-
Dziɖula Siwo Le Gbɔgbɔmenutowo MeGbetakpɔxɔ—1995 | July 15
-
-
Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ̃ vɔ megbe teti la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ aɖe si woyɔna be Satana Abosam va tee kpɔ. Biblia gblɔ le tetekpɔawo dometɔ ɖeka ŋu be: “Abosam [gakplɔ Yesu yi] ɖe to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi, eye wòɖe xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae.” (Mateo 4:8) Satana gblɔ na Yesu le afima be: “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana; elabena nyee wotsɔe de asi na, eye matsɔe ana amesi ke melɔ̃. Azɔ wò la, ne ède ta agu nam la, wo katã lazu tɔwò.”—Luka 4:6, 7.
Satana gblɔ be yekpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia me fiaɖuƒewo, alo dziɖuɖuwo, katã dzi. Ðe Yesu gbe nya siawoa? Ao. Le nyateƒe me la, eɖo kpe edzi ɣebubuɣi esi wòyɔ Satana be “xexeamefia.”—Yohanes 14:30.
Biblia fia be Satana nye mawudɔla vɔ̃ɖi aɖe si si ŋusẽ triakɔ le. Kristotɔ apostolo Paulo yɔ Satana kpe ɖe ‘vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔwo’ ŋu eye wògblɔ be wonye “xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me.” (Efesotɔwo 6:11, 12) Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Yohanes gblɔ be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔ be Satana nye “xexeame katã blela.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me la, Nyaɖeɖefia yɔ Satana be enye ʋɔ driba aɖe si tsɔ eƒe “ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã” na xexeame dunyahenuɖoanyiwo.—Nyaɖeɖefia 13:2.
Xexemenudzɔdzɔwo hã ɖo kpe edzi be ŋusẽ vɔ̃ɖi aɖe le dɔ wɔm le amegbetɔwo kplɔm de dzɔgbevɔ̃e me. Ne menye nenema o la, susu bubu ka tae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ado kpo ŋutifafa hehe vɛ? Nu bubu ka gbɔe amewo ƒe fuléle kple wo nɔewo wuwu atso? Nyɔnu aɖe si dukɔmeviʋa ƒe hlɔ̃nu kple amewuwu teƒe kpɔkpɔ do ŋɔdzi na la gblɔ be: “Nyemenya alesi nusia wɔ te ŋu dzɔ o. Ewu fuléle dzro ko. Gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖee le amesiawo siwo ɖoe be yewoatsrɔ̃ yewo nɔewo la zãm.”
-
-
Dziɖula Siwo Le Gbɔgbɔmenutowo MeGbetakpɔxɔ—1995 | July 15
-
-
Nusitae Woɖe Mɔ na Satana be Wòaɖu Dzi
Èɖo ŋku nya si Satana gblɔ tso xexeame dziɖuɖu ŋu na Yesu la dzia? Satana gblɔ be: “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã . . . ana; elabena nyee wotsɔe de asi na.” (Luka 4:6) Nyagbɔgblɔ ma fia be esi Mawu ɖe mɔ ta koe Satana Abosam le dzi ɖum ɖo. Gake nukatae Mawu ɖe mɔ na Satana?
-