INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 3/15 axa 14-18
  • Zɔ Le Gbɔgbɔ Me Be Nànɔ Agbe Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe La Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zɔ Le Gbɔgbɔ Me Be Nànɔ Agbe Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe La Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si ‘Zɔzɔ Le Gbɔgbɔ Me’ Fia
  • Alekee Gbɔgbɔa Fiaa Mɔ Mí?
  • Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ La Ŋu
  • Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Fia Mɔ Kristotɔwo Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Eye Wòle Mɔ Fiam Wo Egbea Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nu Ka Tae Wòle Be Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Nafia Mɔ Mí?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ale Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Kpena Ðe Mía Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Aleke Mawu ƒe Gbɔgbɔ Wɔa Dɔ Egbeae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 3/15 axa 14-18

Zɔ Le Gbɔgbɔ Me Be Nànɔ Agbe Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe La Nu

“Miyi edzi miazɔ le gbɔgbɔ me, ekema miele ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke kura dzi wɔ ge o.”—GAL. 5:16.

1. Nyɔnyrɔ ƒomevi eve kawoe wona amewo le Pentekoste ŋkekea dzi?

LE ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la nyrɔ Yesu yomedzelawo, eye esia megbee wodo gbe bubuwo. Gbɔgbɔa ƒe nukununanawo dometɔ ɖekae nye ema woxɔ. (1 Kor. 12:4-10) Dɔ kae nunana sia kple nuƒo si apostolo Petro ƒo la wɔ ɖe amewo dzi? ‘Etɔ dzi me na wo dometɔ geɖe vevie.’ Petro de dzi ƒo na wo be woatrɔ dzi me ahana woanyrɔ wo, eye wowɔe nenema. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ame siwo xɔ eƒe nya la kple dzi blibo la, wonyrɔ wo, eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔ abe akpe etɔ̃ ene [kpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu].” (Dɔw. 2:22, 36-41) Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe mɔfiamea la, anɔ eme be wonyrɔ wo ɖe tsi me ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.—Mat. 28:19.

2, 3. (a) Vovototo kae le gbɔgbɔ kɔkɔe la tsɔtsɔ nyrɔ ame kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me dome? (b) Nu ka tae wodi tso ame siwo katã va zua Kristotɔ vavãwo egbea la si be woaxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me?

2 Gake ɖe vovototo aɖe le gbɔgbɔ kɔkɔe la tsɔtsɔ nyrɔ ame kpakple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me domea? Ɛ̃. Ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nyrɔ la nye ame siwo wogbugbɔ dzi abe Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo ene. (Yoh. 3:3) Wosi ami na wo be woava nye fiawo kple nunɔlawo le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me, eye wonye Kristo ƒe gbɔgbɔmeŋutilã la ƒe akpa aɖe. (1 Kor. 12:13; Gal. 3:27; Nyaɖ. 20:6) Eya ta nyɔnyrɔxɔxɔ sia—si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la tsɔtsɔ nyrɔ ame—nye nu si Yehowa wɔ le Pentekoste ŋkekea dzi kple emegbe siaa esi wòtia ame aɖewo be woava nye Kristo ƒe hati domenyilawo. (Rom. 8:15-17) Ke nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, si nye nu si yia edzi edziedzi le Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpe suewo kple gãwo me egbea, ya ɖe?

3 Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me nye afɔ aɖe si Kristotɔ vavãwo ɖena tsɔ ɖoa kpe edzi be yewotsɔ yewo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu bliboe. Esia nye nyateƒe le ame siwo xɔ dziƒoyɔyɔ la gome. Gake nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me nye afɔ vevi aɖe si wòle be ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖe siwo li egbea, siwo si agbenɔnɔ tegbee le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la, hã naɖe. Mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale ame si o, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me nye afɔ vevi aɖe si wòle be ame naɖe hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Eya ta wodi tso Kristotɔ siwo katã wonyrɔ alea la si be ‘woayi edzi azɔ le gbɔgbɔ me.’ (Mixlẽ Galatiatɔwo 5:16.) Ðe nèle zɔzɔm le gbɔgbɔ me heto esia dzi le agbe nɔm ɖe wò adzɔgbeɖeɖe la nua?

Nu Si ‘Zɔzɔ Le Gbɔgbɔ Me’ Fia

4. Nu ka tututue ‘zɔzɔ le gbɔgbɔ la me’ fia?

4 ‘Zɔzɔ le gbɔgbɔ me’ fia be nàlɔ̃ faa gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wò, be nàɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò. Ne míagblɔe bubui la, efia be nàɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wò le wò gbe sia gbe nuwɔnawo me. Galatiatɔwo ta 5 lia me nyawo na vovototo si le nu si wòfia be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi kple nu si wòfia be ŋutilã nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi dome la dze ƒãa.—Mixlẽ Galatiatɔwo 5:17, 18.

5. Ne gbɔgbɔ kɔkɔe la fiaa mɔ wò la, dɔwɔwɔ kawoe nàƒo asa na?

5 Ne gbɔgbɔ kɔkɔe la fiaa mɔ wò la, efia be èdzea agbagba ƒoa asa na ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo. Esiawo dometɔ aɖewoe nye “[gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, ŋukpenanuwɔwɔ, trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, keléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, nyahehewo, mamawo, kɔmamawo, ŋubiabiãwo, ahamumuwo, aglotutu siwo gbɔ eme.” (Gal. 5:19-21) Le gɔmesese aɖe nu la, efia be “[èwu] ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo to gbɔgbɔ la dzi.” (Rom. 8:5, 13) Akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ wò susu aɖo gbɔgbɔ la ƒe nuwo ŋu ahanɔ nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple eƒe mɔfiafia tsɔ wu be nàɖe mɔ ŋutilã ƒe dzodzrowo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò.

6. Wɔ kpɔɖeŋu aɖe nàtsɔ aɖe nu si hiã hafi míate ŋu aɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia la me.

6 Ne gbɔgbɔ kɔkɔe la fiaa mɔ wò la, ànɔ mawumenɔnɔme nyuiwo, siwo nye “gbɔgbɔ ƒe kutsetse” la ɖem anɔ fiafiam. (Gal. 5:22, 23) Gake ènya be esia bia agbagbadzedze. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Agbledela aɖe ŋlɔ anyigba heƒã nu ɖe edzi. Le nyateƒe me la, ɣe ƒe keklẽ kple tsidzadza le vevie be nukuawo natsi, elabena ɣe ƒe keklẽ kple tsi manɔmee la, makpɔ naneke tso nu si wòƒã la me o. Míate ŋu atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la asɔ kple ɣe ƒe keklẽa. Míehiã na gbɔgbɔ kɔkɔea hafi míate ŋu aɖe eƒe kutsetse la afia. Ke hã, le agbledelaa gome la, ɖe wòaŋe nane ne mewɔ dɔ veviedodotɔe oa? (Lod. 10:4) Esia fia be gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse si gbegbe nàtse le wò agbe me kple eƒe nyonyome nɔ te ɖe ale si gbegbe nèdzraa wò dzi ƒe kpɔɖeŋunyigbaa ɖo la dzi. Ekema bia ɖokuiwò be, ‘Ðe meɖea mɔ be gbɔgbɔ kɔkɔe la natse eƒe ku la le menye to agbagbadzedze be mawɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzi mea?’

7. Nu ka tae nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le vevie ŋutɔ ne èdi be yeaɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea afia?

7 Hafi nu si agbledelaa ƒã nawɔ nyuie la, ehiã tsi. Eya ta wò hã èhiã nyateƒea ƒe tsi siwo le Biblia me kpakple esiwo sua mía si le Kristo hamea me egbea hafi nàte ŋu aɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia. (Yes. 55:1) Anɔ eme be èɖe eme na ame geɖewo kpɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea dzie woto ŋlɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo. (2 Tim. 3:16) Gakpe ɖe eŋu la, kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la naa Biblia me nyateƒea ƒe tsi dzadzɛwo ŋuti gɔmesese si míehiã na vevie la sua mía si. (Mat. 24:45-47) Nu si esia fia la me kɔ ƒãa. Efia be, hafi gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mí la, ele be míanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm ahanɔ ŋugble dem le eŋu. Ne èle esia wɔm la, ekema èle nyagblɔɖila siwo “dzro nu me vevie hewɔ numekuku tsitotsito” ku ɖe nyatakaka siwo woxɔ ŋu la ƒe kpɔɖeŋu nyuiawo srɔ̃m. Enyo be míade dzesii be mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be yewoase nyateƒe siwo ku ɖe Dzidzimevi si ŋugbe wodo la kple Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea ŋu la gɔme.—Mixlẽ 1 Petro 1:10-12.

Alekee Gbɔgbɔa Fiaa Mɔ Mí?

8. Nu ka tae wòle vevie be nàbia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔa wò?

8 Menye Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu koe nye nu si le vevie o. Ehiã be nàyi edzi anɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia biam. Yehowa ate ŋu “awɔ nu siwo míebiana alo nu siwo vaa susu me na mí la dzi wòaƒo wo ta sãsãsã.” (Ef. 3:20; Luka 11:13) Ke tsɔe be ame aɖe bia wò be, “Ne Mawu nya nu siwo ‘hiãm hafi meva bianɛ’ la, ke nu ka tae wòle be mayi edzi anɔ ebiam?” la, alekee nàɖo eŋu nɛ? (Mat. 6:8) Nya lae nye be, ne èle gbe dom ɖa hele gbɔgbɔ kɔkɔea biam la, efia be èle lɔlɔ̃m ɖe edzi be yehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe bia tso asiwò be nàkpe ɖe ye ŋu la, àwɔ nu sia nu si nàte ŋui akpe ɖe eŋu le esi wòka ɖe dziwò eye wòva bia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò ta. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 3:27.) Nenema kee wòdzɔa dzi na Yehowa be nànɔ gbɔgbɔ la biam ye, eye anae wò dɔmenyotɔe.—Lod. 15:8.

9. Alekee Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be Mawu ƒe gbɔgbɔa nanɔ mɔ fiam wò?

9 Ènya nyuie be mɔ bubu siwo dzi míetona xɔa Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafiae nye míaƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo dede. Ele vevie ŋutɔ be míadze agbagba anɔ kpekpeawo dem ahanɔ to ɖom nufiameawo nyuie. Esia kpena ɖe mía ŋu míesea “Mawu ƒe nu goglowo” gɔme. (1 Kor. 2:10) Nyaŋuɖoɖo edziedzi hã ɖea vi geɖe. Ne èɖo ŋku kpekpe siwo nède le kwasiɖa ene siwo va yi me dzi la, zi nenie nèdo asi ɖe dzi be yeaɖo nya ŋu atsɔ aʋu wò xɔse me? Ðe nèkpɔe be ehiã be yeagawɔ geɖe wua? Ne nenemae la, ekema tso nya me le nu si nàdi be yeawɔ le kwasiɖa siwo gbɔna me ŋu. Yehowa akpɔ ale si nèdi vevie be yeakpɔ gome le kpekpeawo me la adze sii eye wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò be nàkpɔ viɖe geɖe wu tso kpekpeawo me.

10. Zɔzɔ le gbɔgbɔ me bia hã be míawɔ amekpekpedɔ ka?

10 Zɔzɔ le gbɔgbɔ me bia hã be míawɔ ɖe amekpekpe si ƒe nya woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 22:17 la dzi. Afi ma gblɔ be: “Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la yi edzi le gbɔgblɔm be: ‘Va!’ Eye ame sia ame si le esem la negblɔ be: ‘Va!’ Eye ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.” Gbɔgbɔ la le ŋugbetɔ amesiamina ƒe ha la dzi tom le amewo kpem be woava xɔ agbetsi la. Ne èwɔ ɖe amekpekpe si nye “va!” dzi la, ɖe nèɖoe kplikpaa be ye hã yeagblɔ be “Va!”? Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye be ame nakpɔ gome le agbeɖeɖedɔ sia me!

11, 12. Akpa kae gbɔgbɔ kɔkɔe la wɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me?

11 Wole dɔ vevi sia wɔm fifia le gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe mɔfiafia te. Míexlẽ nu tso ale si gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ dutanyanyuigblɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be woayi aɖaɖe gbeƒã le dutanuto vovovowo me la ŋu. “Gbɔgbɔ kɔkɔe la gbe na” apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo “be woagagblɔ nya la le Asia nutoa me o”; eye meɖe mɔ na wo hã be woayi Bitinia o. Míenya mɔ si tututu dzi gbɔgbɔ la to xe mɔ na wo be woagayi nuto mawo me ya o, ke hã, eme kɔ ƒãa be gbɔgbɔ lae fia mɔ Paulo wòyi ɖaɖe gbeƒã le Europa ƒe anyigbamama gã la me. Wona wòkpɔ Makedonia ŋutsu aɖe le ŋutega me wònɔ kuku ɖem nɛ be wòava kpe ɖe yewo ŋu.—Dɔw. 16:6-10.

12 Nenema kee Yehowa ƒe gbɔgbɔa le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le xexea me katã egbea hã. Yehowa metoa ŋutegawo dzi naa mɔfiamewo ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o; ke boŋ etsɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ amesiaminawo. Eye gbɔgbɔ la ʋãa nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo wowɔa nu sia nu si woate ŋui le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Ðikeke mele eme o be èle gome kpɔm le dɔ vevi sia me. Ðe mɔ aɖe li si dzi nàto akpɔ dzidzɔ geɖe wu le dɔ dodzidzɔname sia wɔwɔ mea?

13. Alekee nàte ŋu aɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wò? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Àte ŋu aɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wò ne èwɔna ɖe mɔfiame siwo wonaa Mawu ƒe amewo la dzi. Bu Mihoko, si nye ɖetugbui aɖe si le Japan la, ŋu kpɔ. Esi wòdze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme teti la, tɔtrɔyiwo wɔwɔ sesẽna nɛ; eye esee le eɖokui me be yemenya ale si yeaƒo nu le mɔ si anyɔ aƒemenɔla ƒe ɖetsɔleme la nu o. Ɣemaɣi lɔƒo la, wona mɔfiamewo ku ɖe ale si míawɔ tɔtrɔyi kpuiwoe ŋu le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Emegbe woɖe agbalẽ gbadza si ƒe tanyae nye Agbe si Me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe la ɖe go. Agbalẽ gbadza sia ɖe kpe le Japan ƒe anyigbamama la me ŋutɔ. Mihoko wɔ mɔfiame siwo wona ku ɖe ale si woazã agbalẽ gbadza siae ŋu la ŋu dɔ, vevietɔ esiwo ku ɖe ale si woawɔ tɔtrɔyi kpuiwoe la ŋu. Ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, ete Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ame siwo ɖewohĩ womalɔ̃ tsã be woasrɔ̃ nu kpli yewo o la. Egblɔ be: “Biblia nusrɔ̃vi geɖe va su asinye—wo ame 12 sɔŋ ɣeaɖeɣi—ale gbegbe be eva hiã be magblɔ na ame aɖewo be woalala vie gbɔ!” Le nyateƒe me la, ne èle zɔzɔm le gbɔgbɔ me hele wɔwɔm ɖe mɔfiame siwo wonaa Yehowa subɔlawo dzi la, àŋe nu wòasɔ gbɔ.

Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ La Ŋu

14, 15. (a) Alekee wòate ŋu anya wɔ be amegbetɔ madeblibowo nanɔ agbe ɖe adzɔgbe si woɖe na Mawu la nu? (b) Alekee nàwɔ adze xɔlɔ̃ nyuitɔwo?

14 Esi nènye subɔla si woɖo ta la, wode subɔsubɔdɔ aɖe asi na wò be nàwɔ. (Rom. 10:14) Ðewohĩ màse le ɖokuiwò me be yedze nyuie na dɔ sia wɔwɔ o. Gake abe ale si wòle le amesiaminawo gome ene la, wò dzedze nyuie na dɔ sia wɔwɔ la tsoa Mawu gbɔ. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 3:5.) Ne èɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu eye nèwɔa wò ŋutete katã la, àte ŋu anɔ agbe ɖe adzɔgbe si nèɖe na Mawu la nu.

15 Enye nyateƒe be mele bɔbɔe be mí ame madeblibowo míanɔ agbe ɖe adzɔgbe si míeɖe na mía Mawu deblibo, Yehowa, la nu o. Nu siwo ate ŋu ado kplamatsɛ wò la dometɔ ɖekae nye be agbe si nɔm nèle fifia ate ŋu awɔ nuku na ame siwo nède ha kpli tsã eye ‘woanɔ nya manyomanyowo gbɔgblɔ dzi ɖe ŋuwò.’ (1 Pet. 4:4) Ke hã, ɖo ŋku edzi be xɔlɔ̃ yeyewo va su asiwò, eye xɔ̃wò vevitɔwoe nye Yehowa kple Yesu Kristo. (Mixlẽ Yakobo 2:21-23.) Ele vevie hã be nànya nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le miaƒe hamea me, siwo nye “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã” siwo le xexea me godoo ƒe akpa aɖe, la nyuie. (1 Pet. 2:17; Lod. 17:17) Yehowa ato eƒe gbɔgbɔa dzi akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔlɔ̃ siwo ayi edzi anɔ ŋusẽ nyui kpɔm ɖe dziwò.

16. Alekee wò hã nàte ŋu ‘akpɔ dzidzɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me’ abe Paulo ene?

16 Ne èdze xɔlɔ̃ nyuiwo le hamea me gɔ̃ hã la, esia mawɔe be wò gbe sia gbe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe na wò kokoko o. Kuxi siwo wòahiã be nànɔ akɔ kpem kple la ate ŋu awɔe be nàtɔtɔ le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi, abe ɖe màte ŋu ado le wo me o ene. Ɣeyiɣi mawo tututu mee wòle be nàtrɔ ɖe Yehowa ŋu ahabiae be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la wò. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne megbɔdzɔ la, ekema ŋusẽ ɖoa ŋunye.” (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:7-10; 12:10.) Paulo nyae be Mawu ƒe gbɔgbɔ la ate ŋu akpe ɖe ye ŋu yeakpe akɔ kple amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖe sia ɖe ƒomevi. Eya ta Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la ate ŋu ado ŋusẽ wò ɣesiaɣi si nàse le ɖokuiwò me be yegbɔdzɔ eye yehiã na ŋusẽdodo. Paulo gblɔ be “[yekpɔa] dzidzɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me.” Ɣeyiɣi siwo me wògbɔdzɔ la, ɣemaɣiwoe wòdea dzesii be gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe ye ŋu. Ate ŋu anɔ alea le wò hã gowòme!—Rom. 15:13.

17. Alekee gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ?

17 Míehiã gbɔgbɔ kɔkɔea bene míate ŋu anɔ agbe ɖe adzɔgbe si míeɖe na Mawu la nu. Tsɔe be wòe nye ame si le kuɖɔ ɖom na tɔdziʋu aɖe si ŋu abala le. Èdi be ya nyuitɔa nage ɖe wò abala me be wòakplɔ wò ayi afi si nèɖo tae la dedie. Nu si wòle be nàwɔe nye be nàde dzesi yaƒoƒo si ɖo ta afi si nèyina ahatrɔ wò abalaa ɖe eŋu. Nenema kee wò taɖodzinue nye be yeasubɔ Yehowa tegbee. Gbɔgbɔ kɔkɔe la le abe ya si ɖo ta afi si yim nèle, si akplɔ wò aɖo wò taɖodzinua gbɔ, ene. Mèdi be Satana ƒe xexea ƒe gbɔgbɔ si le abe ya ene nanɔ ye ƒom anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm o. (1 Kor. 2:12) Eya ta ele be nàde dzesi ya nyuitɔa—si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la—ahana wòakplɔ wò. Mawu ato eƒe Nya la kple eƒe habɔbɔ si gbɔgbɔa fiaa mɔe la dzi ana gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ nyuitɔa wò.

18. Nu kae nye wò tameɖoɖo kplikpaa fifia, eye nu ka tae?

18 Ne Yehowa Ðasefowo le nu srɔ̃m kpli wò eye nèkpɔa dzidzɔ le hadede kpli wo me gake mèkpɔ wɔ afɔɖeɖe vevi siwo nye adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ o la, bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae mele hehem ɖe megbe?’ Ne èlɔ̃ ɖe akpa si wɔm gbɔgbɔ kɔkɔea le le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me egbea dzi eye nèkpɔ eƒe dɔwɔwɔ dze sii la, ekema wɔ afɔɖeɖe siwo nèva kpɔ dze sii be woawoe nye nyuitɔ. Yehowa ayra wò geɖe. Ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la wò dɔmenyotɔe. Ne èxɔ nyɔnyrɔ ƒe aɖewo alo ƒe blananewoe nye esia la, ɖikeke mele eme o be ède dzesii be gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ wò. Èkpɔ ale si Mawu toa eƒe gbɔgbɔa dzi doa ŋusẽ wò la dze sii. Àte ŋu anɔ viɖe siawo kpɔm ɖaa—ɛ̃, yi ɖe mavɔmavɔ me. Eya ta ɖoe kplikpaa be yeayi edzi anɔ zɔzɔm le gbɔgbɔ kɔkɔe la me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae ‘zɔzɔ le gbɔgbɔ me’ fia?

• Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be ‘nàyi edzi azɔ le gbɔgbɔ me’?

• Alekee nàwɔ anɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖea nu?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Wò dzi ƒe kpɔɖeŋunyigbaa dzadzraɖo bia agbagbadzedze

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Ðe nèɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ wòa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe