INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 52 axa 128-axa 129 mm. 7
  • Yesu Tsɔ Abolo Kple Tɔmelã Ʋɛ Aɖewo Nyi Ame Akpe Geɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Tsɔ Abolo Kple Tɔmelã Ʋɛ Aɖewo Nyi Ame Akpe Geɖe
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Nyi Ame Akpe Geɖewo to Nukumɔ Dzi
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Na Nuɖuɖu Ame Akpe Geɖe
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Yesu Nyi Ame Geɖewo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ena Abolo Dzi Ðe Edzi Eye Wòxlɔ̃ Nu Tso Amɔwɔʋãnu Ŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 52 axa 128-axa 129 mm. 7
Yesu ma abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve me hetsɔe na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo

TA 52

Yesu Tsɔ Abolo Kple Tɔmelã Ʋɛ Aɖewo Nyi Ame Akpe Geɖe

MATEO 14:13-21 MARKO 6:30-44 LUKA 9:10-17 YOHANES 6:1-13

  • YESU NYI ŊUTSU 5,000

Apostolo 12-awo se vivi na gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ le Galilea nuto bliboa me, eye wova gblɔ “nu siwo katã wowɔ kple nu siwo wofia” la na Yesu. Ðeɖi te wo ŋu, eye esia mewɔ nuku o. Womekpɔ vovo ne woaɖu nu gɔ̃ hã o, elabena ame gbogbo aɖewo le vavam gale dzodzom. Eya ta Yesu gblɔ be: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne míaɖi ɖe eme vie.”—Marko 6:30, 31.

Woɖo tɔdziʋu aɖe, ɖewohĩ le teƒe si te ɖe Kapernaum ŋu, eye woɖo ta teƒe tsoabo aɖe le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe, le Betsaida godo. Gake ame geɖe kpɔ wo esime wonɔ dzodzom eye ame bubuwo hã see. Ame siawo katã ƒu du to ƒua ta, eye wotre ɖoɖo na tɔdziʋua.

Esi Yesu do le tɔdziʋua me eye wòkpɔ amehaa la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wole abe alẽ siwo nu kplɔla mele o ene. Eya ta ede “asi nu geɖewo fiafia me wo” tso Fiaɖuƒea ŋu. (Marko 6:34) Eda dɔ na “dɔnɔwo” hã. (Luka 9:11) Emegbe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Teƒe sia tso abo, eye zã le dodom; ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu.”—Mateo 14:15.

Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mehiã be woadzo o; miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.” (Mateo 14:16) Togbɔ be Yesu nya nu si wòle wɔwɔ ge hã la, edo Filipo kpɔ esi wòbiae be: “Afi kae míakpɔ abolo le aƒle na ame siawo woaɖu?” Esɔ be wòbia nya sia Filipo, elabena Betsaida, si medidi tso afi ma o lae wòtso. Gake abolo ƒeƒle makpɔ kuxia gbɔ o. Ŋutsuawo ƒe xexlẽme ade 5,000. Eye ne woxlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo hã la, ɖewohĩ xexlẽmea anye ema ƒe teƒe eve! Filipo ɖo eŋu be: “Abolo denario alafa eve gɔ̃ hã [denario ɖeka nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu] made wo nu be wo dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ vi aɖe aɖu o.”—Yohanes 6:5-7.

Yesu le nu ƒom kple ŋutsuvi sue si si abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve le la

Ðewohĩ esi Andrea di be yeaɖee afia be manya wɔ be yewoana nuɖuɖu wo katã o la, egblɔ be: “Ŋutsuvi aɖe le afii, si si ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve le. Gake afi kae esia ade na ame gbogbo siawo?”—Yohanes 6:9.

Ɣemaɣi nye adame, eya ta gbe mumu geɖe nɔ togbɛawo dzi, eye wònye ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ƒe 32 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia. Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na ameawo be woabɔbɔ nɔ gbea dzi le ƒuƒoƒowo me, ɖewo 50, ɖewo 100. Etsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo eye wòda akpe na Mawu. Azɔ eŋe aboloawo me eye wòma tɔmelãawo. Yesu tsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo be woama wo na ameawo. Nukutɔe la, wo katã woɖui ɖi ƒo!

Emegbe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.” (Yohanes 6:12) Kakɛ siwo nu woƒo ƒu la yɔ kusi 12 sɔŋ!

  • Nu ka tae Yesu di teƒe aɖe si ɖe ɖe aga na eƒe apostoloawo?

  • Afi kae Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi, eye nu kae dzɔ le afi ma?

  • Nu kae nusrɔ̃lawo gblɔ na Yesu be wòawɔ, gake aleke wòkpɔ ameawo ƒe nuhiahiãwo gbɔe?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe