-
Yesu Ðe ‘Nunya si Tso Mawu Gbɔ’ FiaTe Ðe Yehowa Ŋu
-
-
6-8. (a) Susu vevi kawoe Yesu gblɔ si ta wòle be woadzudzɔ dzimaɖitsitsi? (b) Nu kae fia be nunya si tso dziƒo le Yesu ƒe nuxlɔ̃amewo me?
6 Le kpɔɖeŋu me, bu Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si me nunya le ku ɖe ale si woawɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo nu ŋu, abe ale si woŋlɔe ɖe Mateo ta 6 ene ŋu kpɔ. Yesu xlɔ̃ nu be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbewo ŋu le nu si miaɖu alo nu si miano ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti.” (Kpukpui 25) Nuɖuɖu kple nudodo nye agbemenuhiahiã veviwo, eya ta ɖikekemanɔmee la, esɔ le dzɔdzɔme nu be woabu ale si woawɔ akpɔ nu siawo ŋu. Gake Yesu le gbɔgblɔm na mí be ‘míadzudzɔ dzimaɖitsitsi’ ɖe nu siawo ŋu.b Nu ka tae?
7 Ðo to nàse Yesu ƒe numeɖeɖe si me susu le. Esi Yehowa na agbe kple ŋutilã mí ɖe, ɖe mate ŋu ana nuɖuɖu si alé agbe ma ɖe te kple nudodo si atsyɔ ŋutilã ma ŋu oa? (Kpukpui 25) Ne Mawu nyia dziƒoxewo eye wòɖoa atsyɔ̃ na seƒoƒowo la, ke aleke gbegbe wòalé be na amegbetɔ siwo dea ta agu nɛ geɖe wue nye esi! (Kpukpui 26, 28-30) Nyateƒee, susu aɖeke meli si ta míatsi dzimaɖi dzodzro ɖo o. Mate ŋu adidi míaƒe agbe ɖe edzi ɣeyiɣi sue aɖe ŋutɔ gɔ̃ hã o.c (Kpukpui 27) Aleke míawɔ aƒo asa na dzimaɖitsitsi? Yesu xlɔ̃ nu mí be: Miyi edzi miatsɔ tadedeagu na Mawu aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Ame siwo wɔa esia ate ŋu aka ɖe edzi be yewoƒe Dziƒofofo la atsɔ yewoƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo katã “akpe ɖe eŋuti” na yewo. (Kpukpui 33) Mlɔeba la, Yesu ɖo aɖaŋu aɖe si sɔ nyuie ale gbegbe—tsɔ ŋkekeawo ɖekaɖeka. Nu ka ta wòle be nàtsɔ etsɔ si gbɔna ƒe dzimaɖitsitsiwo akpe ɖe egbe tɔwo ŋu? (Kpukpui 34) Azɔ hã, nu ka ta nàtsi dzi dzodzro ɖe nu siwo ɖewohĩ womadzɔ gbeɖe o ŋu? Nuxlɔ̃ame siawo siwo me nunya le la dzi wɔwɔ ate ŋu ana míavo tso dzigbagbã si bɔ ɖe egbexexe sia si yɔ fũu kple nuteɖeamedziwo la me.
-
-
Yesu Ðe ‘Nunya si Tso Mawu Gbɔ’ FiaTe Ðe Yehowa Ŋu
-
-
b Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “woatsi dzimaɖi” fia be “woana nu nahe ame ƒe susu ɖa.” Ale si wozãe le Mateo 6:25 la fia dzodzodzoetsitsi si xɔa ame ƒe susu alo maa susua me, eye wònaa dzidzɔ buna ɖe ame le agbe me.
-