-
Aleke Wòle Be Míado Gbe Ðae Na Mawu?Nyɔ!—2012 | April
-
-
Yesu gblɔ be: “Miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe ale si wowɔna le dziƒo ene! Na míaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! Eye nàtsɔ míaƒe vodadawo ake mí, sigbe ale si míawo hã míetsɔna kea ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene! Eye mègakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!”—Mateo 6:9-13, Eʋegbe Biblia.
-
-
Aleke Wòle Be Míado Gbe Ðae Na Mawu?Nyɔ!—2012 | April
-
-
“Wò fiaɖuƒe nava!” Dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye, eye eƒe Fia ye nye Yesu Kristo. Eteƒe madidi o, aɖu anyigba blibo la katã dzi. Daniel 7:14 gblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ.” Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘ava’ nenye be etsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã eye wòdze anyigba bliboa dzi ɖuɖu gɔme.—Daniel 2:44.
“Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe ale si wowɔna le dziƒo ene!” Amegbetɔƒomea awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ne eƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum. Esia ana ŋutifafa vavãtɔ naxɔ aƒe ɖi eye amewo katã awɔ ɖeka asubɔ Mawu le nyateƒe me. Dunyahehe kple alakpasubɔsubɔ si dea mama amewo dome la maganɔ anyi o. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be, “Mawu ƒe agbadɔ la [anɔ] amegbetɔwo gbɔ,” eye wòyi edzi gblɔ be, “eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”
-