INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w07 10/1 axa 3-4
  • Dziɖula Kesinɔtɔ Aɖe Wɔ Tiatia Gbegblẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dziɖula Kesinɔtɔ Aɖe Wɔ Tiatia Gbegblẽ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu kple Ðekakpui Dziɖula Kesinɔtɔ Aɖe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Ðo Nya Ŋu Na Kplɔla Ðekakpui Kesinɔtɔ Aɖe
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Míegale Agbe Na Mía Ðokui O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • ‘Wu Nu Si Gɔme Nèdze La Nu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
w07 10/1 axa 3-4

Dziɖula Kesinɔtɔ Aɖe Wɔ Tiatia Gbegblẽ

ÐEKAKPUI dziɖula kesinɔtɔ la nye nu dzɔdzɔe wɔla, sedziwɔla, kple Mawu vɔ̃la. Ete ɖe Yesu ŋu, dze klo hebiae be: “Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mavɔ la dome mahã?”

Le nyaa ŋu ɖoɖo me la, Yesu ɖee fia be ele be ŋutsua nawɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi hafi wòakpɔ agbe. Esi wòbiae be se kawoe hã la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o. Bu fofowò kple dawò, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” Se siawo nye Se vevi siwo wotsɔ na Mose la dometɔ aɖewo. Azɔ ɖekakpuia gblɔ be: “Mewɔ nusiawo katã dzi; . . . nuka gasusɔ nama?”—Mateo 19:16-20.

Yesu ‘lɔ̃e’ hegblɔ nɛ bena: “Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nàva anɔ yonyeme.”—Marko 10:17-21.

Esia na nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ ɖekakpui dziɖulaa. Nu kae wòawɔ? Ðe wòalɔ̃ faa aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu ahazu Yesu yomedzela loo, alo ɖe wòaku ɖe nu siwo le esi ŋua? Ðe wòati anyigbadzikesinɔnuwo yome loo, alo ɖe wòadi be kesinɔnuwo nanɔ ye si le dziƒoa? Ðikeke mele eme o be, nyametsotso sesẽ aɖee nye esia dze ŋgɔe. Edze ƒãa be enye ame aɖe si tsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me, elabena ewɔna ɖe Sea dzi eye wògadi be yeanya nu bubu siwo yeawɔ be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Nyametsotso kae wòwɔ? ‘Edzo kple nuxaxa; elabena nu geɖewo le esi.’—Marko 10:22.

Ðekakpui dziɖulaa mewɔ nyametsotso si me nunya le o. Ne ɖee wòzu Yesu yomedzela wɔnuteƒe la, anye ne agbe mavɔ si dim wònɔ la ava su esi. Míenya nu si va dzɔ ɖe ɖekakpui sia dzi emegbe o. Gake nu si míenyae nye be, le ƒe blaene megbe la, Roma srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem kple Yudea ƒe nuto geɖewo. Yudatɔ geɖewo bu woƒe kesinɔnuwo kpakple woƒe agbe.

To vovo na ɖekakpui dziɖulaa la, apostolo Petro kple nusrɔ̃la bubuawo ya wɔ tiatia si me nunya le. Wogblẽ “nuwo katã ɖi” hedze Yesu yome. Tiatia sia si wowɔ la ɖe vi na wo ale gbegbe! Yesu gblɔ na wo be teƒeɖoɖo geɖe asu wo si wu nu siwo wogblẽ ɖi. Gawu la, woanyi agbe mavɔ ƒe dome. Nyametsotso si wowɔ la mave wo akpɔ gbeɖe o.—Mateo 19:27-29.

Nyametsotsowɔwɔ dzea ŋgɔ mí katã le agbe me—ɖewo meɖia naneke o, ɖewo ya nyea ŋkubiãnya. Nya kae le Yesu si na mí ku ɖe nyametsotso siawo wɔwɔ ŋu? Ðe nàwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzia? Ne èwɔ ɖe edzi la, aɖe vi na wò geɖe ŋutɔ. Na míakpɔ ale si míawɔ adze Yesu yome kple ale si eƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu aɖe vi na míi ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe