INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 37
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Dɔwɔwɔ Kple Ga Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Dɔwɔwɔ Kple Ga Ŋu
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Ga
    Nyɔ!—2014
  • Aleke Biblia Sɔsrɔ̃ Aɖe Vi Na Wòe?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 37
Nusɔsrɔ̃ 37 lia. Atikpala aɖe le gatagbadzɛ ƒom ɖe ati me.

NUSƆSRƆ̃ 37

Nya Si Biblia Gblɔ Tso Dɔwɔwɔ Kple Ga Ŋu

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Ðe nètsi dzimaɖi ɖe dɔwɔɖui alo ganyawo ŋu kpɔa? Ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe be míawɔ dɔ akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míasubɔ Yehowa bliboe o. Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me.

1. Nya kae Biblia gblɔ tso dɔwɔwɔ ŋu?

Mawu di be míase vivi na dɔ si míewɔna. Biblia gblɔ be “naneke menyo na amegbetɔ wu be . . . wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta o.” (Nyagblɔla 2:24) Yehowa lɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ. Ne míesrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua eye míewɔa dɔ veviedodotɔe la, míaƒe nu dzea eŋu eye míawo ŋutɔwo hã míekpɔa dzidzɔ.

Dɔwɔwɔ le vevie. Gake mele be míaɖe mɔ gbeɖe be dɔwɔwɔ nava nɔ vevie na mí wu Yehowa subɔsubɔ o. (Yohanes 6:27) Yehowa do ŋugbe be ne míetsɔ yeƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ la, yeakpɔ míaƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ na mí.

2. Nya kae Biblia gblɔ tso ga ŋu?

Biblia gblɔ be ‘ga kpɔa ame ta,’ gake exlɔ̃ nu mí hã be ga ɖeɖe mate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ o. (Nyagblɔla 7:12) Eya ta, Biblia de dzi ƒo na mí be míagalɔ̃ ga o, ke boŋ, ‘nu siwo le mía si fifia la nadze mía ŋu.’ (Xlẽ Hebritɔwo 13:5.) Ne nu si le mía si dzea mía ŋu la, míeƒoa asa na dzimaɖitsitsi atraɖii be nu geɖe wu nasu mía si. Eye míeƒoa asa na fenyinyi dzodzro. (Lododowo 22:7) Azɔ hã, ewɔnɛ be míeƒoa asa na kuxi siwo dona tso tsatsadada kple mazu-gatɔ-kaba ƒe gadimɔnuwo me la me.

3. Aleke míate ŋu azã míaƒe ga atsɔ akpe ɖe amewo ŋu?

Yehowa nye Mawu dɔmenyotɔ; míesrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua ne ‘míeʋua asi me, eye míelɔ̃na faa naa nu amewo.’ (1 Timoteo 6:18) Míate ŋu azã míaƒe ga dɔmenyotɔe ne míedzɔa nu le hamea me eye míenaa kpekpeɖeŋu ame siwo hiã tu, vevietɔ míaƒe haxɔsetɔwo. Menye ga home si míena ye le vevie na Yehowa o, ke boŋ, nu si ʋã mí míena gaa alo dzɔ nua ye le vevie nɛ wu. Ne míenaa nu faa tso dzi me la, míakpɔ dzidzɔ eye míaƒe nu adze Yehowa ŋu hã.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:35.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ viɖe siwo dona tso eme ne susu nyuitɔ le mía si ɖe dɔwɔwɔ ŋu eye nu si le mía si la dzea mía ŋu.

4. Na ale si nèwɔa dɔe nade bubu Yehowa ŋu

Ele be ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome naʋã mí míawɔ dɔ wòade bubu eŋu. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

VIDEO: Wɔ Dɔ Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me (4:39)

  • Le videoa me la, nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ale si Yao wɔa nu le dɔme la ŋu?

  • Nu kae wòwɔ tsɔ kpɔ egbɔ be dɔa meva zu nu vevitɔ nɛ le agbe me o?

Mixlẽ Kolosetɔwo 3:23, 24, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae wòle vevie be míawɔ dɔ tso luʋɔ blibo me?

Foto vovovoawo: Ŋutsu aɖe na eƒe dɔwɔɖui va zu nu vevitɔ nɛ le agbe me. 1. Ele dɔ wɔm le ɔfis le ŋkeke me. 2. Egakpɔtɔ le dɔme le fiẽ me gɔ̃ hã. 3. Eyi edzi le dɔ wɔm esime eƒe dɔwɔhatiwo ya dzo yi aƒe me. 4. Eya ɖeɖe le fiẽnu ɖum le eƒe me.

Dɔwɔwɔ le vevie. Gake mele be míaɖe mɔ gbeɖe be dɔwɔwɔ nava nɔ vevie na mí wu Yehowa subɔsubɔ o

Foto vovovoawo: Ŋutsu ma ke va kpɔ vovo ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu. 1. Ele dɔ wɔm le ɔfis le ŋkeke me 2. Edzo le dɔa me esime wokpã. 3. Edo asi ɖe dzi le hame ƒe kpekpe aɖe me. 4. Ele fiẽnu ɖum kple srɔ̃a kple viawo.

5. Ne nu si le mía si dzea mía ŋu la, eɖea vi na mí

Ame geɖe dzea agbagba be yewoaƒo ga nu ƒu zã ale si yewoate ŋui. Gake Biblia de dzi ƒo na mí be míagawɔ nu nenema o. Mixlẽ 1 Timoteo 6:6-8, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu kae Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ?

Ne míeda ahe gɔ̃ hã la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

VIDEO: Mina “Nu Siwo Le Mia Si Fifia La Nadze Mia Ŋu” (3:20)

  • Nu kae nana ƒome mawo kpɔa dzidzɔ togbɔ be ga geɖe mele wo si o hã?

Ke ne nu geɖe le mía si gake míegadina be geɖe wu nasu mía si ya ɖe? Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖee fia be afɔku le esia me. Mixlẽ Luka 12:15-21, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la me?—Kpɔ kpukpui 15 lia.

Mixlẽ Lododowo 10:22 kple 1 Timoteo 6:10 eye miatsɔ wo me nyawo asɔ kple wo nɔewo. Eyome midzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae nèsusu be eyae le vevie wu, ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome ye loo alo be ga geɖe nanɔ mía si? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

  • Kuxi kawoe dona tso gadidi vivivo me?

6. Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí

Dɔwɔɖuinyawo kple gakuxiwo ate ŋu aɖe ale si gbegbe míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋui la afia. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ ne míedo go kuxi mawo tɔgbi, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

VIDEO: Yehowa Akpɔ Míaƒe Nuhiahiãwo Gbɔ (6:21)

  • Le videoa me la, kuxi kawo me nɔviŋutsua to?

  • Afɔ kawoe wòɖe tsɔ kpɔ kuxi mawo gbɔ?

Mixlẽ Mateo 6:25-34, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na ame siwo tsɔa eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ele be mawɔ dɔ sesĩe gbe sia gbe atsɔ akpɔ nye ƒomea dzi. Eya ta, nyemate ŋu anɔ hame ƒe kpekpewo dem kwasiɖa sia kwasiɖa o.”

  • Mawunyakpukpui kae na nèka ɖe edzi be Yehowa subɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ye nye afɔ nyuitɔ si wòle be nàɖe le nɔnɔme ɖe sia ɖe me?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Dɔwɔɖui kple ga le vevie ya, gake mele be wòadzɔ gbeɖe be woawɔe be míagava nɔ Yehowa subɔm bliboe o.

Numetoto

  • Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be susu nyuitɔ nanɔ asiwò ɖe dɔ ŋu?

  • Ne ènaa nu si le asiwò dzea ŋuwò la, aleke esia aɖe vi na wòe?

  • Aleke nàte ŋu aɖee afia be yeka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeakpɔ yeƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la dzi?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Kpɔe ɖa be ɖe Biblia gblɔ be nu gbegblẽe ga nye hã.

“Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?” (Nyati sia le jw.org)

Le nyati sia me la, àkpɔ mɔ siwo nu míate ŋu azã míaƒe ga le be míaƒe nu nadze Mawu ŋu.

“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nunana Amewo Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

Modzakaɖenu dzro aɖe koe tsatsadada nyea?

“Nu Si Biblia Gblɔ—Tsatsadada” (Nyɔ!, March 2015)

Xlẽ nu tso nu si ʋã ŋutsu aɖe si nye tsatsadala kple fiafitɔ la be wòva trɔ eƒe agbenɔnɔ la ŋu le nyati sia me.

“Sɔwo Ƒe Duɖimekeke Doa Dzidzɔ Nam” (Gbetakpɔxɔ, November 1, 2011)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe