INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 3/15 axa 4-7
  • Nusita Nukunuwo Ðeɖe Metua Xɔse Ðo O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Nukunuwo Ðeɖe Metua Xɔse Ðo O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Nukunuwo Metua Xɔse Ðo O
  • Nusi Xɔse Vavãtɔ Fia
  • Edzixɔxɔse Evɔ Màkpɔe O
  • Nukunuwo—Nu Ŋutɔŋutɔe Wonyea alo Nyakpakpawoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Yesu Ƒe Nukunuwo​—Nukae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Wo Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Nukunu Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe La Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yesu ƒe Nukunuwo—Ŋutinya Alo Glie Wonyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 3/15 axa 4-7

Nusita Nukunuwo Ðeɖe Metua Xɔse Ðo O

ÐEKO makpɔe hafi axɔe ase. Susu mae le ame geɖe si. Ame aɖewo gblɔna be ne Mawu ɖe eɖokui fia le nukumɔ aɖe nu hafi yewoaxɔ edzi ase. Ðewohĩ anɔ eme nenema, gake ɖe nu dzixɔxɔse ma tɔgbe ana xɔse vavãtɔ nanɔ ame sia?

De ŋugble le Israeltɔ Korax, Datan, kple Abiram ŋu kpɔ. Biblia ɖee fia be wokpɔ nukunu dziŋɔ siawo siwo Mawu wɔ la teƒe: fuwɔame ewo siwo va Egipte dzi, Israel-dukɔa ƒe Ƒudzĩa me toto, kple Egiptetɔ Farao kple eƒe aʋakɔwo tsɔtsrɔ̃. (Mose II, 7:19–7:10; 12:29-32; Psalmo 136:15) Korax, Datan, kple Abiram gasee Yehowa ƒo nu tso dziƒo le Sinai-toa gbɔ. (Mose V, 4:11, 12) Gake nukunu siawo dzɔ eteƒe medidi hafi ŋutsu siawo na wodze aglã ɖe Yehowa kple eƒe dɔla si wòɖo ŋu o.—Mose IV, 16:1-35; Psalmo 106:16-18.

Anye ƒe 40 megbe la, nyagblɔɖila si ŋkɔe nye Bileam hã kpɔ nukunu aɖe. Mawudɔla tso mɔ nɛ gake ede Mawu ƒe futɔ siwo nye Moabitɔwo dzi kokoko. Nukunu ma dzɔ gake Bileam yi ɖade amewo dzi ɖe Yehowa Mawu kple Eƒe amewo ŋu. (Mose IV, 22:1-35; Petro II, 2:15, 16) Gake Bileam ƒe dzimaxɔse la meɖi naneke kura ne wotsɔe sɔ kple Yuda Iskariot tɔ o. Togbɔ be Yuda nye Yesu ƒe zɔhɛ kplikplikpli eye wòkpɔ nukunu gbogbo aɖewo siwo wu gbɔgblɔ teƒe hã la, ede Kristo asi ɖe klosalo blaetɔ̃ ta.—Mateo 26:14-16, 47-50; 27:3-5.

Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo hã kpɔ nukunu gbogbo siwo Yesu wɔ. Esi wòfɔ Lazaro ɖe tsitre la, wolɔ̃ ɖe edzi gɔ̃ hã be: “Amesia le dzesi geɖewo wɔm.” Gake ɖe Lazaro si gbɔ agbe la na woƒe dzi fa eye woxɔ sea? Ao ɖe. Nugbe boŋ woɖo be yewoawu Yesu kple Lazaro siaa!—Yohanes 11:47-53; 12:10.

Mawu ŋutɔ de nu eme tẽ gake mena ame vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mawo xɔ se o. Gbeɖeka esi Yesu nɔ gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu la, edo gbe ɖa sesĩe be: “Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti.” Yehowa ɖo eŋu tso dziƒo be: “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.” Gake nudzɔdzɔ wɔnuku sia mena amesiwo nɔ afima xɔe se o. Biblia gblɔ be: “Esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o.”—Yohanes 12:28-30, 37; tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 3:17.

Nusita Nukunuwo Metua Xɔse Ðo O

Nukata wowɔ nukunu gbogbo mawo tso hafi dzimaxɔse naganɔ anyi nenema gbegbe? Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo ƒe Yesu gbegbe wɔ nuku ŋutɔ vevietɔ ne èbu eŋu be le eƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi tututu la, Yudatɔwo katã nɔ “mɔkpɔkpɔ me” na “Kristo” alo Mesia la. (Luka 3:15) Gake nusi mɔkpɔkpɔ mawo nye ye nye nya la. Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla W. E. Vine gblɔ be Biblia-nyalagã xɔŋkɔ aɖe gblɔ be Yudatɔwo ƒe susu katã nɔ Mesia si ana “aʋadziɖuɖu le agbe me” kple “ŋutilã me dzidzedzekpɔkpɔ” wo la ŋu. Eyata menye Yesu Nazaretetɔ ɖokuibɔbɔla si mehea dunya o, si nye Mesia vavã si do ɖe wo dome le ƒe 29 M.Ŋ. me dim wonɔ o. Subɔsubɔhakplɔlawo ganɔ vɔvɔ̃m be Yesu ƒe nufiafiawo ava tɔtɔ amewo ahana yewoƒe ɖoƒe kɔkɔwo nage le yewo si. (Yohanes 11:48) Susu siwo nɔ wo si kple ɖokuitɔdidi na womekpɔ gɔmesese si le Yesu ƒe nukunuwo ŋu o.

Emegbe Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo kple ame bubuwo gbe nukunuwɔwɔ ƒe kpeɖodzi siwo nɔ anyi be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu yomedzelawo ŋu la. Le kpɔɖeŋu me, esi eƒe apostolowo da gbe le ŋutsu aɖe si nye tekunɔ tso edziɣi ke ŋu la, Yuda-ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔa me nɔla siwo do dɔmedzoe vevie la bia be: “Nuka míawɔ ame siawoa? Elabena vavã, dzesi, si wowɔ la, amewo nyae, eye wòdze ƒã na amesiwo katã nɔ Yerusalem; eye míate ŋu asẽ nu le eŋu o. Gake bena wòagakaka ɖe dzi le dukɔ la dome o la, mina míado ŋɔdzi na wo vevie, bena ne womagaƒo nu le ŋkɔ sia ŋuti na ame aɖeke o.” (Dɔwɔwɔwo 3:1-8; 4:13-17) Edze kɔte be nukunu nyui siawo metu ŋutsu mawo ƒe xɔse ɖo alo na woxɔ se o.

Nugãdidi, dada, kple ŋukeklẽe na ame geɖe sẽ dzi me. Aleae wòanya nɔ le Korax, Datan, kple Abiram siwo míeyɔ va yi gome. Ŋuʋaʋã, vɔvɔ̃, kple nɔnɔme gbegblẽ bubu geɖewo xe mɔ na ame bubuwo. Woɖo ŋku mawudɔla maɖoto siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo, amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su wokpɔ Mawu ŋkume ŋutɔŋutɔ la dzi na mí. (Mateo 18:10) Womeke ɖi le Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu o. Le nyateƒe me la, “gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.” (Yakobo 2:19) Gake womexɔ Mawu dzi se kura o.

Nusi Xɔse Vavãtɔ Fia

Xɔse menye nu dzixɔxɔse ko o. Menye nukunu aɖe ƒe nukuwɔwɔ na ame sẽ ko hã o. Hebritɔwo 11:1 gblɔ be: “Xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.” Amesi xɔse la kana ɖe edzi le eƒe dzi me be nusianu si ŋugbe Yehowa Mawu do la ava eme pɛpɛpɛ. Azɔ hã nusiwo womekpɔna o ŋuti kpeɖodzi siwo ŋu ɖikeke aɖeke mele o la nu sẽ ale gbegbe be wogblɔ be xɔse ŋutɔ sɔ kple kpeɖodzi ma. Ẽ, kpeɖodzi dzie wotua xɔse ɖo. Eye tsã la, nukunuwo wɔ akpa aɖe le xɔse ƒe amesinɔnɔ alo etutuɖo me. Dzesi siwo Yesu wɔ na amewo xɔe se be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo la. (Mateo 8:16, 17; Hebritɔwo 2:2-4) Nenema ke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe alo dɔwɔŋusẽ ƒe nunanawo abe xɔsegbedada kple aɖeyeyegbɔgblɔ ene ɖo kpe edzi be Yehowa megakpɔa ŋudzedze ɖe Yudatɔwo ŋu o ke be fifia Kristo-hame si Via Yesu Kristo ɖo ŋue wòkpɔa ŋudzedze ɖo.—Korintotɔwo I, 12:7-11.

Gbɔgbɔa ƒe nukununanawo ɣemaɣi dometɔ ɖekae nye nyagbɔgblɔɖi. Esi dzimaxɔsetɔwo kpɔ nukunu sia la, eʋã wo dometɔ aɖewo wosubɔ Yehowa hegblɔ be: “Mawu le mia dome vavã.” (Korintotɔwo I, 14:22-25) Gake Yehowa Mawu meɖoe be nukunuwɔwɔ nanɔ Kristotɔwo ƒe tadedeagu me ɖaa o. Esia ta apostolo Paulo ŋlɔe be: “Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ.” (Korintotɔwo I, 13:8) Edze ƒã be nukunu siawo wɔwɔ tɔ te esime apostoloawo kple amesiwo xɔ nunana siawo tso wo gbɔ la ku.

Ðe naneke maganɔ anyi si dzi ame mawo natu xɔse ɖo oa? Ao, elabena Paulo gblɔ be: “[Mawu] medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.” (Dɔwɔwɔwo 14:17) Le nyateƒe me, le dzianukwaretɔ siwo aʋu woƒe susuwo kple dziwo faa akpɔ kpeɖodzi siwo ƒo xlã wo gome la, woakpɔ Yehowa Mawu ƒe “numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodo aɖeke naganɔ wo [amesiwo gblɔna be Mawu meli o] si o.”—Romatɔwo 1:20.

Nu geɖe hiã wu edzixɔxɔse be Mawu li. Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Kristotɔwo ƒe agbalẽwo abe magazine sia ene tsɔtsɔ srɔ̃ Ŋɔŋlɔawoe vevie ana míate ŋu awɔ esia. Xɔse si wotu ɖe Mawu ƒe Nya Biblia me sidzedze vavãtɔ dzi la menye xɔse gblɔe alo xɔse masẽmasẽ o. Amesiwo nya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wole ewɔm le xɔse me la le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Mawu.—Romatɔwo 12:1.

Edzixɔxɔse Evɔ Màkpɔe O

Esesẽ na apostolo Toma be wòaxɔe ase be Yesu fɔ tso ame kukuwo dome. Toma gblɔ be: “Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metsɔ nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o.” Esi Yesu do ŋutilã si ŋu abidoawo le tsɔ fia emegbe la, Toma xɔ nukunu sia dzi se nyuie. Gake Yesu gblɔ be: “Woayra amesiwo mekpɔa nu o, eye gake woxɔnɛ sena.”—Yohanes 20:25-29.

Egbea la, Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe le ‘zɔzɔm le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o.’ (Korintotɔwo II, 5:7) Togbɔ be womekpɔ nukunu siwo woŋlɔ ɖe Biblia me teƒe o hã la, woxɔe se vevie be wodzɔ. Ðasefoawo xɔ Mawu kple eƒe Nya la dzi se. Eƒe gbɔgbɔ kpena ɖe wo ŋu wosea Biblia me nufiafiawo kple eƒe tanya vevitɔ gɔme—si nye Yehowa Mawu ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli to eƒe Dziƒofiaɖuƒea dzi. (Mateo 6:9, 10; Timoteo II, 3:16, 17) Kristotɔ vavã siawo wɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le ŋudɔ le woƒe agbenɔnɔ me wòɖea vi na wo geɖe. (Psalmo 119:105; Yesaya 48:17, 18) Woxɔ kpeɖodzi matrɔmatrɔ si nye be Biblia me nyagblɔɖiwo de dzesi míaƒe ɣeyiɣia be enye “ŋkeke mamlɛawo” eye woxɔe se be xexeme yeye si ŋugbe Mawu do la gogo ŋutɔ. (Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:3-14; Petro II, 3:13) Wokpɔa dzidzɔ be yewoagblɔ Mawu ŋuti sidzedze na ame bubuwo. (Lododowo 2:1-5) Wonya be Ŋɔŋlɔawo koe amesiwo le Mawu dim la asrɔ̃ hafi ake ɖe eŋu ŋutɔŋutɔ.—Dɔwɔwɔwo 17:26, 27.

Èɖo ŋku Albert si míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me dzia? Ŋkeke ʋee aɖewo le esi womeɖo eƒe gbedodoɖa be nukunu aɖe nedzɔ ŋu nɛ o megbe la, nyɔnu tsitsi aɖe si nye Yehowa Ðasefo va egbɔ hetsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe nɛ. Emegbe Albert lɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee. Esi wòva nya Biblia me gbedasia nyuie la, eƒe mɔkpɔkpɔbuɖeame va zu dzidzɔkpɔkpɔ. Eva kpɔe be yeke ɖe Mawu ŋu azɔ.

Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu be: “Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe.” (Yesaya 55:6) Àte ŋu awɔ esia, menye be Mawu nawɔ nukunu aɖe egbea nàkpɔ hafi o, ke to eƒe Nya ŋuti sidzedze vavãtɔ xɔxɔ me. Ehiã vevie ŋutɔ elabena nukunuwo ɖeɖe metua xɔse ɖo o.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Lazaro ƒe tsitretsitsi nukutɔe gɔ̃ hã meʋã Yesu ƒe futɔwo woɖe xɔse fia o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Biblia me sidzedze vavãtɔ dzie wòle be woatu xɔse ɖo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe