-
Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe Le XaxaɣiwoGbetakpɔxɔ—2003 | September 1
-
-
7, 8. (a) Aleke Yesu ɖee fiae be dzitsitsi akpa ɖe ŋutilãmenuwo ŋu nye amegbetɔ madeblibo ƒe nɔnɔme? (Kpɔ ete nuŋɔŋlɔa.) (b) Aɖaŋuɖoɖo nyui kae Yesu na ku ɖe alesi woaƒo asa na dzimaɖitsitsi yakatsyɔ ŋu?
7 Yesu xlɔ̃ nu le Todzimawunyaa me be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o.”b (Mateo 6:25) Yesu nyae be amegbetɔ madeblibowo tsia dzi ɖe woƒe agbemenuhiahiãwo ŋu le dzɔdzɔme nu. Gake aleke míawɔ ate ŋu ‘adzudzɔ dzimaɖitsitsi’ ɖe nu mawo ŋu? Yesu gblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la . . . gbãgbiagbã.” Kuxi ka kee míeɖado goe o, ele be míayi edzi atsɔ Yehowa ƒe tadeagu aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Ne míewɔe alea la, ekema mía Fofo si le dziƒo atsɔ míaƒe gbesiagbenuhiahiãwo katã “akpe ɖe eŋu na mí.” Le mɔ aɖe nu la, awɔe wòanɔ bɔbɔe be míate ŋu anɔ te ɖe enu.—Mateo 6:33.
-
-
Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe Le XaxaɣiwoGbetakpɔxɔ—2003 | September 1
-
-
b Dzimaɖitsitsi si ŋu woƒo nu tsoe le afisia la nye esi wogblɔ be enye “ŋɔdziléame ƒe dzitsitsi, si nana dzi megadzɔa ame kuraa le agbe me o.” Gɔmeɖeɖe siwo nye “migatsi dzimaɖi o” alo “migatsi dzi o” fia be mígadze dzi tsitsi gɔme o. Ke hã numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Alesi wozã Helagbe me dɔwɔnya la nye biabia be woawɔ nane, si nye gbeɖeɖe be woadzudzɔ nane si gɔme wodze xoxo la wɔwɔ.”
-