INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Roma Fiaɖuƒea ƒe fiagã Kaisaro Augusto de se be ame sia ame naŋlɔ ŋkɔ. Eya ta ele be Yosef kple Maria nayi Betlehem, si le Yerusalem ƒe anyiehe, afi si wodzi Yosef le.

      Ame geɖe va ŋkɔ ŋlɔ ge le Betlehem. Lãkpo, si nye tedziwo kple lã bubuwo nɔƒe, koe Yosef kple Maria te ŋu kpɔ dze. Afi mae wodzi Yesu le. Maria xatsa avɔ ɖe eŋu eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.

      Anye Mawue na Kaisaro Augusto de se be amewo naŋlɔ ŋkɔ. Nu ka tae? Elabena esia na wote ŋu dzi Yesu le Betlehem, si nye tɔgbuia Fia David wo de. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi xoxoxo be afi mae woadzi Dziɖula si ŋugbe wodo la le.—Mika 5:2.

  • Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Egbea, ame geɖe xɔe se be wodzi Yesu le December 25 lia dzi. Gake December nyea tsidzaɣi kple vuvɔŋɔli le Betlehem nutoa me. Ɣeaɖewoɣi la, sno dzana gɔ̃ hã. Alẽkplɔlawo manɔ gbedzi kple woƒe alẽwo le zã me le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma me o. Azɔ hã, Roma fiagã la mabia tso dukɔ si le didim be yeadze aglã ɖe eŋu xoxo la si be woazɔ mɔ ŋkeke geɖe aɖaŋlɔ ŋkɔ le vuvɔŋɔli ƒe ɣeyiɣi si me vuvɔa nu le sesẽm wu la o. Edze ƒãa be ɣeaɖeɣi le October mee wodzi Yesu.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe