‘Minɔ Dzadzraɖoɖi’
1 Le Yesu ƒe nyagblɔɖi ɖedzesi si ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu me la, exlɔ̃ nu mí le alesi mele be míana dzimaɖitsitsi ɖe agbemenuwo ŋu naxɔ míaƒe susu me o ŋu. (Mat. 24:36-39; Luka 21:34, 35) Esi xaxa gã la ate ŋu adze egɔme kpata ɣesiaɣi ta la, eva hiã vevie be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: ‘Minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.’ (Mat. 24:44) Nukawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me?
2 Akɔkpekpe Kple Dzimaɖitsitsiwo Kple Susuhenuwo: Nusiwo ate ŋu ade míaƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me siwo ŋu wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo dometɔ ɖekae nye ‘dzimaɖitsitsi ɖe agbemenuhiahiãwo ŋu.’ (Luka 21:34) Le dukɔ aɖewo me la, hiãkame, dɔmakpɔwɔe, kple nuwo ƒe asixɔxɔ na wòsesẽ ŋutɔ be woakpɔ agbemenuhiahiã veviwo. Le dukɔ bubuwo me hã ele bɔbɔe be woaƒo ŋutilãmenu geɖewo nu ƒu na ame ɖokui. Ne dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu va le míaƒe susu me xɔm la, ke afɔku li be míagate ŋu ada asɔ le Fiaɖuƒea ƒe nuwo didi me o. (Mat. 6:19-24, 31-33) Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kpena ɖe mía ŋu be míatsɔ nuwo aɖo wo nɔƒe. Ðe nèɖoe wò taɖodzinui be kpekpe aɖeke nagato ye ŋu oa?—Heb. 10:24, 25.
3 Egbexexea me yɔ fũ kple susuhenu siwo ate ŋu axɔ míaƒe ɣeyiɣi veviwo le mía si bɔbɔe. Kɔmpiuta zazã ate ŋu ava zu mɔ̃ na ame nenye be wozãa ɣeyiɣi gbogbowo ɖe Internet ŋu, ɖe E-mail nyatakakawo xexlẽ kple wo ɖoɖoɖa, alo ɖe kɔmpiuta dzi fefewo ŋu. Woagate ŋu agblẽ gaƒoƒo geɖe ɖe television kpɔkpɔ, video kpɔkpɔ, fefenuwo wɔwɔ, xexemegbalẽwo xexlẽ, kple ɖe kamedefefewo ŋu, siwo ate ŋu awɔe be ɣeyiɣi kple ŋusẽ boo aɖeke maganɔ ame si ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Togbɔ be modzakaɖeɖe kple ɖiɖiɖeme ate ŋu ana dzidzeme ame vaseɖe afi aɖe hã la, ɖokuisi kple ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ye nye nusi hea viɖe mavɔwo vɛ. (Tim. I, 4:7, 8) ȃlea ɣeyiɣi tsɔ dea ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu gbesiagbea?—Ef. 5:15-17.
4 Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye si be Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ gbɔgbɔmenufiame ƒe ɖoɖo na mí be wòatsɔ akpe ɖe mía ŋu ‘be míate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me’! (Luka 21:36) Neva eme be míawɔ gbɔgbɔmeɖoɖo siawo ŋudɔ bliboe eye ‘míanɔ dzadzraɖoɖi’ be míalé míaƒe xɔse me ɖe asi wòanye “kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me.”—Pet. I, 1:7.