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ mí ade nugbegblẽwɔwɔ me.
Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la gblɔ nya geɖe le gbedodoɖa siwo dzea Mawu ŋu la ŋu na mí. Gake ɖe Yesu fia gbedodoɖa sia kple susu be míanɔ egbugbɔgblɔ dzi ɖaa?
Aɖaŋuɖoɖo Bubuwo le Gbedodoɖa Ŋu
Yesu gaɖo aɖaŋu bubuwo le gbedodoɖa ŋu. Míexlẽ le Mateo 6:5, 6 be: “Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. . . . Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xɔgã me, eye esi nètu ʋɔa la, nàdo gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe la, eye Fofowò si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.” Nya siawo fia be míagatsɔ gbagbla kple adegbeƒuƒluƒoƒo ado gbe ɖa be wòadze amewo ŋu o. Ðe nètrɔa wò dzimenyawo ƒona ɖe Yehowa ŋkume le ɣaɣlaƒe abe alesi Biblia gblɔe enea?—Psalmo 62:9.
Yesu na nuxlɔ̃ame sia be: “Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.” (Mate 6:7) Edze ƒã be Yesu meda asi ɖe gbedodoɖa léle ɖe susu me dzi o— kaka wòanye be wòada asi ɖe wo xexlẽ tso agbalẽ me dzi o. Eƒe nyawo meda asi ɖe rosario zazã hã dzi o.
Katolikotɔwo ƒe misagbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne míete ɖe eŋu le akpedaɣi alo le hiã me, le konyifaɣi, alo le ekafukafu gbesiagbe me la, míaƒe gbedodoɖa nyuitɔ kekeakewo anye esiwo míagblɔ tso míaƒe susu me.” Yesu ŋutɔ ƒe gbedodoɖawo nye esiwo va tame nɛ wògblɔ, melé wo ɖe susu me o. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ Yesu ƒe gbedodoɖa si woŋlɔ ɖe Yohanes ta 17 me kpɔ. Ewɔ ɖeka kple kpɔɖeŋugbedodoɖa la, eye alesi Yesu di be yeakpɔe woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu la dze le eme. Yesu ƒe gbedodoɖa nye esi va tame nɛ wògblɔ eye wòtso dzi ƒe gogloeƒe ke.
Gbedodoɖa Siwo Mawu Sena
Nenye be gbe si wolé ɖe susu me dodo ɖae wofia wò, be nàdo ɖa na “ame kɔkɔewo” alo na nɔnɔmewɔwɔwo alo be nàzã mawusubɔsubɔnuwo, abe rosario ene la, àvɔ̃ ne wobe nàdo gbe ɖa abe alesi Yesu fiae ene. Gake nu vevitɔe nye be nànya Mawu—eƒe ŋkɔ, eƒe tameɖoɖowo, eƒe amenyenye. Àte ŋu awɔ esia to Biblia sɔsrɔ̃ tsitotsito me. (Yohanes 17:3) Yehowa Ðasefowo le klalo eye wolɔ̃ faa be yewoakpe ɖe ŋuwò le go sia me. Vavãe, wokpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu le xexeame godoo be ‘woɖɔe kpɔ, eye wokpɔe be, Yehowa ƒe dɔme nyo!’ (Psalmo 34:9) Zi ale si nèva le Mawu nyam la, zi nenemae wòaʋã wò be nàkafui le gbedodoɖa me. Eye zi alesi nètena ɖe Yehowa ŋu bubutɔe le gbedodoɖa me la, zi nenemae mia kplii dome ƒomedodoa anɔ kplikplikpli wu.
Eyata wode dzi ƒo na nyateƒe tadeagulawo katã be woanɔ “gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!” (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Kpɔ egbɔ be yeƒe gbedodoɖawo wɔ ɖeka kple Biblia la vavã, hekpe ɖe Yesu Kristo ƒe mɔfiamewo ŋu. To mɔ sia dzi la, àka ɖe edzi be Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe yeƒe gbedodoɖawo ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Zi alesi míeyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋui la, zi nenemae wòʋãa mí be míado gbe ɖa nɛ tso dzi me.