INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    • Gbɔgbɔ kɔkɔe tsɔtsɔ anyrɔ ame. Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu Kristo siaa ƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔ tsɔtsɔ anyrɔ ame ŋu. (Mateo 3:11; Luka 3:16; Dɔwɔwɔwo 1:1-5) Esia le vovo na amenyɔnyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. (Mateo 28:19) Nu ka tae míegblɔe nenema?

      Yesu yomedzela aɖewo koe wotsɔa gbɔgbɔ kɔkɔea sia ami na. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ame siawo elabena wotia wo be woayi dziƒo ava nye fiawo kple nunɔlawo akpe ɖe Kristo ŋu eye woaɖu anyigba dzi.f (1 Petro 1:3, 4; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Wo teviwo anye Yesu yomedzela miliɔn geɖe siwo si mɔkpɔkpɔ le be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.—Mateo 5:5; Luka 23:43.

  • Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    • Dzo tsɔtsɔ anyrɔ ame. Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Eya [Yesu] atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo anyrɔ mi. Eƒe lugbɔnu le esi, akplɔ eƒe nukuƒoƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la nu ƒu ɖe eƒe nudzraɖoƒe, ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo si womatsi o.” (Mateo 3:11, 12) De dzesii be vovototo le dzo tsɔtsɔ anyrɔ ame kple gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ anyrɔ ame dome. Kpɔɖeŋu sia si Yohanes wɔ la gɔme ɖe?

      Lua le tsitre ɖi na ame siwo ase Yesu ƒe nyawo ahawɔ wo dzi. Mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe anyrɔ wo. Tsroa le tsitre ɖi na ame siwo maɖo to Yesu o. Woatsɔ dzo anyrɔ ame siawo ya, si fia be woatsrɔ̃ wo ɖikaa.—Mateo 3:7-12; Luka 3:16, 17.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe