INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 9/1 axa 8-11
  • Mawu Dea Bubu Nyɔnuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Dea Bubu Nyɔnuwo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Yesu Wɔ Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu
  • Biblia Ƒe Gɔmeɖosewo Dzi Wɔwɔ Nana Nyɔnuwo Kpɔa Dzidzɔ
  • Kristotɔ Nyɔnuwo Dze Be Míade Asixɔxɔ Kple Bubu Wo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Aleke Etsɔme Anɔ na Nyɔnuwo?
    Nyɔ!—1998
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Nyɔnuwo Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ŋutsu Kple Nyɔnu Ðe Sia Ðe Le Ðoƒe Si Ŋu Bubu Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 9/1 axa 8-11

Mawu Dea Bubu Nyɔnuwo Ŋu

Yesu lɔ̃ ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa te ɖe eŋu

ESIME Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe Fofoa si le dziƒo la ƒe amenyenye kple ale si wòwɔa nui la fia le mɔ deblibo nu. Egblɔ be: “Nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o; ke boŋ ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna. . . . Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.” (Yohanes 8:28, 29; Kolosetɔwo 1:15) Eya ta ne míebu ale si Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míanya ale si Mawu bua nyɔnuwoe kpakple ale si wòdi be woawɔ nu ɖe wo ŋui hã.

Esi agbalẽnyala aɖewo dzro Nya Nyui Gbalẽawo me la, wogblɔ be ale si Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu la to vovo sãa na ale si amewo wɔ nu ɖe wo ŋui le eŋɔli. Le mɔ ka nu? Eye biabia si le vevie wue nye, ɖe Yesu ƒe nufiafiawo ganaa ablɔɖe geɖe wu nyɔnuwo egbea?

Ale Si Yesu Wɔ Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu

Yesu mebu wo be gbɔdɔdɔ dzaa ta koe woli ɖo o. Le Yuda subɔsubɔhakplɔla aɖewo ƒe susu nu la, nu si dona tsoa kadodo kple nyɔnuwo me la koe nye dzodzro vɔ̃. Esi woƒe susue nye be nyɔnuwo kplɔa ame dea tetekpɔ me ta la, womeɖea mɔ na wo be woaƒo nu kple ŋutsuwo le dutoƒo alo ava ame dome tatsyɔnu manɔmee o. Ke Yesu ya xlɔ̃ nu ŋutsuwo be woaɖu woƒe ŋutilãmenudzodzrowo dzi ahade bubu nyɔnuwo ŋu, ke menye be woaɖe wo ɖe aga o.—Mateo 5:28.

Yesu gblɔ hã be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnua ŋu.” (Marko 10:11, 12) Eto esia dzi tu afɔkpo rabiwo ƒe nufiafia si ɖe mɔ na ŋutsuwo be woagbe wo srɔ̃wo “le nya sia nya” ta la. (Mateo 19:3, 9) Nufiafia si nye be ŋutsu hã wɔa ahasi ɖe srɔ̃a ŋu la nye nya yeye na Yudatɔ akpa gãtɔ. Nu si woƒe rabiwo fia woe nye be womate ŋu agblɔ le ŋutsu ŋu be ewɔ ahasi ɖe srɔ̃a nu o, si fia be nyɔnu ko ŋue woate ŋu agblɔ le be ewɔ ahasi! Le Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, “Yesu to ale si wòɖee fia be se ɖekae bla ŋutsu kple srɔ̃a siaa la dzi de asixɔxɔ kple bubu nyɔnuwo ŋu.”

Ale si eƒe nufiafia le vi ɖem egbea: Le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo hamea me la, nyɔnuwo dea ha kple ŋutsuwo faa le woƒe kpekpewo me, eye womevɔ̃na be ŋutsuwo ava nɔ ahiãmoe ɖom ɖe yewo ŋu madzemadzee o, elabena Kristotɔ ŋutsuwo ɖɔa ŋu ɖo hewɔa nu ɖe ‘nyɔnu tsitsiwo ŋu abe dadawo ene, kple ɖetugbuiwo ŋu abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.’—1 Timoteo 5:2.

Yesu kpɔ vovo ɖe nyɔnuwo ŋu hefia nu wo. Rabiwo gblɔna be mele be woafia nu nyɔnuwo o, ke Yesu ya fia nu wo, eye wòde dzi ƒo na wo be woagblɔ woƒe susuwo. Yesu mena mɔnukpɔkpɔ si asu Maria si be wòaxɔ nufiame la to eŋu o, eye wòto esia dzi ɖee fia be menye aƒemedɔwo wɔwɔ koe nye nyɔnuwo tɔ gome o. (Luka 10:38-42) Yesu fia nu Maria nɔvinyɔnu Marta hã, eye ale si wòɖo nya ŋui na Yesu nunyatɔe le Lazaro ƒe ku megbe la ɖo kpe esia dzi.—Yohanes 11:21-27.

Yesu tsɔ ɖe le nya siwo nyɔnuwo gblɔ la me. Ɣemaɣi la, Yuda nyɔnuwo xɔe se be nu si ana ame nakpɔ dzidzɔ le agbe mee nye be viŋutsu ɖota, abe nyagblɔɖila ene, nanɔ esi. Esi nyɔnu aɖe kɔ gbe dzi gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye vidzidɔ si me nèmlɔ!” la, Yesu wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ƒo nu tso nane si nyo wu la ŋu nɛ. (Luka 11:27, 28) Esi Yesu ɖee fia be toɖoɖo Mawu boŋue le vevie wu la, eto esia dzi he eƒe susu yi nu si le vevie wu nu siwo wobia tso nyɔnuwo si le dekɔnuwo nu la dzi.—Yohanes 8:32.

Ale si eƒe nufiafia le vi ɖem egbea: Ame siwo fiaa nu le Kristo hamea me la kpɔa dzidzɔ ɖe nya siwo nyɔnuwo gblɔna le hame ƒe kpekpewo me la ŋu. Wodea bubu nyɔnu tsitsiwo ŋu ɖe ale si wonyea “nu nyui fialawo” le nuwɔna me le gaglãgbe kple ɣebubuɣiwo ta. (Tito 2:3) Azɔ hã, wonana nyɔnuwo wɔa akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me.—Psalmo 68:11; kpɔ aɖaka si nye “Ðe Apostolo Paulo Gbe Na Nyɔnuwo Be Woagaƒo Nu Oa?” le axa 9 lia.

Yesu tsɔ ɖe le eme na nyɔnuwo. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, wodea asixɔxɔ viŋutsuwo ŋu wu vinyɔnuwo. Talmud la me nuŋlɔɖiwo ɖe esia fia esi wògblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si dzi ŋutsuviwo, ke baba na ame si dzi nyɔnuviwo.” Dzila aɖewo bua nyɔnudzidzi be enye agba kpekpe, elabena ele be woadi ŋutsu nɛ wòaɖe ahatsɔ tabianuwo ana ŋutsua ƒe ƒomea, eye womate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu be ava kpɔ yewo dzi le yewoƒe tsitsi me hã o.

Yesu ɖee fia be asixɔxɔ ɖekae le nyɔnuvi kple ŋutsuvi siaa ƒe agbe ŋu, elabena efɔ Yairo vinyɔnua ɖe tsitre abe ale si ko wòfɔ ahosi si tso Nain la viŋutsua ɖe tsitre ene. (Marko 5:35, 41, 42; Luka 7:11-15) Esi Yesu da gbe le nyɔnu aɖe si “gbɔgbɔ aɖe na wònɔ dɔ lém ƒe wuienyie” nye ema ŋu la, eyɔe be “Abraham vinyɔnu.” Mebɔ kura le Yudatɔwo ƒe agbalẽwo me be woatsɔ nyagbe sia aɖɔ nyɔnuwoe o. (Luka 13:10-16) Eyɔyɔ alea ɖe bubu kple ameŋububu fia, eye wòɖee fia hã be menye ɖeko Yesu bui be eya hã le vevie abe ame bubuwo ke ene o, ke ede dzesii hã be xɔse sesẽ le esi.—Luka 19:9; Galatiatɔwo 3:7.

Ale si eƒe nufiafia le vi ɖem egbea: Asiatɔwo doa lo be: “Nyɔnuvi dzidzi le ko abe tsidede ame bubu ƒe abɔmenukuwo ene.” Mele be nukpɔsusu ma nakpɔ ŋusẽ ɖe vifofo lɔ̃ame siwo nye Kristotɔwo la dzi o, ke boŋ ele be woalé be na wo viwo katã, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa. Dzila Kristotɔwo kpɔa wo viwo katã ƒe sukudenyawo kple lãmesẽnyawo gbɔ nyuie.

Maria Magdalatɔ le Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu nya gblɔm na apostoloawo

Yesu de bubu Maria Magdalatɔ la ŋu esi wòde dɔ asi nɛ be wòagblɔ yeƒe tsitretsitsia ŋu nya na apostoloawo

Yesu ka ɖe nyɔnuwo dzi. Le Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo la, wobua nyɔnu ƒe ɖaseɖiɖi abe kluvi tɔ ko ene. Ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be: “Le nyɔnuwo ƒe amemabumabu kple ɖekematsɔleme ta la, mele be woaxɔ ɖaseɖiɖi aɖeke tso wo gbɔ o.”

Yesu wɔ nu si to vovo kura na ema esi wòna nyɔnuwo ɖi ɖase tso eƒe tsitretsitsia ŋu. (Mateo 28:1, 8-10) Togbɔ be nyɔnu nuteƒewɔla siawo kpɔ Aƒetɔ la ƒe ku kple eɖiɖi teƒe hã la, esesẽ na apostoloawo be woaxɔ nya si nyɔnuawo va gblɔ la dzi ase. (Mateo 27:55, 56, 61; Luka 24:10, 11) Ke hã, esi wofɔ Kristo ɖe tsitre la, nyɔnuwoe wòɖe eɖokui fia gbã, si fia be ebu woawo hã be wodze aɖi ɖase tso ye ŋu abe nusrɔ̃la bubuawo ke ko ene.—Dɔwɔwɔwo 1:8, 14.

Ale si eƒe nufiafia le vi ɖem egbea: Le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, ŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo dea bubu nyɔnuwo ŋu to ale si woɖoa to sea woƒe susuwo la dzi. Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo hã ɖoa to wo srɔ̃wo ƒe nyawo nyuie hetoa esia dzi ‘dea asixɔxɔ’ wo ŋu.—1 Petro 3:7; 1 Mose 21:12.

Biblia Ƒe Gɔmeɖosewo Dzi Wɔwɔ Nana Nyɔnuwo Kpɔa Dzidzɔ

Ŋutsu aɖe le ʋu ƒe ʋɔtru ʋum na nyɔnu aɖe

Ame siwo wɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la dea bubu nyɔnuwo ŋu

Ne ŋutsuwo srɔ̃ Kristo la, bubu kple ablɔɖe si Mawu ɖo na nyɔnuwo tso gɔmedzedzea me la sua wo si. (1 Mose 1:27, 28) Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo mebunɛ be yewonyo wu nyɔnuwo o, ke boŋ wonana Biblia me gɔmeɖosewo fiaa mɔ wo, si wɔnɛ be wo srɔ̃wo kpɔa dzidzɔ.—Efesotɔwo 5:28, 29.

Esi Yelena va nɔ Biblia srɔ̃m la, srɔ̃aŋutsua nɔ ŋlɔmi wɔm le eŋu togbɔ be ame geɖe menya nu tso eŋu o hã. Ŋutasẽnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe afi si ŋutsua nɔ tsi, enye afi si ŋutsuwo tea ŋu léa nyɔnu si wodi be yewoaɖe la dzonɛ sesẽe le, eye nu vevi wɔame hã bɔ. Yelena gblɔ be: “Nu si mesrɔ̃ tso Biblia me la do ŋusẽm. Meva nyae be ame aɖe li si lɔ̃m vevie, eye wòdea asixɔxɔ ŋunye hetsɔa ɖe le eme nam. Menyae hã be ne srɔ̃nye srɔ̃ Biblia la, ale si wòwɔa nu ɖe ŋunyee hã atrɔ.” Eƒe didia va eme nɛ esi srɔ̃a va lɔ̃ mlɔeba be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Yelena gblɔ be: “Srɔ̃nye va zu ame si ɖua eɖokui dzi. Míesrɔ̃ ale si míatsɔ ake mía nɔewo faa.” Aleke wòƒo nya tae? Egblɔ be: “Vavãe, Biblia ƒe gɔmeɖosewo na mese le ɖokuinye me be mele vevie hele dedie le nye srɔ̃ɖeɖea me.”—Kolosetɔwo 3:13, 18, 19.

Menye Yelena gome koe wòle alea o. Nyɔnu Kristotɔ miliɔn geɖe le dzidzɔ kpɔm le esi woa kple wo srɔ̃wo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe srɔ̃ɖeɖewo me ta. Le woƒe hadede kple wo hati Kristotɔwo me la, wodea bubu wo ŋu, eye wokpɔa akɔfafa kple ablɔɖe hã.—Yohanes 13:34, 35.

Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nyae be esi yewonye nu vɔ̃ mewo kple ame madeblibowo ta la, yewo hã yewole Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo ‘wobɔbɔ ɖe toflokonyenye te’ la dome. Gake wonya be ne yewote ɖe Yehowa Mawu, si nye yewo Fofo lɔ̃ame la ŋu la, woava ‘ɖe yewo tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me’ ayi ɖe “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le” la me. Etsɔme nyui ka gbegbee nye esi le ŋgɔ na ŋutsu kple nyɔnu siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo!—Romatɔwo 8:20, 21.

Ðe Apostolo Paulo Gbe Na Nyɔnuwo Be Woagaƒo Nu Oa?

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nyɔnuwo nezi ɖoɖoe le hameawo me.” (1 Korintotɔwo 14:34) Eƒe nyaa gɔme ɖe? Ðe wònɔ gbɔgblɔm be woƒe nunya mede ŋgɔ oa? Ao. Le nyateƒe me la, eƒoa nu tso nyɔnuwo ƒe nufiafia nyui la ŋu zi geɖe. (2 Timoteo 1:5; Tito 2:3-5) Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, menye nyɔnuwo koe wògblɔ na be woazi ɖoɖoe o, exlɔ̃ nu ame bubu siwo si gbegbɔgblɔ bubu dodo kple nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanawo le la hã be ‘woazi ɖoɖoe’ ne haxɔsetɔ bubu le nu ƒom.a (1 Korintotɔwo 14:26-30, 33) Anɔ eme be esi nyɔnu aɖewo va zu Kristotɔwo la, dzi nɔ wo dzɔm ɖe xɔse yeyea ŋu ale gbegbe be wotea ŋu tsoa nya le nuƒolaa nu hebiaa nyae, abe ale si amewo lɔ̃a wɔwɔ le xexea ƒe akpa ma ɣemaɣi ene. Eya ta be nuwo nanɔ ɖoɖo nu la, Paulo de dzi ƒo na wo be “woabia woawo ŋutɔwo srɔ̃wo le aƒe me.”—1 Korintotɔwo 14:35.

a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nyɔnuwo ƒe wɔƒe le hamea me ŋu la, kpɔ nyati si nye “Ðe Nyɔnu Siwo Nye Yehowa Ðasefowo La Fiaa Nua?” le axa 23 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe