INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nu Ka Tae Wòanyo Be Nàɖe Adzɔgbe Eye Nàxɔ Nyɔnyrɔ?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • 2. Aleke Yehowa yraa ame siwo xɔ nyɔnyrɔ va zu eƒe Ðasefowo?

      Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, àva zu Yehowa ƒe ƒomea, si me tɔwo kpɔa dzidzɔ la dometɔ ɖeka. Àva kpɔe le nu geɖe me be Yehowa lɔ̃ ye vavã, eye wò kplii dome ava nɔ kplikplikpli wu ale si wòle fifia gɔ̃ hã. (Xlẽ Malaki 3:16-18.) Yehowa anye Fofowò, eye tsɔ kpe ɖe eŋu la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo lɔ̃ Yehowa eye wolɔ̃ wò hã la ava nɔ asiwò le xexea me godoo. (Xlẽ Marko 10:29, 30.) Gake ele be nàɖe afɔ aɖewo hafi axɔ nyɔnyrɔ. Ehiã be nàsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, nàlɔ̃e, eye nàxɔ Via dzi se. Mlɔeba, ele be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa. Ne èɖe afɔ mawo eye nèxɔ nyɔnyrɔ la, esia ana mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Nyɔnyrɔxɔxɔ . . . na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia.”—1 Petro 3:21.

  • Àte Ŋu Awɔ Nuteƒe Ne Woti Yowòme
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Yesu nyae nyuie be ate ŋu adzɔ be míaƒe ƒometɔ aɖewo madi be míasubɔ Yehowa o. Mixlẽ Mateo 10:34-36, eye miadzro biabia sia me:

      • Ne ame aɖe tso nya me be yeasubɔ Yehowa la, nu kae eƒe ƒometɔwo ate ŋu awɔ?

      Mikpɔ VIDEOA, be miakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe, eyome midzro biabia si gbɔna me.

      VIDEO: Yehowa Xɔ Mí (5:13)

      • Nu kae nàwɔ ne wò ƒometɔ alo xɔ̃wò aɖe dze agbagba be yeana nàdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?

      Mixlẽ Psalmo 27:10 kple Marko 10:29, 30. Ne miexlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, midzro biabia sia me:

      • Aleke ŋugbedodo sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne wò ƒometɔ alo xɔ̃wò aɖe le tsitre tsim ɖe ŋuwò?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe