INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 9/15 axa 11-15
  • Ðe Nàna Yehowa Nanye Wò Gomea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàna Yehowa Nanye Wò Gomea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Fiaɖuƒea Didi Gbã
  • Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Didi Gbã
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ŋu
  • Srɔ̃ɖeɖe Le Aƒetɔ La Me Ko
  • Yehowae Nye Nye Gome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • ‘Nɔ Fiaɖuƒea Didi Dzi Gbãgbiagbã’
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • ‘Miyi Edzi Miadi Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã’
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Kristotɔ Ðasefo Siwo Ƒe Dumetɔnyenye Le Dziƒo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 9/15 axa 11-15

Ðe Nàna Yehowa Nanye Wò Gomea?

“Miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—MAT. 6:33.

1, 2. (a) Ame kawoe “Mawu ƒe Israel” si ŋu woƒo nu tso le Galatiatɔwo 6:16 la le tsitre ɖi na? (b) Le Mateo 19:28 la, ame kawoe “Israel to wuieveawo” le tsitre ɖi na?

NE ÈLE Biblia xlẽm eye nèke ɖe ŋkɔ Israel ŋu la, nu kae vaa susu me na wò? Ðe wò susu yia Isak viŋutsu Yakob, si wotrɔ ŋkɔ na be Israel la, dzia? Alo ɖe wò susu yia blema Israel dukɔ, si nye eƒe dzidzimeviwo, la dzi? Ke gbɔgbɔ me Israel ya ɖe? Ne woƒo nu tso Israel ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, zi geɖe la, ekuna ɖe “Mawu ƒe Israel la,” ame 144,000, siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na be woava nye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo la ŋu. (Gal. 6:16; Nyaɖ. 7:4; 21:12) Gake bu ale si woƒo nu tso Israel to 12-awo ŋu le Mateo 19:28 le mɔ tɔxɛ aɖe nu la ŋu kpɔ.

2 Yesu gblɔ be: “Le nuwo gbugbɔgawɔ me, ne Amegbetɔvi la bɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi la, mi ame siwo dze yonyeme hã miabɔbɔ anɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.” Le kpukpui sia me la, “Israel to wuieveawo” le tsitre ɖi na ame siwo Yesu ƒe nusrɔ̃la amesiaminawo adrɔ̃ ʋɔnui, siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi la. Nunɔladɔ si ame 144,000-awo awɔ la aɖe vi na wo.

3, 4. Kpɔɖeŋu nyui kae amesiamina wɔnuteƒeawo ɖo?

3 Abe nunɔla kple Lewi vi siwo nɔ anyi le blema ene la, amesiamina siwo li egbea la bua woƒe subɔsubɔdɔa be mɔnukpɔkpɔe wònye na yewo. (4 Mose 18:20) Amesiaminawo mele mɔ kpɔm be woana anyigba alo teƒe aɖe yewo le anyigba dzi wòanye yewoƒe domenyinu o. Ke boŋ wole mɔ kpɔm be yewoava nye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo akpe ɖe Yesu Kristo ŋu. Woayi edzi asubɔ Yehowa le ɖoƒe ma abe ale si nya si le Nyaɖeɖefia 4:10, 11, si ku ɖe amesiamina siwo le woƒe dziƒonɔƒewo ŋu la, ɖee fia ene.—Eze. 44:28.

4 Esi amesiaminawo gakpɔtɔ le anyigba dzi la, wonɔa agbe le mɔ aɖe si ɖoa kpe edzi be Yehowae nye woƒe gome la nu. Mawu subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su wo si lae nye nu vevitɔ na wo. Woxɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se eye wodzea eyome ɖaa; wotoa esia me ‘nana be kakaɖedzi nɔa wo yɔyɔ kple wo tiatia la ŋu.’ (2 Pet. 1:10) Nɔnɔme si me wo dometɔ ɖe sia ɖe le kpakple woƒe ŋutetewo le vovovo. Ke hã wometsɔa woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo doa taflatsɛ be yewoawɔ dɔ sue aɖe ko le Mawu subɔsubɔdɔa me o. Ke boŋ wobua Mawu subɔsubɔdɔa be eyae nye dɔ vevitɔ kekeake, eye wowɔa woƒe ŋutete katã. Eye woɖoa kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le paradisonyigba dzi la.

5. Aleke Kristotɔwo katã ate ŋu ana Yehowa nanye woƒe gome, eye nu ka tae esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ?

5 Dziƒomɔkpɔkpɔ alo anyigbadzimɔkpɔkpɔe le mía si o, ele be ‘míagbe nu le mía ɖokui gbɔ, eye míatsɔ míaƒe fuwɔameti la, eye míadze Kristo yome ɖaa.’ (Mat. 16:24) Ame miliɔn geɖe siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi la le ta dem agu na Mawu hele Kristo la yome dzem le mɔ ma nu. Womegblɔna be yewoawɔ dɔ sue aɖe ko, le esime woate ŋu awɔ geɖe wu hafi o. Esia wɔe be ame geɖe tso nya me be yewoanɔ agbe tsɛ, eye wozu mɔɖelawo. Ame bubuwo dzea agbagba wɔa mɔɖeɖedɔa ɣleti aɖewo ƒe sia ƒe. Gake ame siwo mate ŋu akpɔ gome le mɔɖeɖedɔa me o la gɔ̃ hã kua kutri vevie le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ame siawo le abe veviedola Maria, si kɔ ami ʋeʋĩ ɖe Yesu ƒe tame, ene. Yesu gblɔ tso eŋu be: “Nu nyui aɖee wòwɔ nam. . . . Ewɔ nu si wòate ŋui.” (Mar. 14:6-8) Ate ŋu asesẽ be míawɔ míaƒe ŋutete katã, elabena xexe aɖe si dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo la mee míele. Ke hã míekua kutri vevie eye míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Bu ale si míewɔa esiae le mɔ vovovo ene aɖewo nu ŋu kpɔ.

Mawu Fiaɖuƒea Didi Gbã

6. (a) Aleke ame geɖe ɖenɛ fiana be agbe sia me koe yewokpɔa yewoƒe gome le? (b) Nu ka tae wònyo wu be David ƒe nukpɔsusu nanɔ mía si?

6 Yesu fia eyomedzelawo be woadi Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbã. Xexea me tɔwo dia woawo ŋutɔwo ƒe viɖe gbã abe ‘ame siwo kpɔ woƒe gome le agbe sia me’ ene. (Mixlẽ Psalmo 17:1, 13-15.) Ame geɖe zãa woƒe ɣeyiɣi ɖe nu siwo ahe dzidzeme avae na wo le agbe me, vidzidzi, kpakple domenyinu gbegblẽ ɖi na wo viwo ɖeɖe ko ŋu, gake womebua wo Wɔla ya ŋu le mɔ aɖeke nu o. Agbe sia me koe wokpɔa woƒe gome le. Gake “ŋkɔ nyui” wɔwɔ le Yehowa gbɔ ye nɔ vevie na David ya, abe ale si via va kafui emegbe be ame sia ame nawɔ ene. (Nyagb. 7:1) Abe Asaf ke ene la, David kpɔe be, ne Yehowa nye ye Xɔlɔ̃ la, enyo sãsãsã wu be yeatsɔ ye ŋutɔ yeƒe viɖe kpɔkpɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Ekpɔ dzidzɔ le zɔzɔ kple Mawu me. Le míaƒe ŋkekea me la, Kristotɔ geɖe bu gbɔgbɔmedɔwo be wole vevie wu woƒe ŋutilãmedɔwo.

7. Yayra kae nɔviŋutsu aɖe kpɔ esi wòdi Fiaɖuƒea gbã?

7 Bu Jean-Claude, si le Central African Republic (République centrafricaine) la ŋu kpɔ. Enye srɔ̃ŋutsu hamemetsitsi si si vi etɔ̃ le. Le dukɔ ma me la, esesẽna be woakpɔ dɔ awɔ, eye ame geɖe wɔa nu sia nu si woate ŋui be dɔ nagage le yewo si o. Gbe ɖeka la, Jean-Claude ƒe dɔdzikpɔla gblɔ nɛ be wòadze zãdɔwɔwɔ gɔme—adze dɔ gɔme fiẽ ga 6:30, eye wòawɔ dɔ gbe sia gbe kwasiɖa bliboa. Jean-Claude ɖe nu me nɛ be, tsɔ kpe ɖe yeƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuwo gbɔ kpɔkpɔ na wo ŋu la, ele be yeakpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã gbɔ na wo. Egblɔ hã be, agba le ye dzi be yeakpe ɖe hamea ŋu. Aleke dɔdzikpɔlaa ɖo eŋu nɛ? Egblɔ nɛ be: “Ne gbɔwò nyo be èkpɔ dɔ aɖe le wɔwɔm la, ele be nàŋlɔ nu bubu ɖe sia ɖe be—srɔ̃wò, viwòwo, kple wò kuxiwo siaa. Ele be nàna dɔa nanye nu vevitɔ na wò le agbe me—nu bubu aɖeke megahiã wu wò dɔa o. Ele be nàwɔ tiatia le wò mawusubɔsubɔa kple wò dɔwɔɖuia dome.” Nenye wòe ɖe, nu kae nàwɔ? Jean-Claude ya kpɔe be, ne dɔ ge le ye si hã la, Mawu akpɔ ye dzi. Ekpɔe be yeagate ŋu awɔ geɖe le Mawu subɔsubɔdɔa me, eye Yehowa akpe ɖe ye ŋu yeakpɔ yeƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Eya ta ede kwasiɖa domedome kpekpe si wowɔ le kwasiɖa ma me. Esi ŋu ke la, edzra ɖo be yeayi dɔ me, gake menya ne woanya ye le dɔa me loo alo womanya ye o. Ɣemaɣi tututu la, woƒo ka nɛ gblɔ nɛ be wonya dɔdzikpɔlaa ŋutɔ le dɔa me. Gake dɔ gakpɔtɔ nɔ mía nɔvia ya si.

8, 9. Gɔmesese ka nue míate ŋu asrɔ̃ nunɔlawo kple Lewi viwo le ahana be Yehowa nanye míaƒe gome?

8 Ðewohĩ ame aɖewo siwo ɖo nɔnɔme aɖe, si me wòdze ƒãa be dɔ ate ŋu age le wo si, me la abia wo ɖokuiwo be, ‘Ne dɔ ge le asinye ɖe, aleke mawɔ atsɔ agbanɔamedzi si nye be makpɔ nye ƒomea dzi?’ (1 Tim. 5:8) Nɔnɔme sia tɔgbi va dziwò kpɔ loo alo meva dziwò kpɔ o, ɖewohĩ nu siwo me nèto le agbe me na nèka ɖe edzi be, ne Mawu nye wò gome eye eyama subɔsubɔ nye nu vevitɔ na wò la, magblẽ wò ɖi gbeɖe o. Esi Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woayi edzi anɔ fiaɖuƒea dim gbã la, eka ɖe edzi na wo be: “Woatsɔ nu bubu siawo katã”—abe nuɖuɖu, nunono, alo nudodo ene—“akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mat. 6:33.

9 Bu Lewi vi siwo womena anyigba si anye woƒe domenyinu o la ŋu kpɔ. Esi wònye be tadedeagu dzadzɛa ye nɔ vevie na wo wu ta la, ele be woaka ɖe edzi be Yehowa, ame si gblɔ be, “Nyee nye wò gome” la, akpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. (4 Mose 18:20) Togbɔ be míele subɔsubɔm le gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ me abe nunɔlawo kple Lewi viwo ene o hã la, míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua ahaka ɖe edzi be Yehowa akpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, eva le vevie be míaka ɖe ŋusẽ si le Mawu si be wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí la dzi geɖe wu esi míele ŋkeke mamlɛawo ƒe yɔyrɔe nu ɖom.—Nyaɖ. 13:17.

Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Didi Gbã

10, 11. Aleke ame aɖewo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le woƒe dɔwɔnyawo gome? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Yesu gade dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo hã be ‘woayi edzi anɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.’ (Mat. 6:33) Esia fia be zɔzɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu dzi nanɔ vevie na mí wu amegbetɔwo ƒe susuwo. (Mixlẽ Yesaya 55:8, 9.) Àɖo ŋku edzi be tsã la, ame gewo dea atamagble alo dzraa atama, wofiaa aʋawɔwɔ amewo, alo wɔa dɔ le aʋawɔnuwɔƒewo hedzraa aʋawɔnuwo. Gake esi nyateƒea ƒe sidzedze va su wo si la, wo dometɔ akpa gãtɔ ɖe asi le woƒe dɔa ŋu hedi dɔ bubu eye wodze na nyɔnyrɔxɔxɔ.—Yes. 2:4; 2 Kor. 7:1; Gal. 5:14.

11 Kpɔɖeŋu ɖekae nye Andrew. Esi woa kple srɔ̃a wosrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, woɖoe kplikpaa be yewoasubɔe. Dɔ si Andrew wɔna la nyea dada nɛ ŋutɔ, gake eɖe asi le eŋu. Nu ka tae? Elabena enɔ dɔ wɔm na habɔbɔ aɖe si kpea asi ɖe aʋawɔwɔ ŋu, evɔ eɖoe kplikpaa be yeadi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã. Esime Andrew ɖe asi le dɔ ma ŋu la, vi eve nɔ esi; tso ema dzi yina la, magaxɔ fetu aɖeke o, eye ga vi aɖe si nu woanɔ agbe ɖo ɣleti ʋɛ aɖewo koe nɔ esi. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ ti nu la, ate ŋu adze abe ɖe ‘domenyinu’ aɖeke menɔ esi o ene. Eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu hedi dɔ bubu. Ne woa kple eƒe ƒomea woɖo ŋku nudzɔdzɔa dzi la, woate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme o. (Yes. 59:1) Esi Andrew kple srɔ̃a nɔ agbe tsɛ ta la, mɔnukpɔkpɔ su wo si wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Egblɔ be: “Míeto ɣeyiɣi aɖewo siwo, me gakuxiwo, mlɔƒe ƒe kuxiwo, lãmesẽkuxiwo, kpakple nyateƒe si wònye be míele tsitsim kura gɔ̃ hã ɖea fu na mí le la me. Ke hã Yehowa nɔ kpli mí ɣesiaɣi. . . . Míate ŋu agblɔ ɖikeke aɖeke manɔmee be Yehowa subɔsubɔe nye dɔ si me viɖe le, si me bubu gãtɔ le, si ate ŋu asu amegbetɔwo si.”a—Nyagb. 12:13.

12. Nɔnɔme nyui kae wòle be wòanɔ mía si bene míalé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi goŋgoŋ? Gblɔ mia gbɔ kpɔɖeŋu aɖewo.

12 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne xɔse le mia si de atiku sue aɖe ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be, ‘Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!’ Eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.” (Mat. 17:20) Ðe nèle klalo be yealé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi goŋgoŋ ne esia wɔwɔ ahe fukpekpewo ava dziwò gɔ̃ hã? Ne kakaɖedzi mele asiwò be yeate ŋu aɖe afɔ sia o la, bia aɖaŋuɖoɖo tso hamea me tɔ bubuwo gbɔ. Ðikekemanɔmee la, woƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo ado ŋusẽ wò xɔse.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ŋu

13. Ne míedo vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me la, kakaɖedzi kae ate ŋu asu mía si?

13 Ne èdea asixɔxɔ Yehowa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò ŋu la, àte ŋu aka ɖe edzi be akpɔ wò ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ na wò, abe ale si ko wòwɔe na Lewi viwo ene. Bu David ŋu kpɔ. Togbɔ be David nɔ agado me hã la, eka ɖe edzi be Mawu akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye. Míawo hã míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne edze abe ɖe kpeɖeŋutɔ aɖeke mele mía si o ene gɔ̃ hã. Ðo ŋku edzi be gɔmesese deto va su Asaf si le nu siwo nɔ fu ɖem nɛ la ŋu esime wòyi “Mawu ƒe kɔkɔeƒe la.” (Ps. 73:17) Nenema kee wòhiã be míawo hã míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na mí. Eya ta míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su mía si la ŋu, nɔnɔme ka ke mee míeɖakpɔ mía ɖokui le o. Ewɔwɔ alea ɖenɛ fiana be míena Yehowa nye míaƒe gome.

14, 15. Aleke wòle be míawɔ nui ne kekelia klẽ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nya aɖewo dzi, eye nu ka tae?

14 Aleke nèwɔa nui ne Yehowa, ame si nye míaƒe gbɔgbɔ me numekɔkɔ Tsoƒe la, na kekeli klẽ ɖe “Mawu ƒe nu goglowo,” siwo le Biblia me dzi? (1 Kor. 2:10-13) Apostolo Petro ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le nya sia me. Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na Eƒe nyaselawo be: “Ne mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, agbe aɖeke mele mia me o.” Esi nusrɔ̃laawo dometɔ geɖe susu be ɖe Yesu le gbɔgblɔm be yewoaɖu yeƒe ŋutilã ahano yeƒe ʋu ŋutɔŋutɔ ta la, wogblɔ be: “Tso! Nya sesẽ kae nye ema; ame kae ate ŋu ado dzi anɔ nya ma sem?” ‘Wotrɔ yi nu siwo wogblẽ ɖi la gbɔ.’ Gake Petro ya gblɔ be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.”—Yoh. 6:53, 60, 66, 68.

15 Petro mese nya si Yesu gblɔ be woaɖu yeƒe ŋutilã ahano yeƒe ʋu la gɔme bliboe hafi o. Gake apostoloa ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana gbɔgbɔmenumekɔkɔ yewo. Ne gbɔgbɔmekekelia na nya aɖewo me va kɔ ɖe edzi wu la, ɖe nèdzea agbagba be yease Ŋɔŋlɔ siwo dzi wonɔ te ɖo wɔ asitɔtrɔa la gɔme nyuiea? (Lod. 4:18) Beroiatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la “[tso] dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe.” (Dɔw. 17:11) Ne èsrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua la, ana ale si nèkpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàsubɔ Yehowa eye nàna wòanye wò gome ŋu la nade to ɖe edzi.

Srɔ̃ɖeɖe Le Aƒetɔ La Me Ko

16. Aleke míate ŋu ana Mawu nanye míaƒe gome le sedede si le 1 Korintotɔwo 7:39 la gome?

16 Mɔ bubu si dzi wòhiã be Kristotɔwo nato aɖee afia be yewoƒe susu le Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋue nye wɔwɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” la dzi. (1 Kor. 7:39) Ame geɖe tiae be yewoanɔ tre tsɔ wu be yewoagbe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Mawu xɔa ame siawo dɔmenyotɔe. Esime David se le eɖokui me be yetsi akogo eye wòwɔ nɛ abe ɖe kpeɖeŋutɔ aɖeke mele esi o ene la, nu kae wòwɔ? Egblɔ be: ‘Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe Mawu ŋkume, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋkume ne nu te nye gbɔgbɔ ŋu.’ (Ps. 142:2-4) Nenema kee nyagblɔɖila Yeremiya, si subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe abe tre ene hena ƒe blananewo la, hã anya se le eɖokui me. Ðewohĩ àdi be yeasrɔ̃ nu tso eƒe kpɔɖeŋua ŋu le numedzodzro si le agbalẽ si nye God’s Word for Us Through Jeremiah (Dieu nous parle par Jérémie) ƒe ta 8 lia me.

17. Aleke nɔvinyɔnu tre aɖe si sena le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be yetsi akogo la wɔ te ŋu le dzi dom?

17 Nɔvinyɔnu aɖe si le United States (États-Unis) la gblɔ be: “Nyemetso nya me kpɔ gbeɖe be manɔ tre o. Madi be maɖe srɔ̃ ne mekpɔ ame si sɔ nam. Danye si menye Ðasefo o la dze agbagba be yeaƒo nya ɖe nunye ne maɖe ame ɖe sia ɖe si nya do srɔ̃ɖenya ɖe gbɔnye ko. Mebiae be alɔ̃ be matsɔ fɔbubua ada ɖe ye dzi ne nye srɔ̃ɖeɖea mekpɔ dzidzedze o hã. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ekpɔe be dɔwɔɖui nyui aɖe le asinye eye mele ɖokuinye dzi kpɔm hele dzidzɔ kpɔm. Eya ta edzudzɔ fuɖeɖe nam.” Ɣeaɖewoɣi la, nɔvinyɔnu sia sena le eɖokui me be yetsi akogo. Egblɔ be: “Ne edzɔ alea la, medzea agbagba ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Megblẽm ɖi kpɔ gbeɖe o.” Nu kae kpe ɖe eŋu wòɖo ŋu Yehowa ŋu? Egblɔ be: “Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye mese le ɖokuinye me be Mawu li ŋutɔŋutɔ, eye be megblẽam ɖi gbeɖe o. Dziƒoʋĩtɔ la le nye gbedodoɖawo sem, edea bubu ŋunye, eya ta nu ka ta nyemakpɔ dzidzɔ o?” Esi wòka ɖe edzi be “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ” ta la, egblɔ be: “Medze agbagba naa kpekpeɖeŋu ame bubuwo, eye nyemekpɔa mɔ be woaɖo naneke teƒe nam o. Ne mele eŋu bum be, ‘Nu kae mate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe asimasi ŋu hã?’ la, dzi dzɔam le ememe.” (Dɔw. 20:35) Ɛ̃, nɔvinyɔnua na Yehowa nye eƒe gome, eye wòle dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su esi la me.

18. Gɔmesese ka nue àte ŋu azu Yehowa tɔ le?

18 Nɔnɔme ka ke mee nèɖakpɔ ɖokuiwò le o, àte ŋu ana Mawu nanye wò gome. Ne èwɔe alea la, àzu eƒe ame siwo kpɔa dzidzɔ la dometɔ ɖeka. (2 Kor. 6:16, 17) Esia awɔe be àva nye Yehowa tɔ, abe ale si wònɔ le esubɔla aɖewo gome le blema ene. (Mixlẽ 5 Mose 32:9, 10.) Abe ale si ko Israel dukɔa zu Mawu tɔ le dukɔwo dome ene la, Yehowa ate ŋu atia wò be nàzu ye tɔ koŋ eye wòalé be na wò lɔlɔ̃tɔe.—Ps. 17:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ November 2009 ƒe yevugbe me Nyɔ! axa 12-14.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke nàte ŋu ana Yehowa nanye wò gome

• to Mawu Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbã me?

• to ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖuwo ŋu me?

• to wɔwɔ ɖe Mawu ƒe se si nye be míaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko dzi me?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Yehowa va zua míaƒe gome ne míena eƒe subɔsubɔdɔa nye nu vevitɔ na mí

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe