INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/1 axa 21-26
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutsu Si Hiã Ðɔɖɔɖo Geɖe
  • Ehiã Be Woatsɔ Nu Geɖewo Akee
  • Petro Ƒe Vodada Gãtɔ Kekeake
  • Ðe Petro Ƒe Nu Vɔ̃a Gbɔ Tsɔtsɔke Ŋua?
  • Nu Bubu Siwo Ðo Kpe Edzi Be Wotsɔ Petro Ƒe Nu Vɔ̃wo Kee
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Mina Míalé Míaƒe Xɔse Xɔasi la me ɖe Asi Sesi̇̃e!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/1 axa 21-26

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ

PETRO maŋlɔ zã dziŋɔ ma si me woa kple Yesu ƒe ŋku do go la be kpɔ o. Ðe wòkpɔe le Yesu ƒe mo be edo dziku ɖe ye ŋua? Míenya o; nya si nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ koe nye be “Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro.” (Luka 22:61) Gake esi woa kpli ƒe ŋku nya do go ko la, Petro kpɔ eya ŋutɔ ƒe kpododonu dze sii kɔtɛ. Petro kpɔe dze sii be nu si tututu Yesu gblɔ be ye gbɔna wɔwɔ ge, si dzi yenɔ tɔ tem ɖo be yemawɔ gbeɖe o lae nye ema yewɔ—egbe nu le eƒe Aƒetɔ lɔlɔ̃a gbɔ. Ðewohĩ emae nye Petro ƒe ŋkeke vɔ̃ɖitɔ kekeake ƒe ɣeyiɣi si me nu te ɖe edzi wu le agbe me.

Gake ema mefia be wɔna aɖeke megali o. Esi wònye xɔse sẽŋu nɔ Petro si ta la, mɔnukpɔkpɔ su esi Yesu tsɔ eƒe vodadawo kee, eye wòsrɔ̃ Yesu ƒe nufiame vevitɔ kekeakewo dometɔ ɖeka. Eyae nye tsɔtsɔke. Nufiame vevi sia hiã mía dometɔ ɖe sia ɖe, eya ta mina míakpɔ nɔnɔme sesẽ siwo me Petro to, siwo me wòsrɔ̃ nufiame sia le la ɖa.

Ŋutsu Si Hiã Ðɔɖɔɖo Geɖe

Anɔ abe ɣleti ade ene do ŋgɔ, esime wonɔ Kapernaum, si nye du si me Petro tso me la, ete ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye, eye wòle be matsɔe akee? Va se ɖe zi adre loo?” Ðewohĩ Petro susui be ne yete ŋu tsɔ ke zi adre sɔŋ la, ke yenyo dɔme ŋutɔ. Elabena subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo fiaa nu ɣemaɣi be ele be woatsɔ ake zi etɔ̃ pɛ ko. Yesu ɖo eŋu be: “Nyemegblɔ na wò be: Va se ɖe zi adre o, ke boŋ, Va se ɖe zi blaadre vɔ adre.”—Mateo 18:21, 22.

Ðe Yesu ƒe nyawo fia be Petro nanɔ vo siwo woanɔ dadam ɖe eŋu la ŋlɔm ɖia? Ao; ke boŋ esi Yesu trɔ Petro ƒe 7 wòzu 77 la, efia be seɖoƒe aɖeke meli na tsɔtsɔke o. Yesu kpɔe dze sii be tamesesẽ kple vodada matsɔmatsɔ ke ƒe gbɔgbɔ si bɔ le ŋkeke mawo me, si wɔe be amewo nɔa vo siwo wodana ɖe wo ŋu tem ɖi lae kpɔ ŋusẽ ɖe Petro dzi. Gake seɖoƒe meli na Mawu ƒe nudidi si ku ɖe tsɔtsɔke ŋu ya o.

Petro meʋlii nya sia kple Yesu o. Gake ɖe nufiame si le eme la de dzi gbɔ nɛa? Ɣeaɖewoɣi la, míesrɔ̃a nu tso tsɔtsɔke ŋu nyuie wu ne mía ŋutɔwo míeva ɖo nɔnɔme aɖe si me míehiã tsɔtsɔke le vevie la me. Eya ta mina míagatrɔ ɖe nudzɔdzɔ siwo do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku ŋu ake. Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, Petro da vo geɖe siwo ta wòhiã eƒe Aƒetɔ la ƒe tsɔtsɔke.

Ehiã Be Woatsɔ Nu Geɖewo Akee

Zã si menɔ bɔbɔe kura o ye wònye—Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ. Nu geɖewo li wòle be Yesu nagafia eƒe apostoloawo, siwo dometɔ ɖekae nye ɖokuibɔbɔ. Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu na wo esi wòklɔ woƒe afɔwo, si nye dɔ si subɔviwo ƒe subɔvi wɔna. Gbã la, Petro melɔ̃ ɖe Yesu ƒe nuwɔnaa dzi o. Eya ta egbe be maklɔ afɔ na ye ya o. Emegbe eva lɔ̃ hebia gɔ̃ hã be Yesu naklɔ yeƒe asiwo kple yeƒe ta hã kpee! Yesu medo dziku ɖe eŋu o, ke boŋ egbɔ dzi ɖi heɖe nu si wɔm wònɔ la gɔme nɛ tufafatɔe.—Yohanes 13:1-17.

Gake eteƒe medidi o, apostoloawo te nyahehe kple wo nɔewo tso ame si nye gãtɔ ŋu. Ðikeke mele eme o be Petro hã kpɔ gome le ɖevinuwɔna ma si ɖe amegbetɔwo ƒe dada fia la me. Ke hã, Yesu ɖɔ wo ɖo dɔmenyotɔe, eye wòkafu wo gɔ̃ hã ɖe nu nyui si wòkpɔ le wo ŋu la ta, si nye ale si woku ɖe woƒe Aƒetɔ la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Gake egblɔ be wo katã woava gblẽ ye ɖi. Petro te tɔ ɖe edzi be ye ya yeaku ɖe Yesu ŋu, ne ahiã be yeaku kplii gɔ̃ hã. Gake Yesu gblɔe ɖi be hafi koklo naku atɔ zi eve zã ma me la, Petro agbe nu le ye gbɔ zi etɔ̃. Azɔ menye ɖeko Petro gblɔ be Yesu ƒe nyaa mava eme o, ke boŋ egblɔ dadatɔe hã be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi wu apostolo susueawo katã.—Mateo 26:31-35; Marko 14:27-31; Luka 22:24-28.

Ðe Petro ƒe nuwɔna sia na Yesu do dziku ɖe eŋua? Le ɣeyiɣi sesẽ mawo katã me la, Yesu yi edzi nɔ eƒe apostolo madebliboawo ƒe nyuiƒe ko kpɔm. Enya be Petro le nu gbe ge le ye gbɔ tsã, gake egblɔ be: “Meɖe kuku ɖe tawò, bene wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, ne ètrɔ gbɔ ko la, do ŋusẽ nɔviwòwo.” (Luka 22:32) Yesu ƒe nya siawo fia be eka ɖe Petro dzi be ne egbe nu le ye gbɔ hã la, anyɔ le eɖokui me, eye wòayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Tsɔtsɔke ƒe nɔnɔme nyui ka gbegbee nye esi!

Emegbe, esi wonɔ Getsemane-bɔa me la, Petro gahiã ɖɔɖɔɖo geɖe. Yesu bia tso woa kple Yakobo kpakple Yohanes si be woanɔ ŋudzɔ esime eya ŋutɔ yi ɖale gbe dom ɖa. Yesu nɔ veve sem helĩhelĩ ɣemaɣi, eye wòhiã fanametɔ, gake alɔ̃ ko dɔm Petro kple etɔawo ya le fɛe, togbɔ be Yesu ŋutɔ va nyɔ wo enuenu hã. Yesu gblɔ nya siawo siwo me veveseɖeamenu kple tsɔtsɔke dze le la be: “Nyateƒee, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”—Marko 14:32-38.

Eteƒe medidi o, ameha aɖe si lé akakatiwo, yiwo, kple kpowo ɖe asi la va ɖo. Nuwɔwɔ le nunya kple ŋuɖɔɖɔɖo me ehiã le ɣeyiɣi ma me. Ke hã, Petro ya tsɔ dzitsitsi ɖe yi ɖe go be yeaɖe ta le Malxo, si nye nunɔlagã la ƒe dɔla la nu, gake to koe yi la kpa nɛ. Yesu ɖɔ Petro ɖo tufafatɔe, yɔ dɔ subɔvi la ƒe toa, eye wòɖe gɔmeɖose vevi aɖe si fia be woaƒo asa na ŋutasẽnuwɔwɔ, si nu eyomedzelawo nɔa agbe ɖo va se ɖe egbea la ɖe go. (Mateo 26:47-55; Luka 22:47-51; Yohanes 18:10, 11) Petro da vo geɖe siwo eƒe Aƒetɔ la tsɔ kee xoxo. Eƒe nuwɔnaa ɖo ŋku edzi na mí be “mí katã míewɔa vodada zi geɖe.” (Yakobo 3:2) Mía dometɔ kae mehiãa Mawu ƒe tsɔtsɔke gbe sia gbe o? Gake le Petro gome la, azɔli geɖe gale ŋgɔ nɛ zã ma me. Egale vo siwo vɔ̃ɖi wu da ge.

Petro Ƒe Vodada Gãtɔ Kekeake

Yesu gblɔ na amehaa be ne ye dim wole la, ekema woaɖe asi le yeƒe apostoloawo ŋu woadzo. Petro anya tsi mavomavo le eɖokui me esime wòkpɔe ameha la nɔ Yesu blam. Emegbe Petro kple apostolo mamlɛawo si.

Petro kple Yohanes va tɔ ɖe mɔ dzi, ɖewohĩ ɖe Ana, si nye Nunɔlagã tsã, ƒe aƒe gbɔ, afi si wokplɔ Yesu yi gbã be woabia gbee. Esi wokplɔ Yesu dzo le afi ma la, Petro kple Yohanes nɔ amehaa yome le “adzɔge ɖaa.” (Mateo 26:58; Yohanes 18:12, 13) Menye vɔvɔ̃nɔtɔe Petro nye kura o. Edze ƒãa be ehiã dzinɔameƒo hafi wòate ŋu anɔ ameha ma yome. Elabena wolé lãnuwo ɖe asi, eye Petro kpa to na wo dometɔ ɖeka xoxo. Ke hã, menye nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si Petro gblɔ be yeaɖe afia—be yele klalo be yeaku kple yeƒe Aƒetɔ—lae nye ema ɖem wòle fia o.—Marko 14:31.

Ame geɖewo dina egbea be yewoanɔ Kristo yome le “adzɔge ɖaa” abe Petro ene, bene ame aɖeke nagade dzesi yewo o. Gake abe ale si Petro ŋutɔ va ŋlɔe emegbe ene la, mɔ nyuitɔ si nu ko wòle be míanɔ Kristo yome lee nye be míanɔ eŋu kplikplikpli ale si míate ŋui ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu ɣesiaɣi, le nu sia nu me, eɖanye nɔnɔme sesẽ ka ke mee míato o.—1 Petro 2:21.

Petro nɔ ameha la yome dzaa ʋuu va do ɖe aƒe gãtɔ kekeake siwo le Yerusalem la dometɔ ɖeka ƒe agbo nu. Nunɔlagã ŋusẽtɔ kple kesinɔtɔ Kayafa ƒe aƒee. Zi geɖe la, ale si wotsoa aƒe mawoe nye be wotua xɔawo ƒoa xlã xɔxɔnu la, eye agbo nɔa enu. Esi Petro ɖo agboa nu la, womeɖe mɔ nɛ wòge ɖe eme o. Yohanes, si ya ge ɖe eme xoxo la, va ɖe kuku na agbonudzɔlaa be wòana Petro nage ɖe eme. Anɔ eme be Petro menɔ Yohanes ŋu kplikplikpli o, eye be mete kpɔ hã be yeage ɖe xɔa me ahanɔ eƒe Aƒetɔ la xa o ene. Etsi xɔxɔnua, afi si kluvi kple dɔla aɖewo nɔ dzo si nɔ keklẽm nyuie la ƒum le le vuvɔ si nɔ wɔwɔm zã ma me ta henɔ ekpɔm aʋatsoɖasefo siwo nɔ Yesu nu tsom la nɔ gegem ɖe xɔ si me wole ʋɔnua drɔ̃m Yesu le la me nɔ dodom.—Marko 14:54-57; Yohanes 18:15, 16, 18.

Esi dzoa klẽ ɖe Petro dzi la, nyɔnuvi si ɖe mɔ wòge ɖe eme la gakpɔe nyuie wu. Nyɔnuvia kpɔe dze sii. Egblɔ nɛ gbetɔametɔe be: “Wò hã enɔ Yesu Galileatɔ la ŋu!” Nyaa ɖi ɖe Petro kpoyi, eye wòsẽ nu be yemenya Yesu o—be yemese nya si gblɔm nyɔnuvia le gɔme gɔ̃ hã o. Eyi ɖatɔ ɖe agboa nu lɔƒo bene woagakpɔ ye o, gake nyɔnuvi bubu hã kpɔe dze sii hegblɔ nyateƒenya ma ke be: “Ŋutsu sia nɔ Yesu Nazaretetɔ la ŋu.” Petro gasẽ nu ake gblɔ be: “Nyemenya ŋutsu la o!” (Mateo 26:69-72) Ðewohĩ esime Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi evelia siae wòsee koklo ku atɔ, gake etɔtɔ le eɖokui me ale gbegbe be mete ŋu ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ ɖi gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko do ŋgɔ la dzi o.

Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Petro ganɔ agbagba dzem kokoko be woagakpɔ ye adze sii o. Gake ameha aɖe siwo hã nɔ tsitrenu le xɔxɔnua la te ɖe eŋu. Wo dometɔ ɖeka nye Malxo, subɔvi si Petro kpa to na la ƒe ƒometɔ. Egblɔ na Petro be: “Mekpɔ wò le abɔa me kplii ɖe, alo nyemekpɔ wò oa?” Esia ƒoe ɖe Petro nu be wòawɔ nu sia nu si wòate ŋui be asi nagatu ye o. Eya ta eka atam ŋkubiãtɔe be ne aʋatso kam yele la, ekema nezu fiƒode na ye. Mekpɔ ɖe nu le nyaa me hafi koklo gaku atɔ o—emae nye zi evelia si Petro see koklo ku atɔ zã ma me.—Yohanes 18:26, 27; Marko 14:71, 72.

Ðeko Yesu do ɖe dziƒoxɔ si me wonɔ ʋɔnua drɔ̃mee le la ƒe yaxɔƒe henɔ xɔxɔnua kpɔm ɖaa koe nye ema. Ɣemaɣi tututue woa kple Petro ƒe ŋku do go, abe ale si míegblɔe le ŋgɔdonyaa me ene. Petro nyɔ le eɖokui me hekpɔe dze sii be yewɔ nu vɔ̃ ɖe yeƒe Aƒetɔa ŋu. Petro do go dzo le xɔxɔnua, eye eƒe dzi katã gbã le eƒe vodadaa gã ma gbegbe ta. Petro ɖo ta dua ƒe ablɔ siwo dzi kɔ nyuie, le esi ŋu te keke ta, la dzi. Gake ɖeko wònɔ nu sia nu kpɔm flukpee le esi aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ ta. Ewó avi gboo hefae hehehe.—Marko 14:72; Luka 22:61, 62.

Ele bɔbɔe be ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ gã sia gbegbe la nase le eɖokui me be womatsɔe ake ye o. Petro hã anya se le eɖokui me nenema. Gake ɖe wògbɔ tsɔtsɔke ŋu nyateƒea?

Ðe Petro Ƒe Nu Vɔ̃a Gbɔ Tsɔtsɔke Ŋua?

Míate ŋu agblɔ ale si gbegbe Petro se veve ɖe nu siwo dzɔ le ŋufɔke ta la wòade edeƒe o. Aleke gbegbe wòanya bu fɔ eɖokui esi wòkpɔe wowu Yesu ŋdɔ ma le funyafunya wɔwɔe gaƒoƒo geɖe megbee nye esi! Anya te ɖe Petro dzi ŋutɔ ne eɖo ŋkui be ye hã yewɔ akpa aɖe le fu si gbegbe eƒe Aƒetɔa kpe gbe ma gbe si va zu eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi abe amegbetɔ ene ƒe ŋkeke mamlɛtɔ la dzi. Togbɔ be Petro xa nu vevie hã la, mena nuxaxaa mii wòbu mɔkpɔkpɔ o. Ale si míewɔ nyae nye be eteƒe medidi o egawɔ ɖeka kple nɔvia susɔeawo. (Luka 24:33) Ðikeke mele eme o be apostoloawo katã se veve ɖe ale si wowɔ nu le zã dziŋɔ ma me la ta, eye woanya fa akɔ na wo nɔewo vie.

Nyametsotso nyuitɔ kekeakee nye ema Petro wɔ le ɣeyiɣi ma me—be wògayi ɖawɔ ɖeka kple etɔawo. Ne Mawusubɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ la, menye nu vɔ̃ si wòwɔ ƒe lolomee nye nyaa o, ke boŋ didi si anɔ eme be yeawɔ tɔtrɔ ahaɖɔ nɔnɔmea ɖoe le vevie. (Lododowo 24:16) Xɔse akuakuae nye ema Petro ɖe fia esi wògayi ɖawɔ ɖeka kple etɔawo togbɔ be nu te ɖe edzi vevie hã. Ne nu te ɖe ame aɖe dzi alo vevesese ɖe eya ŋutɔ ƒe vodadawo ta na eƒe dzi gbã la, adii be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga, gake afɔku le ewɔwɔ nenema me. (Lododowo 18:1) Nu nyuitɔ si wòle be wòawɔe nye be wòade ha kple haxɔsetɔwo bene ŋusẽ nagaɖo eŋu le xɔse me.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Esi Petro yi ɖawɔ ɖeka kple nɔvia mawusubɔlaawo ta la, eya hã nɔ eteƒe esime wotsɔ nyatakaka wɔnuku sia vae be Yesu ƒe ŋutilã megale yɔdoa me o. Petro kple Yohanes ƒu du yi yɔdo si me woɖi Yesu ɖo hetu nu ɖe enu la gbɔ. Yohanes, si manya tsi de Petro nu o, ye va ɖo gbã. Esi wòkpɔ yɔdoa le ʋuʋu la, enɔ vɔvɔ̃m be yeage ɖe eme. Gake esi Petro ya va ɖo la, mevɔ̃ o. Togbɔ be enɔ gbɔgbɔm fuxefuxe hã la, ɖeko wòge ɖe eme ƒlaa. Gake fayekoo!—Yohanes 20:3-9.

Ðe Petro xɔe se be wofɔ Yesu ɖe tsitrea? Mexɔe se gbã o, eye togbɔ be nyɔnu nuteƒewɔla aɖewo va gblɔ be mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia yewo hena yewonya be wofɔ Yesu ɖe tsitre hã la, meka ɖe edzi o. (Luka 23:55–24:11) Gake hafi ŋkeke ma nawu enu la, blanuiléle kple ɖikeke ɖe sia ɖe si nɔ Petro ƒe dzi me la katã nu yi. Yesu le agbe; ezu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ aɖe azɔ! Eɖe eɖokui fia eƒe apostoloawo katã. Gake ewɔ nu tɔxɛ aɖe na wo dometɔ ɖeka gbã. Apostoloawo gblɔ gbe ma gbe be: “Wofɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon!” (Luka 24:34) Apostolo Paulo hã ŋlɔ tso nu ɖedzesi si dzɔ gbe ma gbe la ŋu emegbe be Yesu ɖe “eɖokui fia Kefas, emegbe la, ame wuieveawo.” (1 Korintotɔwo 15:5) Petro kee wogayɔna be Kefas kple Simon. Yesu ɖe eɖokui fiae gbe ma gbe—edze ƒãa be esime ame bubu aɖeke menɔ afi ma o.

Biblia megblɔ nu siwo yi edzi le Yesu kple Petro dome le woƒe gododo tɔxɛ ma me la na mí o. Ðeko míawo ya míate ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ Petro esi wògakpɔ eƒe Aƒetɔ lɔlɔ̃a agbagbee, si nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe nɛ be wòaɖe dzimetɔtrɔ kple vevesese ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ va yi ta afia la ɖaa le susu me. Esi wònye ŋɔti media naneke wu gbɔgbɔ o ta la, Petro meganɔ naneke dim wu tsɔtsɔke o. Ðikeke aɖeke mele eme o be Yesu tsɔe kee gatsɔe kee ake. Ele be Kristotɔ siwo adze nu vɔ̃ me egbea la naɖo ŋku Petro dzi. Negadzɔ gbeɖe be míasusui be Mawu mate ŋu atsɔ ake mí o. Yesu ɖe Fofoa, ame si ŋu wogblɔ le be “etsɔa nu vɔ̃ kena geɖe” la ƒe nɔnɔme fia le mɔ deblibo nu.—Yesaya 55:7.

Nu Bubu Siwo Ðo Kpe Edzi Be Wotsɔ Petro Ƒe Nu Vɔ̃wo Kee

Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be woayi Galilea, afi si yeagaɖe ye ɖokui afia wo le. Esi wova ɖo la, Petro ɖoe be yeaɖakplɔ ɖɔ le Galilea Ƒua dzi vie. Etɔ bubuwo hã kplɔe ɖo. Petroe nye ema gakpɔ eɖokui le ƒu ma si dzi wòde tɔƒo le ƒe geɖe va yi la dzi. Ale si wònɔ tɔdziʋua ŋkɔ sem kri, kri, kri, ƒutsotsoe siwo va nɔ ʋua lɔm ƒe ɖiɖi, kple ale si ɖɔawo le ƒlotso le eƒe asiwo me la dometɔ aɖeke menye nu yeye nɛ o. Ðe Petro de ŋugble tso ale si wòanɔ agbee azɔ esi Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wu enu la ŋu zã ma mea? Ðe wògadzroe be tɔƒodede nanye yeƒe agbemedɔ vevitɔa? Aleke kee wòɖale o, womekpɔ lã aɖeke ɖe zã blibo ma katã o.—Mateo 26:32; Yohanes 21:1-3.

Le fɔŋli la, ame aɖe yɔ wo tso gota hegblɔ na wo be woaɖi ɖɔ la ɖe tɔdziʋua ƒe go kemɛ dzi. Wowɔ ɖe eƒe gbe dzi, eye woɖe lã 153 sɔŋ! Petro nya ame si ɖe gbea na wo. Eti kpo dze tɔa me heƒu tsia yi gota. Yesu tsɔ tɔmelã dzodzoe si wòmè le aka dzi le ƒua ta la na wo woɖu. Azɔ etrɔ ɖe Petro ŋu.

Yesu bia Petro be elɔ̃ ye, si nye eƒe Aƒetɔ la “wu esiawoa?”—edze ƒãa be enɔ asi fiam lã gbogbo siwo woɖe kɔ ɖi hafi bia nya sia. Ðe lɔlɔ̃ si Petro ɖo na tɔƒodede kple esi le esi na Yesu la anɔ avu wɔm le eyama mea? Abe ale si Petro gbe nu le eƒe Aƒetɔ la gbɔ zi etɔ̃ ene la, Yesu na mɔnukpɔkpɔe azɔ be wòaɖo kpe lɔlɔ̃ si le esi na ye la dzi zi etɔ̃ le etɔawo ŋkume. Esi Petro ɖo kpe edzi vɔ la, Yesu gblɔ ale si wòaɖe lɔlɔ̃ ma afiae: be wòatsɔ subɔsubɔ kɔkɔea ɖo nɔƒe gbãtɔ, akplɔ Kristo ƒe alẽha la, si nye eyomedzela wɔnuteƒewo, eye wòanyi wo.—Yohanes 21:4-17.

Yesu wɔ esia tsɔ ɖo kpe edzi be Petro gakpɔtɔ nye dɔwɔnu vevi aɖe na ye kple ye Fofo siaa. Petro le akpa vevi aɖe wɔ ge le hame si le Kristo ƒe mɔfiafia te la me. Kpeɖodzi sẽŋu ka gbegbee nye esi be Yesu tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee bliboe! Ðikeke mele eme o be nublanuikpɔkpɔ sia de dzi gbɔ na Petro, eye wòwɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe.

Petro lé fɔ ɖe eƒe dɔdeasia ŋu nuteƒewɔwɔtɔe hena ƒe geɖe. Edo ŋusẽ nɔviawo, abe ale si Yesu gblɔe nɛ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me be wòawɔ ene. Petro ɖe dɔmenyo kple dzigbɔɖi blibo fia le Kristo yomedzelawo kpɔkplɔ kple wo nyinyi me. Ŋutsu sia si woyɔna be Simon la va nɔ agbe ɖe ŋkɔ si Yesu tsɔ nɛ be Petro—si gɔmee nye Kpe—la nu azɔ, esi wòzu ame like si va le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe Kristo hamea dzi. Esia ƒe kpeɖodzi dze le agbalẽ wɔdɔɖeamedzi eve siwo wòŋlɔ, siwo va zu Biblia me gbalẽ veviawo dometɔ aɖewo la me. Agbalẽ siawo ɖee fia hã be Petro meŋlɔ tsɔtsɔke ŋuti nufiame vevi si wòsrɔ̃ le Yesu gbɔ la be kura o.—1 Petro 3:8, 9; 4:8.

Anyo be míawo hã míasrɔ̃ nufiame ma. Ðe míebiaa Mawu gbe sia gbe be woatsɔ míaƒe vodada gbogboawo ake mía? Ekema ɖe míeka ɖe edzi be ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí bene míanɔ dzadzɛ le eŋkumea? Eye ɖe míetsɔa ame bubuwo hã ƒe vodadawo kea woa? Ne míewɔnɛ nenema la, ekema Petro ƒe xɔse kple eƒe Aƒetɔ la ƒe nublanuikpɔkpɔe nye ema srɔ̃m míele.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Petro da vo geɖe siwo ta wòhiã eƒe Aƒetɔ la ƒe tsɔtsɔke; mía dometɔ kae mehiãa Mawu ƒe tsɔtsɔke gbe sia gbe o?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro”

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

“Aƒetɔ la ɖe . . . eɖokui fia Simon!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe