INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kl ta 5 axa 43-52
  • Amekawo Ƒe Tadedeague Dzea Mawu Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekawo Ƒe Tadedeague Dzea Mawu Ŋu?
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DE TA AGU LE GBƆGBƆ KPLE NYATEƑE ME
  • FOFO LA ƑE LƆLƆ̃NU WƆWƆ
  • SIDZEDZE VAVÃTƆ—TAKPƆNUE WÒNYE
  • NUFIAFIA SIWO NYE AMEWO ƑE SEDEDEWO
  • KPƆ Nyuie Be MÀGADZE Agɔ Le Mawu Dzi O
  • LÉ MAWU ƑE DZIDZENU KƆKƆWO ME ÐE ASI
  • SUBƆSUBƆ TSO LUƲƆ BLIBO ME
  • Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Srɔ̃ Yesu—De Ta Agu Na Mawu Le Mɔ Si Dzea Eŋu Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
kl ta 5 axa 43-52

Ta 5

Amekawo Ƒe Tadedeague Dzea Mawu Ŋu?

1. Nukae Samaria-nyɔnu aɖe di be yeanya tso tadedeagu ŋu?

ÈBU eŋu kpɔ be, ‘Amekawo ƒe tadedeague dzea Mawu ŋu’ hã? Biabia ma anya va susu me na nyɔnu aɖe esime wònɔ nu ƒom kple Yesu Kristo le teƒe aɖe si tsɔ ɖe Gerizim-toa gbɔ le Samaria. Esi nyɔnua nɔ nu ƒom tso vovototo si le Samariatɔwo kple Yudatɔwo ƒe tadedeagu dome ŋu la, egblɔ be: “Mía tɔgbuiwo dea ta agu le to sia dzi; gake miawo miebe Yerusalem ye nye teƒe si wòle be woade ta agu le.” (Yohanes 4:20, NW) Ðe Yesu gblɔ na Samaria-nyɔnua be tadedeagu ɖesiaɖe dzea Mawu ŋua? Alo ɖe wògblɔ be nu tɔxɛ aɖewo hiã hafi wòadze Mawu ŋua?

2. Nya kae Yesu gblɔ le eƒe nyaŋuɖoɖo na Samaria-nyɔnua me?

2 Yesu ƒe ŋuɖoɖo si ana woaɖi voe nye: “Gaƒoƒo li gbɔna esime manye to sia dzi alo Yerusalem ye miade ta agu na Fofo la le o.” (Yohanes 4:21, NW) Samariatɔwo nɔ ta dem agu na Yehowa kple mawu bubuwo le Gerizim-toa dzi tso gbaɖegbe ke. (Fiawo II, 17:33) Fifia Yesu Kristo gblɔ be menye teƒe ma alo Yerusalem ye anye nu vevitɔ le tadedeagu vavãtɔ me o.

DE TA AGU LE GBƆGBƆ KPLE NYATEƑE ME

3. (a) Nukatae Samariatɔwo menya Mawu nyuie o? (b) Aleke Yudatɔ nuteƒewɔlawo kple ame bubuwo awɔ anya Mawu?

3 Yesu yi edzi gblɔ na Samaria-nyɔnua be: “Miawo miedea ta agu na nusi mienya o; míawo míedea ta agu na nusi míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ.” (Yohanes 4:22, NW) Aʋatsodzixɔsewo nɔ Samariatɔwo si eye Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo koe woxɔ be wotso gbɔgbɔ me—eye woawo ŋutɔ tɔ si wogbugbɔ ŋlɔ si woyɔna be Samariatɔwo ƒe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo ko dzie woda asi ɖo. Eyata womenya Mawu nyuie o. Gake wotsɔ Ŋɔŋlɔawo me sidzedze de asi na Yudatɔwo ya. (Romatɔwo 3:1, 2) Ŋɔŋlɔawo gblɔ nusiwo Yudatɔ wɔnuteƒewo kple ame bubu ɖesiaɖe si aɖo to hiã bene woanya Mawu la na wo.

4. Le nya si Yesu gblɔ nu la, nukae wòhiã be Yudatɔwo kple Samariatɔwo nawɔ hafi woƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu?

4 Le nyateƒe me la, Yesu fia be ehiã be Yudatɔwo kple Samariatɔwo siaa nawɔ tɔtrɔ le alesi wodea ta agui ŋu hafi woƒe nu nadze Mawu ŋu. Egblɔ be: “Gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde azɔ, esime nyateƒetadeagulawo ade ta agu le gbɔgbɔ kpakple nyateƒe me, elabena, le nyateƒe me, Fofo la le amesiawo tɔgbe dim be woade ta agu na ye. Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ele be amesiwo dea ta agu nɛ la nade ta agu nɛ le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:23, 24, NW) Ele be míade ta agu na Mawu ‘le gbɔgbɔ me,’ si fia be míana dzi siwo me xɔse kple lɔlɔ̃ yɔ fũ la naʋã mí. Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya Biblia la, eye míedea ta agu nɛ ɖe eƒe nyateƒe si wòɖe fia nu la, míate ŋu ade ta agu ‘le nyateƒe me.’ Ðe ema wɔwɔ dzroa wò veviea?

5. (a) Nukae “tadedeagu” fia? (b) Nukae wòle be míawɔ ne míedi be míaƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu?

5 Yesu te gbe ɖe edzi be tadedeagu vavãtɔ dim Mawu le. Efia be tadedeagu ƒomevi aɖewo li siwo medzea Yehowa ŋu o. Be míade ta agu na Mawu fia be míatsɔ mawusosroɖa ƒe bubu kple subɔsubɔ kɔkɔe nɛ. Ne èdi be yeade bubu fiagã aɖe ŋu la, àdi vevie be yeasubɔe ahawɔ nusi adze eŋu godoo. Eyata ɖikekemanɔmee la, míedi be míadze Mawu ŋu. Le esi míagblɔ ko be, ‘Ha si me mele nyo nam’ teƒe la, ehiã be míaka ɖe edzi be míaƒe tadedeagu sɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu.

FOFO LA ƑE LƆLƆ̃NU WƆWƆ

6, 7. Nukatae Yesu gblɔ be yemedze si ame aɖewo siwo gblɔ be eƒe nusrɔ̃lawoe yewonye la o?

6 Na míaxlẽ Mateo 7:21-23 akpɔe ɖa be ɖe míate ŋu ade dzesi nu vevi si ana míanya ne tadedeagu ɖesiaɖe dzea Mawu ŋu loo alo medzea eŋu o hã. Yesu gblɔ be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo [gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo] do goe le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!”

7 Lɔlɔ̃ ɖe edzi be Yesu Kristo nye Aƒetɔ la le vevie ŋutɔ le tadedeagu vavãtɔ me. Gake ŋɔŋlɔ sia fia be nane bu le ame geɖe siwo gblɔna be Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe yewonye la ƒe tadedeagu me. Egblɔ be ame aɖewo awɔ ‘ŋusẽdɔwo,’ abe gbɔgblɔ be yewowɔ nukudɔdadawo ene. Gake woado kpo nusi Yesu gblɔ be ehiã vevie la wɔwɔ. Womanɔ ‘Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm’ o. Ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míasrɔ̃ nusi nye Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu eye míawɔe.

SIDZEDZE VAVÃTƆ—TAKPƆNUE WÒNYE

8. Nukae hiã ne míedi be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye nukpɔsusu masɔmasɔ kawoe wòle be míatsri?

8 Be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ele be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Sidzedze sia kplɔa ame yia agbe mavɔ mee. Eyata mí katã míadi be míatsɔ moveviɖoɖo abu alesi sidzedze vavãtɔ asu mía si tso Mawu ƒe Nya Biblia me la ŋu. Ame aɖewo gblɔna be ne míenya ɖia anukware hedoa vevie nu le míaƒe tadedeagu me ko la, mehiã be míagatsi dzi o. Ame bubuwo gblɔna be, ‘Ne nu sue aɖe koe nènya la, ke nu sue aɖe ko hãe woabia tso asiwò.’ Gake Biblia de dzi ƒo na mí be míadzi míaƒe sidzedze Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ɖe edzi.—Efesotɔwo 4:13; Filipitɔwo 1:9; Kolosetɔwo 1:9.

9. Aleke sidzedze vavãtɔ kpɔa mía tae, eye nukatae takpɔkpɔ sia hiã mí?

9 Sidzedze sia nye takpɔkpɔ be naneke maƒo ɖi míaƒe tadedeagu o. Apostolo Paulo gblɔ be gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe li si wɔa eɖokui ‘kekeli ƒe dɔlae.’ (Korintotɔwo II, 11:14) Eyata esi gbɔgbɔmenuwɔwɔ sia—Satana—trɔa eɖokui nenema ta la, edzea agbagba be yeable mí ne míawɔ nusiwo menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubu siwo wɔ ɖeka kple Satana la hã nɔa ɖi ƒom amewo ƒe tadedeagu, elabena Paulo gblɔ be: “Nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye na Mawu o.” (Korintotɔwo I, 10:20) Anɔ eme be ame geɖe asusui be yewoƒe tadedeagu sɔ togbɔ be menye nusi Mawu di wɔm wole o hã. Wole wo flum de alakpatadedeagu makɔmakɔ me. Míava se nu geɖe tso Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu emegbe, gake ɖikeke aɖeke mele eme o, Mawu ƒe futɔ siawo le ɖi ƒom ameƒomea ƒe tadedeagu.

10. Nukae nàwɔ ne ame aɖe ɖoe koŋ de nu tsi me na wò, eye nukae Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ kpena ɖe mía ŋu míewɔna?

10 Ne ènya be ame aɖe bua de nu tsi me na wò la, àganɔ enono dzia? Àtso kpla adi tsidzɔƒe nyui si me aɖi mele o godoo. Nenema ke Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ akpe ɖe mía ŋu míadze si subɔsubɔha vavãtɔ eye míagaka asi ɖinu siwo naa míaƒe tadedeagu medzea Mawu ŋu o la ŋuti o.

NUFIAFIA SIWO NYE AMEWO ƑE SEDEDEWO

11. Nukae gblẽ le Yudatɔ geɖe ƒe tadedeagu ŋu?

11 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Yudatɔ geɖe mewɔ nu wòsɔ ɖe Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nu o. Esia ta wobu tenɔnɔ dzadzɛ si anɔ wo si le Yehowa gbɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ. Paulo ŋlɔ le wo ŋu be: “Mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze [vavãtɔ] o.” (Romatɔwo 10:2) Woɖo alesi woasubɔ Mawui na wo ɖokui le esi woase nusi wògblɔ teƒe.

12. Nukae ƒo ɖi Israel-viwo ƒe tadedeagu, eye nukae esia gblẽ le wo ŋu?

12 Gbã la, Israel-viwo nɔ agbe ɖe subɔsubɔ dzadzɛ si Mawu tsɔ na wo la nu, gake wotsɔ amewo ƒe nufiafiawo kple xexemenunyawo va ƒo ɖii. (Yeremya 8:8, 9; Maleaxi 2:8, 9; Luka 11:52) Togbɔ be Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo woyɔna be Farisitɔwo susu be yewoƒe tadedeagu dze Mawu ŋu hã la, Yesu gblɔ na wo be: “Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpatɔwo ŋuti, abe alesi woŋlɔe ɖi ene bena: ‘Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Ke dzodzroe wole subɔyem, hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.’ ”—Marko 7:6, 7.

13. Aleke míaƒe nuwɔna ate ŋu aɖi Farisitɔwo tɔe?

13 Ðe wòate ŋu adzɔ be míava nɔ nu wɔm abe Farisitɔwo enea? Ate ŋu adzɔ nenema ne míedze subɔsubɔnuwɔna siwo míeva tso ɖo la yome le esi míadzro nusi Mawu gblɔ le tadedeagu ŋu me teƒe. Esi Paulo nɔ nu xlɔ̃m le afɔku gã sia ŋu la, eŋlɔ be: “Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la ame aɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia.” (Timoteo I, 4:1) Eyata esusu be míaƒe tadedeagu dzea Mawu ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ðewohĩ mía dzilawo gbɔe míenyi míaƒe tadedeagu ƒe dome tsoe abe Samaria-nyɔnu si do go Yesu ene. Gake ehiã be míaka ɖe edzi be nusi wɔm míele la dzea Mawu ŋu.

KPƆ Nyuie Be MÀGADZE Agɔ Le Mawu Dzi O

14, 15. Ne Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze aɖe le mía si gɔ̃ hã la, nukata wògale be míakpɔ nyuie?

14 Ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu awɔ nusi medzea Mawu ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Yohanes dze klo ɖe mawudɔla aɖe ƒe afɔ nu be ‘yeade ta agu nɛ.’ Gake mawudɔla la gbe nɛ be: “Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!” (Nyaɖeɖefia 19:10) Eyata èkpɔ alesi wòhiãe be nàkpɔ nyuie be trɔ̃subɔsubɔnuwɔna aɖeke nagaƒo ɖi wò tadedeagu oa?—Korintotɔwo I, 10:14.

15 Esi Kristotɔ aɖewo dze subɔsubɔkɔnu siwo medzea Mawu ŋu o wɔwɔ gɔme la, Paulo bia be: “Aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã? Mieléa ŋku ɖe ŋkekewo kple dzinuwo kple azãgbewo kpakple ƒewo ŋuti. Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena, misela medze agbagba dzodzro ɖe mia ta mahĩ?” (Galatiatɔwo 4:8-11) Mawu ŋuti sidzedze su ame mawo si gake emegbe wotra mɔ esi wova nɔ subɔsubɔkɔnu kple ŋkekenyui siwo ŋu Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖo o la ɖum. Abe alesi Paulo gblɔe ene la, ele be ‘míayi edzi aka ɖe edzi be nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu wɔm míele.’—Efesotɔwo 5:10.

16. Aleke Yohanes 17:16 kple Petro I, 4:3 kpena ɖe mía ŋu be míanya ne ŋkekenyui kple kɔnu aɖewo dzea Mawu ŋu loo alo womedzea eŋu o?

16 Ele be míakpɔ egbɔ be míetsri mawusubɔsubɔzã kple kɔnu bubu siwo nye dada le Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi. (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ le eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:16, NW) Ðe ha si me nèle kpɔa gome le kɔnu kple ŋkekenyui siwo ɖuɖu nye dada le xexeame ƒe akpaɖekemanyemanye ƒe gɔmeɖosea dzia? Alo ɖe ha si me nèle me tɔwo kpɔa gome le kɔnuwɔwɔ kple azãɖuɖu siwo sɔ kple esiwo ŋu apostolo Petro ƒo nu le la me ɣeaɖewoɣia? Eŋlɔ be: “Agbe ƒe ɣeyiɣi, si va la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me.”—Petro I, 4:3.

17. Nukata wòle be míatsri nusianu si me xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena le la?

17 Apostolo Yohanes te gbe ɖe alesi wòle vevie be míatsri nuwɔna ɖesiaɖe si aɖe xexeme mavɔ̃mawu si ƒo xlã mí ƒe gbɔgbɔ afia la dzi. Yohanes ŋlɔ be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:15-17) Ède dzesii be amesiwo ‘wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu’ la anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ mea? Ẽ, ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míetsri nuwɔna siwo me xexe sia ƒe gbɔgbɔ dzena le la, mɔkpɔkpɔ anɔ mía si be míate ŋu anɔ agbe tegbee!

LÉ MAWU ƑE DZIDZENU KƆKƆWO ME ÐE ASI

18. Aleke Korintotɔ aɖewo wɔ vodada le agbenɔnɔ ŋui, eye nukae wòle be míasrɔ̃ tso nusia me?

18 Amesiwo zɔna ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose kɔkɔwo dzie wòdi be woade ta agu na ye. Blema Korintotɔ aɖewo susui vodadatɔe be Mawu azi kpi ɖe yewoƒe agbenɔnɔ gbegblẽwo dzi. Ne míexlẽ Korintotɔwo I, 6:9, 10 la, míate ŋu akpɔ alesi gbegbe woble wo ɖokuii. Ne míedi be míasubɔ Mawu wòadze eŋu la, ele be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna nadze eŋu. Ðe subɔsubɔha si me nèle la le kpekpem ɖe ŋuwò be nàwɔ nu nenemaa?—Mateo 15:8; 23:1-3.

19. Aleke tadedeagu vavãtɔ kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui dzi?

19 Ele be Mawu ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ nadze le míaƒe nuwɔna ɖe ame bubuwo ŋu hã me. Yesu Kristo de dzi ƒo na mí be míawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe alesi míadi be woawɔe ɖe mía ŋu ene, elabena esia nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa aɖe. (Mateo 7:12) Se nya si wògblɔ le nɔvilɔlɔ̃ ŋu hã ɖa: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Ele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nalɔ̃ wo nɔewo eye woawɔ nyui na wo nɔvi tadeagulawo kple ame bubuwo.—Galatiatɔwo 6:10.

SUBƆSUBƆ TSO LUƲƆ BLIBO ME

20, 21. (a) Tadedeagu ka ƒomevie Mawu dina? (b) Nukata Yehowa mexɔ Israel-viwo ƒe tadedeagu le Maleaxi ƒe ŋkekea me o?

20 Ðewohĩ enye wò dzi ƒe didi be yeasubɔ Mawu le mɔ si adze eŋu nu. Ne aleae wòle la, ke ele be Yehowa ƒe nukpɔsusu le tadedeagu ŋu nanɔ asiwò. Nusrɔ̃la Yakobo te gbe ɖe edzi be Mawu ƒe nukpɔsusue nye vevitɔ, menye mía ŋutɔwo tɔ o. Yakobo gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si [bena], woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame.” (Yakobo 1:27) Esi míedi be míadze Mawu ŋu ta la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nalé ŋku ɖe eƒe tadedeagu ŋu akpɔ be mawumavɔ̃mavɔ̃nuwɔnawo meƒo ɖii o alo be míele nane si wòbuna nu vevii la gblẽm ɖi o.—Yakobo 1:26.

21 Subɔsubɔ dzadzɛ si tso luʋɔ blibo me koe dzea Yehowa ŋu. (Mateo 22:37; Kolosetɔwo 3:23) Esi Israel-dukɔa ƒe Mawu subɔsubɔ mede nenema o la, egblɔ be: “Vi dea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu. . . . Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le?” Wonɔ dziku dom na Mawu esi wotsɔ lã ŋkuagbãwo, lã nuwɔewo, kple lã kudɔewo nɔ vɔ sam nɛ, eye eya hã gbe woƒe subɔsubɔnu mawo. (Maleaxi 1:6-8) Yehowa dze na tadedeagu dzadzɛtɔ kekeake eye ɖokuitsɔtsɔna si de blibo dzaa koe wòxɔna.—Mose II, 20:5; Lododowo 3:9; Nyaɖeɖefia 4:11.

22. Ne míedi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe tadedeagu ŋu la, nukae míatsri, eye nukae míawɔ?

22 Edze abe ɖe Samaria-nyɔnu si ɖo dze kple Yesu di be yeade ta agu na Mawu le mɔ si dzea eŋu nu ene. Ne míawo hã míedii nenema la, ke ele be míatsri nufiafia kple nuwɔna ɖesiaɖe si ƒoa ɖi ame. (Korintotɔwo II, 6:14-18) Míaʋli sesĩe be sidzedze vavãtɔ nasu mía si le Mawu ŋu eye míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu boŋ. Míalé nusiwo wòdi tso mía si hafi míaƒe tadedeagu nadze eŋu la me ɖe asi goŋgoŋ. (Timoteo I, 2:3, 4) Nusia tututu ƒe agbagba dzem Yehowa Ðasefowo le be yewoawɔ, eye wole dzi dem ƒo na wò lɔlɔ̃tɔe be nàva wɔ ɖeka kple yewo ne yewoade ta agu na Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Yesu gblɔ be: ‘Fofo la le amesiawo tɔgbe dim be woade ta agu na ye.’ (Yohanes 4:23) Míexɔe se be amesiawo tɔgbee nènye. Abe Samaria-nyɔnu ma ene la, ɖikeke aɖeke mele eŋu o be èdi be yeanɔ agbe mavɔ. (Yohanes 4:13-15) Gake èkpɔnɛ be amewo tsina kua amegã eye wokuna. Ta si kplɔ esia ɖo aɖe nusitae wòdzɔna alea me.

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Abe alesi woɖee fia le Yohanes 4:23, 24 ene la, tadedeagu kae dzea Mawu ŋu?

Aleke míawɔ anya ne kɔnu kple ŋkekenyui aɖewo dzea Mawu ŋu loo alo womedzea eŋu o?

Nukawoe nye nudidi siwo ana míaƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu la dometɔ aɖewo?

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 44]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe