-
Didi Be Woazu Kesinɔtɔ Le Mawu GbɔNyɔ!—2007 | July
-
-
Didi Be Woazu Kesinɔtɔ Le Mawu Gbɔ
BE ŊUTILÃMEKESINƆNU geɖe nasu ame si la, ehiã be woawɔ dɔ geɖe eye woatsɔ nu geɖe asa vɔe. Nenema kee wòle le kesinɔtɔzuzu le Mawu gbɔ hã gome. Nya si Yesu gblɔ be, “Midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo” la anya lɔ nya sia ɖe eme. (Mateo 6:20) Gbɔgbɔmekesinɔnuwo mesua ame si agbagbamadzemadzee o. Abe ale si ko ga gbogbo aɖe meva nɔa ame ƒe ŋkɔ me le gadzraɖoƒe ne enya ŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe afi ma ɖeɖe ko o la, nenema kee subɔsubɔha aɖe me nɔnɔ ɖeɖe dzaa menana ame zua kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o. Ame kple Mawu dome ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo, gbɔgbɔmemezuzu, kple kesinɔtɔnyenye le Mawu gbɔ bia tameɖoɖo kplikpaa, ɣeyiɣi geɖe, agbagbadzedze vevie, kple nu geɖe tsɔtsɔ sa vɔe.—Lododowo 2:1-6.
-
-
Didi Be Woazu Kesinɔtɔ Le Mawu GbɔNyɔ!—2007 | July
-
-
Viɖe Siwo Mele Xexlẽ Me O
To vovo na anyigbadzikesinɔnu, siwo fiafitɔwo ate ŋu ava fi la, gbɔgbɔmekesinɔnuwo ya ate ŋu anɔ anyi ɖaa. (Lododowo 23:5; Mateo 6:20) Enye nyateƒe be mele bɔbɔe be woadzidze ŋgɔyiyi si ame wɔ le gbɔgbɔ me o. Mele bɔbɔe be woanya afi si ame wɔ ŋgɔyiyi va ɖo le lɔlɔ̃, dzidzɔ, alo xɔse ɖeɖe fia me abe ale si wòle bɔbɔe be woanya ga home si le ame si le gadzraɖoƒe la ene o. Gake xexlẽme meli na viɖe siwo wokpɔna tso gbɔgbɔmekesinɔnuwo me o. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso eyomedzela siwo agblẽ woƒe aƒewo kple agblewo, ẽ, nu siwo nu wonɔa agbe ɖo ɖi, ahati gbɔgbɔmenuwo yome ŋu la, egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Marko 10:29, 30.
Nu kae nàtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me? Mawu loo, alo kesinɔnuwo?—g6/07.
-